Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
“Le Asi Me Gbesiagbe”
APOSTOLO Paulo wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ gblɔ Fiaɖuƒe gbedasia. Eƒo nu “na Yudatɔwo . . . le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe” kple susu be yeake ɖe amesiwo dze ŋu.—Dɔwɔwɔwo 17:17.
Tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me kee dzonɔameme sia nye dzesi le Yehowa subɔla vavãtɔwo ŋu. (Mateo 28:19, 20) Egbea Yehowa Ðasefowo hã zãa mɔnu vovovo esi wotsɔ dzonɔameme le kpekpem ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be nyateƒe sidzedze vavãtɔ nasu wo si. (Timoteo I, 2:3, 4) Esia ƒe kpɔɖeŋu dze le nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna si tso Australia la me.
Ŋkeke atɔ̃ kwasiɖa ɖesiaɖe la, Sid kple Harold ɖɔlia wo nɔewo ɖanɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ ʋee aɖewo siwo wotsɔ ɖo agbae la gbɔ le ketekedzeƒe aɖe xa le Sydney. Wole Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gblɔm to mɔ sia nu ade ƒe atɔ̃ fifia. Sid si xɔ ƒe 95 la gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 87 la, ʋu meganya kuna nam o. Eɖe fu nam elabena gaglãgbe ɖaseɖiɖidɔa dzɔa dzi nam. Gbeɖeka esi megogo tsaɖilawo ƒe tsaɖiƒe xɔŋkɔ aɖe si woyɔna be Echo Point le Katoomba la, mekpɔ nutala aɖe wònɔ nutowo me ƒe nɔnɔmetata aɖewo dzram. Melé ŋku ɖe nutataawo ŋu eye megblɔ na ɖokuinye be, ‘Nɔnɔmetata siwo nyo wu emawo le asinye le akplo si metsɔ yia ɖaseɖiƒee me—eye womexɔ asi nenema gbegbe o!’ Eyata mewɔ susu be maɖo agba sue aɖe ɖe teƒe si ame geɖe tsana le, ale be matsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo me nɔnɔmetata dzeaniwo le siwo Yehowa Ðasefowo mãna la afia tsaɖilaawo.
“Meho agba la yi Sydney ƒe ene enye esi va yi, eye Harold va kpe ɖe ŋunye. Míeɖɔlia mía nɔewo ɖanɔa agba la gbɔ ale be míete ŋu gawɔa dɔ kple hame siwo le mía gbɔ.” Harold si xɔ ƒe 83 fifia gblɔ be: “Ame ʋee aɖewo koe nɔa aƒeme tso Dzoɖa va ɖo Fiɖa. Eyata Fiaɖuƒe gbedasia gbɔgblɔ to mɔ sia dzi na míeɖoa afisi ameawo le. Eɖea vi abe alesi nàkpɔ mɔe ene. Míaƒe agbalẽnana ɖe dzesi le dukɔ sia me.”
Sid gblɔ be: “Togbɔ be esi ƒeawo va nɔ yiyim míeɖo agba ɖe teƒe ene alo atɔ̃ hã la, eteƒe medidina hafi amewo dzea si mí o. Ame aɖewo vaa mía gbɔ va xɔa agbalẽ. Ame bubuwo va dia ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo. Eye dzeɖoɖo aɖabaƒoƒo ʋee aɖe ko dzroa wo dometɔ aɖewo.” Eko alɔgbɔnui gblɔ be: “Ɣeyiɣi sia koe amesiwo gbɔ wòle be mayi la vaa gbɔnye.”
Harold gblɔ kpee be: “Ame geɖe tsɔ ɖe le Biblia me vavã. Le ɣleti ɖeka ko me la, ame ene dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefowo le agbalẽ siwo woxɔ le mía gbɔ kple nya siwo míezã Biblia tsɔ ɖo wo ŋu na wo ta. Nuteƒekpɔkpɔ mawo tɔgbe dea dzi ƒo na mí ale gbegbe.”
Abe Sid kple Harold ene—kpakple abe apostolo Paulo ene—la, Yehowa Ðasefo siwo le afisiafi toa mɔ sia mɔ si woate ŋu dzi gblɔa woƒe gbedasi vevi la. Eyata wokpɔtɔ le gbeƒã ɖem ‘nyanyuia le anyigba blibo la katã dzi.’—Mateo 24:14.