Mikpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ŋu eye Mitso Aseye
WOKPƆA dzidzɔ ɣesiaɣi si wowu dɔ ɖesiaɖe si ŋu viɖe le nu dzidzedzetɔe. Dzidzɔɣie wònye vavã na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 106 lia ƒe sukuvi 48 le sukunuwuɣi ƒe wɔna siwo wowɔ le March 13, 1999 dzi, le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe le Patterson, New York.
Nya siwo Theodore Jaracz, amesi nye Dziɖuha la me tɔ, Gilead Sukua ƒe klass adrelia nuwula, kple sukunuwuwu ƒe ɖoɖoa ƒe zimenɔla gblɔ tsɔ ʋu wɔnaa nui te gbe ɖe Psalmo 32:11 me nya siwo gblɔ be, “Mikpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo!” la dzi. Esi wònɔ susu si ta wòsɔ be amesiame nakpɔ dzidzɔ me ɖem la, egblɔ be: “Nusiwo Yehowa le wɔwɔm to dzidzɔdzɔetɔ siwo dome míaƒe Gilead sukuviawo hã le dzi tae míekpɔa dzidzɔ le wɔna siawo tɔgbe me ɖo.” Togbɔ be sukuviawo wɔ ɖoɖo va Gilead Sukua eye woku kutri vevie dze na dutanyanyuigbɔgblɔdɔa hã la, Yehowae nye amesi na nusianu va nuwuwu dzidzedzetɔe. (Lododowo 21:5; 27:1) Nɔviŋutsu Jaracz te gbe ɖe edzi be susu ma tae ‘míekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu’ ɖo.
Sukuviawo ƒe ƒometɔwo kple woƒe ame kpekpe siwo tso dukɔ 12 me va be yewoakpɔ dzidzɔwɔna la teƒe hã nɔ Patterson takpexɔa me. Esi nyasela 5,198—siwo dome Betel-ƒomea me tɔ siwo le Brooklyn, Patterson, kple Wallkill, amesiwo see le nyasemɔ̃wo kple video dzi hã nɔ—nɔ mɔ kpɔm na nusiwo akplɔe ɖo la, edze ƒã be dzidzɔ nɔ teƒea.
Wode Dzi Ƒo na Wo be Dzidzɔ Nanɔ Wo Me Ðaa
Esi Nɔviŋutsu Jaracz gblɔ wɔnanuʋunyawo vɔ la, eyɔ nuƒola atɔ̃ siwo dzra nuxlɔ̃amenya dedziƒoname siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖo, menye na Gilead sukunuwulaawo ɖeɖeko o ke na nyaselawo katã hã la, dometɔ gbãtɔ.
Ame gbãtɔ si ƒo nue nye William Malenfant, Gilead Sukua ƒe klass 34 lia nuwula, amesi le kpekpem ɖe Dziɖuha la ƒe Nufiafia Kɔmiti ŋu fifia. Ebia nya si do ƒome kple eƒe tanya si nye “ ‘Nusianu’ Menye Tofloko O!” si wòtu ɖe Nyagblɔla 1:2 dzi be: “Ðe Salomo le fiafiam be nusianu, si fia nu ɖesiaɖe ko le nyaa nu, nye toflokoa?” Eɖo eŋu be: “Ao. Ðeko wònɔ fiafiam be amegbetɔ ƒe nuwɔna siwo me woŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi le, dɔwɔna siwo to vovo na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu—nusiawo katãe nye tofloko.” Gake Mawu vavã Yehowa subɔsubɔ menye tofloko o; eye Mawu ƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ kple efiafia amewo menye tofloko o. Mawu meŋlɔa agbagba siawo siwo esubɔlawo dzena be o. (Hebritɔwo 6:10) Le nyateƒe me, ne nya vɔ̃ dzɔ ɖe amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo dzi hã la, ‘woabla wo ɖe agbegolo me ɖe Yehowa gbɔ.’ (Samuel I, 25:29) Nya dodzidzɔname ka gbegbee nye si! Ŋkuɖoɖo nya siawo dzi akpe ɖe Yehowa subɔlawo katã ŋu be dzi nanɔ wo dzɔm ɖaa.
John Barr, amesi le Dziɖuha la me tsɔ eƒe nuƒo si nye “Wò Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Nevivi Nuwò” de dzi ƒo na klass si nɔ suku nu wum la. Eɖee fia be dutanyanyuigbɔgblɔdɔ nye dɔ si le vevie ŋutɔ na Yehowa Mawu tso gbaɖegbe ke. “Enye nusi do ƒome kplikplikpli kple lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia xexeame. Edɔ eƒe Tenuvi ɖe anyigba sia dzi. Yesue nye dutanyanyuigblɔla vevitɔ kple esi ƒo ɖesiaɖe ta.” Togbɔ be sukunuwulaawo ade ŋugble le asitɔtrɔ siwo wòle na Yesu be wòawɔ be eƒe anyigbadzidɔa nadze edzi ŋu hã la, Yesu ƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe viɖewo gali na amesiwo katã alɔ̃ axɔe. Nɔviŋutsu Barr ɖee fia be nusitae nye be Yesu kpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe dɔ wɔwɔ ŋu, eye wòlɔ̃ amegbetɔviwo hã. (Lododowo 8:30, 31) Nɔviŋutsu Barr de dzi ƒo na sukunuwulaawo be woalé woƒe dɔwo me ɖe asi, menye esi wòle be woado dzi dzro ko ta o ke le esi ewɔwɔ dzɔa dzi na wo ta. Eƒo koko na klass la be: “Miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu; magblẽ mi ɖi o.”—Psalmo 55:23.
Tanya si nuƒola si kplɔe ɖo, Lloyd Barry si nye Dziɖuha la me tɔ, tiae nye “Zɔzɔ le Yehowa ƒe Ŋkɔ me Tegbee.” Esi Nɔviŋutsu Barry wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wu ƒe 25 le Japan le Gilead ƒe klass 11 lia nu wuwu megbe ta la, egblɔ dutanyanyuigblɔla gbãtɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo eye wòƒo nu tso kuxi siwo wodo goe ŋu. Aɖaŋu nyui kawoe wòɖo na sukunuwulaawo? “Nu vevitɔe nye be miakpɔtɔ anye gbɔgbɔmemewo. Azɔ hã misrɔ̃ ameawo ƒe gbegbɔgblɔ kple dekɔnu. Miyi edzi miatsɔ nya aɖewo ade nukokoe me. Eye milé fɔ ɖe dɔa ŋu; ɖeɖi megate mia ŋu alo nu naglo mi o.” Nɔviŋutsu Barry gblɔ na sukunuwulaawo be woado go ame geɖe siwo zɔna le mawu geɖe ƒe ŋkɔ me le woƒe dutadɔawo wɔƒewo, eye eɖo ŋku Mixa ƒe nyawo dzi na wo be: “Ne dukɔwo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.” (Mixa 4:5) Nyateƒee, amesiwo wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kpɔ ƒe kpɔɖeŋuwo nye ameʋãnu sẽŋu aɖe na Mawu subɔlawo katã be woayi edzi anɔ zɔzɔm le Yehowa ƒe ŋkɔ me asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe.
Amesi gakplɔe ɖo le wɔnaa mee nye Gilead nufiala Lawrence Bowen. Eƒe nuƒo ƒe tanya nye nyabiabia be “Amekae Nàzu?” Eɖee fia be dzidzedzekpɔkpɔ le Mawu subɔsubɔ me nɔ te ɖe xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu dzi. Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe ye na Fia Asa si futɔwo ƒe aʋakɔ si me ame miliɔn ɖeka nɔ la gbidigbidi. Ke hã nyagblɔɖila Azarya ɖo ŋku alesi wòhiã be wòayi edzi aɖo ŋu ɖe Mawu ŋui dzi nɛ be, ‘Yehowa anɔ kpli wò zi alesi nènɔ eŋu ko.’ (Kronika II, 14:8-11; 15:1, 2) Esi susu si dze le Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa me fia be ezua nusianu si wòdi bene yeawɔ yeƒe tameɖoɖo dzi—eɖanye be wòazu Nunala, Takpɔla, alo Ametsrɔ̃la o—ta la, dutanyanyuigblɔla siwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wowɔa dɔ wòwɔa ɖeka kple eƒe tameɖoɖo akpɔ dzidzedze le woƒe dɔwo gbe. (Mose II, 3:14) Nɔviŋutsu Bowen ƒo nya ta be: “Migaŋlɔe be o be zi alesi miewɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo miaƒe tameɖoɖoe ko la, ana miazu nusianu si wòhiã be mianye bene miawɔ miaƒe dɔdasiwo ade goe.”
Amesi ƒo nuƒo mamlɛtɔ le wɔnaa ƒe akpa siae nye Wallace Liverance, amesi nye dutanyanyuigblɔla tsã eye wònye ŋkɔŋlɔla le sukua me fifia. Eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Mina Mawu ƒe Nya la Nanɔ Agbe Wòanɔ Dɔ Wɔm le Mia Me” he susu yi Mawu ƒe gbedasi, alo ŋugbedodo, si le zɔ ɖem ɣesiaɣi ɖo ta eƒe nuwuwu dzi. (Hebritɔwo 4:12) Ekpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo ɖe mɔ be wòakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ƒe agbe dzi. (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Aleke míawɔ be nya la nanɔ agbe anɔ dɔ dzi le míaƒe agbenɔnɔ mee? To Biblia sɔsrɔ̃ kutrikukutɔe mee. Nɔviŋutsu Liverance ɖo ŋku Biblia sɔsrɔ̃ ƒe mɔnu siwo sukunuwulaawo srɔ̃ le Gilead si ƒe akpa aɖee nye Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple gɔmesesea ɖeɖe ɖe go kpakple etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ mee dzi na wo. Eyɔ nya tso Albert Schroeder, amesi nye Dziɖuha la me tɔ si nɔ zi me na kɔmiti si ɖo Gilead Sukua ƒe 50 enye si va yi ƒe nyawo me gblɔ be: “Ne woxlẽ nya siwo ƒo xlã nusi xlẽm wole la, wote ŋu kpɔa gbɔgbɔmegɔmesese blibo si tututu Mawu ɖe gblɔ ɖe eƒe Nya la me.” Biblia xexlẽ ƒe mɔnu sia naa Mawu ƒe Nya la nɔa agbe hewɔa dɔ.
Nuteƒekpɔkpɔ Dodzidzɔnamewo Kple Gbebiamewo
Le nuƒoawo megbe la, sukuviawo gblɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖewo na nyaselaawo. Mark Noumair si nye dutanyanyuigblɔla tsã ganye Gilead nufiala fifia kpɔ edzi sukuviawo dometɔ aɖewo gblɔ alesi wodze agbagba be yewoaɖi ɖase le nɔnɔme vovovo me eye wowɔe fia. Wo dometɔ aɖewo te ŋu dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme hesrɔ̃ nu kple amesiwo le anyigbamamãa me to ŋkuléle ɖe woƒe nɔnɔmewo kple toléle ɖe woƒe nyagbɔgblɔwo ŋu me kpakple to ɖetsɔleme ɖeɖe fia me. Sukuviawo wɔe alea tsɔ nɔ ‘wo ɖokui kple woƒe nufiafia dzi kpɔm nyuie’ eye wodii le nyateƒe me be yewoakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ xɔxɔ.—Timoteo I, 4:16.
Woɖo aɖaŋu nyui geɖe, eye nɔviŋutsu kpɔnuteƒe siwo wonɔ hehe nam le alɔdzekɔmiti me tɔwo ƒe suku le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea dometɔ geɖe ɖe dzidzɔ si le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me gblɔ. Nɔviŋutsu Samuel Herd kple Robert Johnson siwo nye dɔwɔlawo le dɔwɔƒegã la kpɔ gbebiame vivi aɖe si kplɔe ɖo dzi, esi wòbia nya amesiwo tso Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le Bolivia, Zimbabwe, Nicaragua, Central African Republic, Dominican Republic, Papua New Guinea, kple Cameroon.
Le nuteƒekpɔkpɔawo kple gbebiameawo megbe la, Gerrit Lösch, amesi nye Gilead ƒe klass 41 lia nuwula, wòganye Dziɖuha la me tɔ, ƒo nuƒo mamlɛtɔ si na wobua tame si ƒe tanyae nye “‘Amesi Wolɔ̃nae’ Nènyea?” Nɔviŋutsu Lösch ɖo ŋku edzi na sukunuwulaawo gbã be amewo melɔ̃ Yesu, Mawu ƒe Vi deblibo la o ke boŋ “amegbetɔwo do vloe, eye wogbee.” (Yesaya 53:3) Eyata mewɔ nuku o be egbea le xexeame ƒe akpa geɖe la, wobua dutanyanyuigblɔlawo amedzro malɔ̃malɔ̃woe, amesiwo womedi o. Gake esi Daniel nɔ dɔ wɔm ƒe geɖe le Babilon la, Wɔla la yɔ Daniel to mawudɔla aɖe dzi zi gbɔ zi etɔ̃ be “ame malɔ̃nugbɔa.” (Daniel 9:23; 10:11, 19) Nukae na Daniel nye ame ma tɔgbe? Meɖe asi le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu esi wònɔ tɔtrɔm ɖe Babilontɔwo ƒe dekɔnuwo ŋu o; eɖi anukware le nusianu me, mezã eƒe ɖoƒe na eya ŋutɔ ƒe viɖekpɔkpɔ gbeɖe o; eye enye Mawu ƒe Nya srɔ̃la dovevienu hã. (Daniel 1:8, 9; 6:5; 9:2) Edoa gbe ɖa na Yehowa edziedzi hã eye etsɔa nusiwo wòte ŋu wɔ ƒe kafukafu naa Mawu enumake. (Daniel 2:20) Ne Mawu subɔlawo srɔ̃ Daniel ƒe kpɔɖeŋua la, woate ŋu anye ame malɔ̃nugbɔawo, manye na xexeametɔwo kokoko o, ke na Yehowa Mawu boŋ.
Le wɔna sia si tu ame ɖo le gbɔgbɔ me ƒe nuwuwu la, zimenɔla la xlẽ telegram kple nyatakaka siwo va tso xexeame ƒe akpa vovovo dometɔ aɖewo. Emegbe wotsɔ ɖaseɖigbalẽwo na srɔ̃tɔ 48-awo dometɔ ɖesiaɖe, eye woɖe gbeƒã dukɔ si me wode dɔ asi na wo le. Mlɔeba klass la teƒenɔla xlẽ lɛta si woŋlɔ na Dziɖuha la kple Betel-ƒomea, si me wògblɔ ŋudzedze si klass la kpɔ ɖe hehe kple dzadzraɖo si wona wo le ɣleti atɔ̃ siwo va yi me ŋu la le.
Esi wɔna la wu enu la, ‘aseyetsotso kple akpedada’ nɔ ɖiɖim le ameha siwo nɔ dzodzom la nu.—Nexemya 12:27.
[Aɖaka si le axa 27]
Sukuviawo Ŋuti Nyatakaka
Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 10
Dukɔ siwo me woyina ƒe xexlẽme: 19
Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48
Srɔ̃tɔwo ƒe xexlẽme: Wo katã
Ƒe siwo woxɔ le mamã dedie nu: 33
Ƒe si wole nyateƒea me le mamã dedie nu: 16
Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔƒewo le mamã dedie nu: 13
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 106 lia Nuwulawo
Le amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.
(1) Deakin, D.; Puopolo, M.; Laguna, M.; Davault, S.; Dominguez, E.; Burke, J. (2) Gauter, S.; Vazquez, W.; Seabrook, A.; Mosca, A.; Helly, L.; Breward, L. (3) Brandon, T.; Olivares, N.; Coleman, D.; Scott, V.; Petersen, L.; McLeod, K. (4) McLeod, J.; Thompson, J.; Luberisse, F.; Speta, B.; Lehtimäki, M.; Laguna, J. (5) Gauter, U.; Dominguez, R.; Helly, F.; Smith, M.; Beyer, D.; Mosca, A. (6) Scott, K.; Seabrook, V.; Speta, R.; Coleman, R.; Breward, L.; Davault, W. (7) Smith, D.; Lehtimäki, T.; Petersen, P.; Thompson, G.; Vazquez, R.; Beyer, A. (8) Luberisse, M.; Deakin, C.; Brandon, D.; Puopolo, D.; Olivares, O.; Burke, S.