INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 10/1 axa 4-6
  • Tadedeagu Na Mawu Le Nyateƒe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tadedeagu Na Mawu Le Nyateƒe Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyateƒe Ŋuti Sidzedze Ðea Vɔvɔ̃ Ða
  • Nukatae Woto Vovo Alea?
  • Ðevi Siwo ‘Ðoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Kristotɔ Vavãwoe Yehowa Ðasefowo Nyea?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • ‘Yi Edzi Nàzɔ Le Nyateƒea Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 10/1 axa 4-6

Tadedeagu Na Mawu Le Nyateƒe Me

Be Mawu nada asi ɖe tadedeagu dzi la, ele be woatui ɖe nyateƒe dzi. (Yohanes 4:23) Biblia yɔ nyateƒe tadeagulawo be wonye “Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti.” (Timoteo I, 3:15) Menye ɖeko amesiwo le Mawu ƒe hamea me xɔ Mawu ƒe Nya la me nyateƒewo dzi se ko o, ke wonɔa agbe ɖe enu heʋlia eta eye woɖea gbeƒãe le anyigba blibo la katã dzi hã.—Mateo 24:14; Romatɔwo 10:9-15.

WONYA Yehowa Ðasefowo nyuie le Biblia fiafia dɔ si wɔm wole le dukɔ siwo wu 200 me fifia la ta. Wosrɔ̃a Biblia hefiaa nyateƒe si le eme la amewo eye wometsɔa amegbetɔwo ƒe xexemenunya tɔtɔnɛ o. Ènya woƒe nufiafia si wotu ɖe Biblia dzi nyuiea? Ame aɖewo melɔ̃na be yewoaɖo to Yehowa Ðasefowo o le ameŋugblẽnya siwo amewo gblɔna le wo ŋu ta. Gake wole dzinyuitɔwo kpem be woatso nya me na wo ɖokui nenye be nusi Ðasefowo ɖea gbeƒãe nye nyateƒe loo alo menye nyateƒe o. Mele be woanɔ te ɖe nyasegblɔ dzi awɔ nyametsotso vevi sia o. Amesiwo wɔ woa ŋutɔwo ƒe numekuku le Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo ŋu kpɔ viɖe geɖe.

Nyateƒe Ŋuti Sidzedze Ðea Vɔvɔ̃ Ða

Le kpɔɖeŋu me bu Eugenia ŋu kpɔ. Katolikotɔ veviedonulawo ƒemee wonyii le. Fofoa nɔ amesiwo wɔ ɖoɖo ɖe Katolikotɔwo ƒe papa ƒe Mexico yiyi le ƒe 1979 me ŋu la dome. Eugenia do go Yehowa Ðasefowo esi wòyi ɖasrã exɔlɔ̃wo kpɔ. Wokpe ɖe eŋu wòva te ŋkuléle ɖe nusi Biblia gblɔ ŋu nyuie wu. Eɖo ŋku edzi gblɔ be: “Gbã la, menɔ vɔvɔ̃m. Mekpɔ nyateƒea! Gake esia fia be nusiwo dzi mexɔ se tsã la ƒe akpa gãtɔ mesɔ o. Ƒonyemetɔwo, xɔ̃nyewo, kple amesiwo melɔ̃na—wo katã ƒe dzixɔsewo mesɔ o. Metsi dzodzodzoe. Menɔ ɖokuinye biam be aleke ƒonyemetɔwo awɔ nu ɖe nu yeye si ŋu meke ɖo la ŋuti hã. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim kple to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, meva nɔ tɔtrɔm ɖe nu gã sia si su asinye ŋuti. Gbeɖeka meɖoe be maka nyaa ta na míaƒe ƒomea ƒe xɔlɔ̃ aɖe si nye mawunyaŋununyafialagã. Megblɔ nya sia nya nɛ le nye didi be make ɖe nyateƒea ŋu la ŋuti. Egblɔ be, ‘Ne èdi be yeanya nyateƒea la, ke di Yehowa Ðasefowo ƒe mɔ.’ ”

Eugenia ƒe ƒometɔwo nyãe le aƒeme abe alesi wòkpɔe do ŋgɔ ene. Ke hã Ðasefoawo yi edzi na gbɔgbɔmekpekpeɖeŋui. Egblɔ be: “Wodo ŋusẽm be manɔ tsitre sesĩe le nyateƒea me. Mede dzesii be enye nu nyui si ta wòdze be maʋli ɖo. Alesi Yehowa Ðasefowo xɔm nyuie la nɔ vevie nam ale gbegbe. Mese le ɖokuinye me be wolɔ̃m le Kristo-hamea me. Zɔzɔ kple Mawu ƒe habɔbɔa kplikplikpli kpe ɖe ŋunye meɖu akogotsitsi ƒe vɔvɔ̃ dzi.”

Bu kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Wotsɔ ƒome Biblia me nyamedzodzro edziedzi nyi Sabrina wòzu numãme nɛ. Le nyateƒe me la, wowɔe wòzu ‘ƒome subɔsubɔha’ aɖe ƒomevi. Esia na wòzu numãme nɛ be yeade ha kple subɔsubɔha vovovo me tɔwo aklo nu le woƒe vodadawo dzi. Esi Yehowa Ðasefo aɖe gblɔ be yeasrɔ̃ Biblia kplii la, elɔ̃ ɖe edzi enumake kple susu be yeaɖe woƒe dzixɔse ƒe aʋatsonyenye afiae. Eɖo ŋku edzi gblɔ be: “Le nusɔsrɔ̃ ƒe ɖeka kple edzivɔ megbe la, mevɔ̃ be ‘nye nyateƒea’ ava ge le asinye. Mete ŋu klo nu le subɔsubɔha geɖe siwo mede ha kplii ƒe amebeble dzi bɔbɔe, gake esia ya sesẽ nam.”

Sabrina ƒe vɔvɔ̃ wɔe be wòdzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo. Gake ekpɔe be yetsi ƒuƒlu le gbɔgbɔ me. Etso nya me be yeagbugbɔ adze nusɔsrɔ̃a gɔme eye wòva xɔ nyateƒe yeye sia mlɔeba. Sabrina wɔ ŋgɔyiyi ɖo afisi wòdi be yeagblɔ nusi srɔ̃m yele na ame bubuwo. Ebia gɔ̃ hã be yeakplɔ Ðasefoawo ɖo le woƒe tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me. Sabrina gblɔ be: “Hafi woada asi ɖe dzinye be maɖe gbeƒã kple Yehowa Ðasefoawo la, wobiam be: ‘Ðe nèdii ŋutɔŋutɔ be yeanye Yehowa Ðasefoa?’ Meɖo ŋu be: ‘Ao!’ Megate vɔvɔ̃ ake.” Mlɔeba esi Sabrina yi edzi de kpekpeawo katã eye wòlé ŋku ɖe Mawu ƒe amewo kple alesi wowɔa Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔe ŋu megbe la, eƒo nya ta be nyateƒea ye wònye vavã. Exɔ nyɔnyrɔ eye wònye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela fifia.

Nukatae Woto Vovo Alea?

Ame aɖe abia be, ‘Nukatae Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafia to vovo kura tso subɔsubɔha bubuwo tɔ gbɔ alea?’ Ŋkuléle ɖe nusiwo dzi Ðasefowo xɔ se ŋu vie akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be wonye Kristotɔ anukwaretɔ siwo srɔ̃a Biblia kutrikukutɔe. Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ woƒe dzixɔse vevi siwo míeto ɖe eme le wò ŋutɔ wò Biblia me.

Ne èlé ŋku ɖe nusiwo dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se kple alesi wowɔna ɖe nusi Biblia fia dzi ŋu nyuie wu la, yayra si nye ablɔɖe si nyateƒea nana la ate ŋu asu asiwò. (Yohanes 17:17) Susu aɖeke meli si ta nàvɔ̃ nyateƒea o. Ðo ŋku Yesu ƒe ŋugbedodoa dzi be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.”—Yohanes 8:32.

[Aɖaka si le axa 6]

YEHOWA ÐASEFOWO ƑE DZIXƆSE VEVI AÐEWO

◯ Yehowa enye Mawu ŋusẽkatãtɔ. Eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze wu zi gbɔ zi 7,000 le Biblia gbãtɔ siwo woŋlɔ kple asi me.—Psalmo 83:19.

◯ Yesu Kristo nye Mawu ƒe Vi, amesi va anyigba dzi va tsɔ eƒe agbe na ɖe amegbetɔƒomea ta. (Yohanes 3:16, 17) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Yesu Kristo ƒe nufiafia siwo le Nyanyuigbalẽawo me dzi.

◯ Yesaya 43:10 si gblɔ be: “Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo” la dzie wotu ŋkɔ Yehowa Ðasefowo ɖo.

◯ Fiaɖuƒe si amewo doa gbe ɖa biana le “Mía Fofo si le Dziƒowo” ƒe gbedodoɖa me lae nye dziƒodziɖuɖu si ava ɖe fukpekpewo kple vevesesewo katã ɖa le xexeame kpuie wòahe Paradiso si ƒe ŋugbe Biblia do la vɛ.—Yesaya 9:6, 7; Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

◯ Mɔnukpɔkpɔ le amesiame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si be wòase vivi le Fiaɖuƒea ƒe yayrawo me tegbee.—Yohanes 17:3; Yohanes I, 2:17.

◯ Ele be Kristotɔwo nana Biblia nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi le woƒe nuwɔnawo me. Ele be woadze agbagba ato nyateƒe, woanɔ agbe dzadzɛ, eye woalɔ̃ wo haviwo.—Mateo 22:39; Yohanes 13:35; Korintotɔwo I, 6:9, 10.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yehowa Ðasefowo fiaa Biblia me nyateƒea amewo le dukɔ siwo wu 200 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe