INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 11/15 axa 21-24
  • Amekawoe Nye Maccabeewo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekawoe Nye Maccabeewo?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Helakɔnyinyi ƒe Nya Sesẽ La
  • Nunɔlawo ƒe Nufitifitiwɔwɔ
  • Antiochus Wɔ Afɔɖeɖe
  • Maccabeewo Hã Tso
  • Wogaxɔ Gbedoxɔa Ake
  • Wotsɔ Mawusubɔsubɔ He Dunyae
  • Hasmontɔwo Kple Woƒe Domenyinu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Yuda-subɔsubɔ—Mawu Didi le Ŋɔŋlɔ Kple Xotutu Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Fia Eve Siwo Kpe Aʋa
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Kekeli Na Blukɔ Ƒe Ɣeyiɣi Aɖe Wu Enu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 11/15 axa 21-24

Amekawoe Nye Maccabeewo?

AME geɖe bua Maccabeewo ƒe ɣeyiɣia abe dometsotso si nɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ mamlɛawo nu wuwu kple Yesu Kristo ƒe vava dome si me nudzɔdzɔwo womenya tututu o ene. Abe alesi nu vevi wɔnuku aɖewo va dzena megbe ne woku nusi na be yameʋu aɖe ge dze anyi me ene la, nenema ke míate ŋu ase nanewo gɔme ne míelé ŋku ɖe Maccabeewo ƒe ɣeyiɣia—si nye Yuda dukɔa ƒe tɔtrɔɣi kple egbugbɔɖoanyiɣi—ŋu nyuie.

Amekawoe Maccabeewo nye? Akpa kae wowɔ le Yuda-subɔsubɔ ŋu hafi Mesia si wogblɔ be ava la va do?—Daniel 9:25, 26.

Helakɔnyinyi ƒe Nya Sesẽ La

Aleksanda Gãtɔ ɖu anyigbawo dzi tso keke Hela vaseɖe India ke (336-323 D.M.Ŋ). Eƒe fiaɖuƒea ƒe lolome hãe na Helakɔnyinyi—si nye Helagbe kple dekɔnu—kaka. Aleksanda ƒe asrafomegãwo kple asrafowo ɖe nutoawo me nyɔnuwo, si na Hela kple duta dekɔnuwo tsaka. Le Aleksanda ƒe ku megbe la, womã eƒe fiaɖuƒea ɖe eƒe aʋafiawo dome. Le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. ƒeawo ƒe gɔmedzedzea me la, Antiochus III si tso Helatɔwo ƒe Seleukia fiaƒomea me le Siria ʋli Israel le Hela Ptolemytɔ siwo nɔ Egipte si me. Aleke Helatɔwo ƒe dziɖuɖua kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔ siwo nɔ Israel dzii?

Ŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: “Esi Yudatɔwo mete ŋu ƒo asa na woƒe nutometɔ siwo nyia Helatɔwo ƒe kɔwo o, eye womedoa go wo nɔvi siwo le duta o ta la, womate ŋu aƒo asa na Helatɔwo ƒe kɔwo nyinyi kple tamebubu abe Helatɔwo ene o. . . . Helakɔnyinyi ƒe ɣeyiɣia me nɔnɔ ɖeɖe bia be woanyi Helatɔwo ƒe kɔwo!” Yudatɔwo va tsɔ Hela ŋkɔwo. Wova srɔ̃ Helatɔwo ƒe kɔnuwo kple awudodo le mɔ aɖewo nu. Dekɔnuwo ƒe tsakatsaka va nɔ ŋusẽ kpɔm vivivi.

Nunɔlawo ƒe Nufitifitiwɔwɔ

Amesiwo dzi Helakɔnuwo va kpɔ ŋusẽ ɖo wu le Yudatɔwo domee nye nunɔlawo. Wo dometɔ geɖe bui be Helakɔnuwo sɔsrɔ̃ ana Yudatɔnyenye naɖe zɔ kple ɣeyiɣiawo. Yudatɔ siawo dometɔ ɖekae nye Yason (woyɔnɛ be Joshua le Hebrigbe me) si nye nunɔlagã Onias III nɔviŋutsu. Esi Onias zɔ mɔ yi Antioxia la, Yason na zãnu Hela-megãwo. Ðe nuka ta? Be yeable wo nu ne woaɖo ye, Yason, nunɔlagãe ɖe Onias teƒe. Dziɖula Antiochus Epiphanes (175-164 D.M.Ŋ.) si nye Helatɔ Seleukia-vidzidzi xɔ nunanaa kple dzidzɔ. Hela-dziɖulawo mede nu Yudatɔwo ƒe nunɔlagãnyenye nyawo me do ŋgɔ o, gake ga nɔ Antiochus hiãm wòatsɔ awɔ asrafodɔwoe. Dzi dzɔe hã ŋutɔ be Yudatɔwo kplɔla aɖe va su ye si, amesi ade Helatɔziziɖeamedzi dzi nyuie wu. Yason bia eye Antiochus na Hela du (polis) ƒe ɖoƒe su Yerusalem si. Eye Yason tu kamedexɔ aɖe si me sɔhɛ Yudatɔwo kple nunɔlawo gɔ̃ hã ʋlia ho le kamedefefewo me le.

Alakpanuwɔnawo va nɔ dzidzim ɖe edzi. Le ƒe etɔ̃ megbe la, Menelaus, amesi ɖewohĩ metso nunɔlawo ƒe ƒomea me o va na zãnu si sɔ gbɔ wu, eye Yason si dzo. Gbedoxɔ me nudzɔɖaka mee Menelaus ɖe ga gbogbo le tsɔ xe fea na Antiochus. Esi Onias III (si le aboyome le Antioxia) ƒo nu tsi tre ɖe nusia ŋu ta la, Menelaus ɖoe be woawui.

Esi aʋatsonya aɖe kaka be Antiochus ku la, Yason kplɔ ŋutsu akpe ɖeka ɖe eɖokui ŋu gbɔ va Yerusalem kple susu be yeaxɔ nunɔlagãnyenyea le Menelaus si. Gake Antiochus meku o. Esi Antiochus se nusi Yason wɔ kple zitɔtɔ siwo nɔ edzi yim le Yudatɔwo dome tsɔ nɔ tsitre tsim ɖe eƒe Helatɔziziɖeamedzi ƒe ɖoɖowo ŋu la, etso ɖe wo ŋu kple dziku.

Antiochus Wɔ Afɔɖeɖe

Moshe Pearlman ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Maccabees me be: “Togbɔ be medze kɔte le nuŋlɔɖiawo me o hã, edze abe Antiochus anya susui be subɔsubɔblɔɖe nana Yudatɔawo nye vodada si dziɖuɖua wɔ. Ebui be, menye subɔsubɔnyawo koŋ gbɔe aglãdzedze si nɔ edzi yim le Yerusalem la tso o ke boŋ Egiptetɔwo dzidede ƒe nɔnɔme si nɔ Yudea ɣemaɣi gbɔe wòtso, eye wole dunyahehe ƒe seselelãme siawo ɖem fia vɔ̃ɖitɔe vevietɔ le esi wònye Yudatɔwo koe bia subɔsubɔblɔɖe eye wonae wo le mɔ gã aɖe nu le amesiwo katã nɔ eƒe dziɖuɖua me ta. . . . Etso nya me be woatɔ te nusia.”

Israeltɔwo ƒe dziɖuɖumegã kple agbalẽnyala Abba Eban gblɔ nusiwo kplɔe ɖo kpuie be: “Nuwo dzɔ kpatakpata tre ɖe enu le ƒe 168 kple 167 [D.M.Ŋ.] me ale be wowu Yudatɔ gbogbo aɖewo, wodze Gbedoxɔa dzi hefi eme nuwo, eye wode se ɖe Yuda-subɔsubɔ nu. Wowua amewo ɖe aʋatsotso ta, eye nenema ke wowua amewo ɖe Sabat-ɖuɖu tae. Vlododo si ƒo ɖesiaɖe ta la dzɔ le December ƒe 167 me, esime woɖi vɔsamlekpui na Zeus ɖe Gbedoxɔa me le Antiochus ƒe gbeɖeɖe nu, eye wobia tso Yudatɔwo si be woatsɔ ha—lã makɔmakɔ le Yudatɔwo ƒe sea nu—asa vɔe na Helatɔwo ƒe mawu.” Le ɣeyiɣi siawo me la, Menelaus kple Yudatɔ bubu siwo nɔ Hela kɔawo nyim la kpɔtɔ nɔ subɔsubɔm le gbedoxɔ si wodo gui azɔ la me.

Esime Yudatɔ geɖe da asi ɖe Helakɔnyinyia dzi la, ƒuƒoƒo yeye aɖe si yɔ wo ɖokui be Hasidtɔwo—mawuvɔ̃lawo—nɔ Mose ƒe Sea me léle ɖe asi vevie ƒe dzi dem ƒo. Nunɔla siwo nɔ Helatɔwo ƒe kɔwo nyim ƒe nu va nyɔ ŋu na ame tsɛwo azɔ eye wova nɔ Hasidtɔawo dzi dem geɖe. Xɔsetaku va ge ɖe nyaa me elabena wova nɔ eƒom ɖe Yudatɔwo nu le dukɔa me godoo be woanyi trɔ̃subɔlawo ƒe kɔwo awɔ woƒe vɔsawo alo woawu wo. Maccabeewo ƒe agbalẽ siwo me nyawo dzi amewo meka ɖo o ƒo nu geɖe tso ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo lɔ̃ be yewoaku tsɔ wu be yewoana ta la ŋu.

Maccabeewo Hã Tso

Antiochus ƒe nuwɔna siwo gbɔ eme la wɔe be Yudatɔ geɖe ʋli woƒe subɔsubɔa ta. Le Modiʼin, si nɔ Yerusalem ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome si gogo Lod, du si li egbea me la, wokplɔ nunɔla aɖe si woyɔna be Mattathias va dua titinae. Esi afimanɔla tsɛwo dea bubu Mattathias ŋu ta la, fia la ƒe amedɔdɔ dze agbagba be yeable enu wòakpɔ gome le trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanuwɔnawo me—kple susu be wòaɖe ye ŋutɔ ƒe agbe eye wòaɖo kpɔɖeŋu na duamevi mamlɛawo. Esi Mattathias gbe la, Yudatɔ bubu aɖe tsɔ eɖokui na be yeawɔe. Dɔme ve Mattathias ale gbegbe be wòwui kple lãnu aɖe. Alesi ame tsitsi sia wɔ nu kple adã la na dzidzi ƒo Hela-srafowo ale gbegbe be dzo meganɔ woƒe nuwɔnawo me o. Le sɛkɛnd aɖewo me la, Mattathias wu Hela-megãa hã. Mattathias viŋutsu atɔ̃awo kple duametɔwo ƒe asi sẽ ɖe Hela-srafoawo dzi ale gbegbe be womete ŋu ʋli wo ɖokui ta o.

Mattathias do ɣli gblɔ be: ‘Amesiame si tsi dzi ɖe Sea ŋu nedze yonyeme.’ Be woagava tu nu kple wo o la, woa kple viaŋutsuwo si yi ɖe tonyigba dzi. Eye esi woƒe nuwɔnawo ŋutinya nɔ kakam la, Yudatɔwo (kpakple Hasidtɔ geɖe) wɔ ɖeka kple wo.

Mattathias ɖo viaŋutsu Yuda wònɔ ŋgɔ na asrafowo ƒe aʋawɔwɔwo. Ðewohĩ le Yuda ƒe aʋawɔŋutete ta la, woyɔe be Maccabee, si gɔmee nye “zu.” Woyɔ Mattathias kple viaŋutsuwo be Xasmontɔwo, enye ŋkɔ si wokpɔ tso Xesmon-du alo wo tɔgbui aɖe si tɔ ŋkɔa gbɔ. (Yosua 15:27) Gake esi Yuda Maccabee nye amesi va ɖe dzesi le aglãdzedzea me ta la, wova yɔ ƒome bliboa be Maccabeewo.

Wogaxɔ Gbedoxɔa Ake

Le aglãdzedzea ƒe ƒe gbãtɔ me la, Mattathias kple viaŋutsuwo te ŋu ɖo asrafoha sue aɖe. Enuenu la, Hela-srafowo dzea Hasidtɔwo ƒe aʋawɔlawo dzi le Sabat dzi. Togbɔ be ŋusẽ nɔ wo ŋu woate ŋu aʋli wo ɖokui ta hã la, womedi be yewoada Sabat la dzi o. Wowu ame gbogbowo le esia ta. Mattathias—si wobuna amegãe le subɔsubɔnyawo me azɔ—wɔ se si ɖe mɔ na Yudatɔwo be woaʋli wo ɖokui ta le Sabat dzi. Menye ŋusẽ yeye koe se sia do aglãdzedzea o ke boŋ eva zu kpɔɖeŋu le Yuda-subɔsubɔ me be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo kpɔ mɔ atrɔ Yudatɔwo ƒe sea ɖe nɔnɔmeawo nu. Nusia dze le Talmud la me le nya siwo wova gblɔ emegbe me be: “Na woagblẽ kɔ ɖo na Sabat ɖeka ale be woakɔ Sabat geɖe ŋu.”—Yoma 85b.

Le Yuda Maccabee fofo si ku amegã ƒe ku megbe la, eyae va zu aglãdzelaawo kplɔla ɖikekemanɔŋui. Esi wòdze sii be ŋutete aɖeke mele ye ŋu be yeawɔ aʋa ŋkume kple ŋkume kple yeƒe futɔwo aɖu wo dzi o ta la, edi mɔnu yeyewo, siwo ɖi egbeŋkekewo me vivimeʋawɔwɔwo. Edze Antiochus ƒe asrafowo dzi le teƒe siwo womate ŋu aʋli wo ɖokui ta le mɔ aɖeke nu o le. Aleae Yuda wɔ aʋa vovovo tsiã ɖe enu tsɔ ɖu asrafo siwo sɔ gbɔ wu etɔ sasasã dzi.

Hoʋiʋli siwo dze ŋgɔ wo kple Roma ƒe ŋusẽ si va nɔ dzi dem la wɔe be Seleukia Fiaɖuƒea dziɖulawo megatsɔ ɖeke le se siwo wode ɖe Yudatɔwo ŋu me boo o. Esia ʋu mɔ na Yuda be wòyi wo dzi dzedze dzi vaseɖe keke Yerusalem ƒe agbowo nu ke. Le December ƒe 165 D.M.Ŋ. (alo ɖewohĩ ƒe 164 D.M.Ŋ.) me la, woa kple eƒe asrafowo xɔ gbedoxɔa, wokɔ eme nuzazãwo ŋu, eye wogbugbɔ kɔ eŋu—ƒe etɔ̃ tututu le esi wodo gui megbe. Yudatɔwo ɖua nudzɔdzɔ sia ƒe azã ƒe sia ƒe le Hanukkah si nye ɖɔɖɔɖoŋkekenyui la ɖuɣi.

Wotsɔ Mawusubɔsubɔ He Dunyae

Aglãdzedzea ɖo eƒe taɖodzinuwo gbɔ. Woɖe se siwo wode ɖe Yuda-subɔsubɔ nu ɖa. Wogava dze subɔsubɔ kple vɔsasa le gbedoxɔa me gɔme. Esi Hasidtɔwo ƒe dzi dze eme azɔ ta la, wodo le Yuda Maccabee ƒe asrafowo me hetrɔ yi woƒe aƒewo me. Gake susu bubuwo nɔ Yuda si. Asrafo siwo xɔ hehe nyuie la nɔ esi, ke nukatae mazãe atsɔ aɖo Yuda-dukɔ si xɔ ɖokuisinɔnɔ anyi o? Dunyahesusuwo va xɔ ɖe subɔsubɔsusu siwo he aglãdzedzea vɛ teƒe. Eyata avuwɔwɔa gakpɔtɔ yi edzi.

Yuda Maccabee va bla nu kple Roma esi wònɔ kpekpeɖeŋu dim be yewoaʋli ado le Seleukia ƒe dziɖuɖu te ta. Togbɔ be wowui le aʋa me le ƒe 160 D.M.Ŋ. me hã la, nɔviawo yi aʋaa dzi. Yuda nɔvi Yonatan dze agbagba ɖesiaɖe ale be Seleukia dziɖulawo lɔ̃ woɖoe wònye nunɔlagã kple dziɖula le Yudea, togbɔ be woganɔ woƒe dziɖuɖu te hã. Esi Siriatɔwo ɖo nugbe ɖe Yonatan ŋu blee helée wu la, nɔvia Simeon—Maccabeewo ƒe mamlɛtɔe—xɔ ɖe eteƒe. Le Simeon ƒe dziɖuɣi la, wodo le Seleukia ƒe amedziɖuɖu ɖesiaɖe te (le ƒe 141 D.M.Ŋ. me). Simeon gbugbɔ nubabla si le wo kpakple Roma dome wɔ yeyee eye Yuda-megãwo da asi ɖe eyama dzi wònye dziɖula kple nunɔlagã. Aleae wòdzɔe be wova ɖo Xasmon-fiaƒome si le eɖokuisi anyi wònɔ Maccabeewo si me.

Maccabeewo gbugbɔ subɔsubɔ ɖo anyi le gbedoxɔa me hafi Mesia la va do. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 1:41, 42; 2:13-17.) Gake alesi nunɔla siwo xɔ Helakɔnyinyiwo ƒe nuwɔna wɔe be womeka ɖe nunɔlawo dzi o la, nenemae makamaka ɖe wo dzi nu va sẽ ɖe edzii wu le Xasmontɔwo te. Le nyateƒe me la, esi nunɔla dunyalɔ̃lawo ɖu dzi ke menye fia si tso nuteƒewɔla Dawid ƒe ƒome me o ta la, mehe yayra vavãtɔ vɛ na Yudatɔwo o.—Samuel II, 7:16; Psalmo 89:4, 5, 36, 37.

[Nɔnɔmetatawo si le axa 21]

Mattathias, Yuda Maccabee fofo, do ɣli gblɔ be: ‘Amesiame si tsi dzi ɖe Sea ŋu nedze yonyeme’

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mattathias le kuku ɖem na Yudatɔ ƒe aʋasilawo/The Doré Bible Illustrations/Dover Publications

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe