Ðe Wò Xɔse le Abe Abraham Tɔ Enea?
“Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?”—LUKA 18:8.
1. Nukata wòsesẽ be woana xɔse nakpɔtɔ asẽ ŋu egbea?
MELE bɔbɔe be woana xɔse nakpɔtɔ asẽ ŋu egbea o. Xexeame zia Kristotɔwo dzi sesĩe bene woaɖe susu ɖa le gbɔgbɔmenuwo ŋu. (Luka 21:34; Yohanes I, 2:15, 16) Ele na wo dometɔ geɖe be woadze agbagba anɔ te ɖe aʋawɔwɔwo, afɔkuwo, dɔlélewo, alo dɔwuame nu. (Luka 21:10, 11) Xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sẽ ŋu le dukɔ geɖe me, eye wobua amesiwo nɔa agbe ɖe woƒe xɔse nu be susu mele wo si o, eye be wonye zazɛ̃nyahelawo gɔ̃ hã. Gakpe ɖe eŋu la, wotia Kristotɔ geɖe yome le woƒe xɔse ta. (Mateo 24:9) Edze ƒã be nya si Yesu bia anɔ ƒe 2,000 kloe enye sia la sɔ be: “Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?”—Luka 18:8.
2. (a) Nukatae wòle vevie be xɔse sesẽ nanɔ Kristotɔ si? (b) Ameka ƒe xɔse ƒe kpɔɖeŋu ŋue wòle be míade ŋugble le?
2 Gake nya lae nye be hafi agbe nadze edzi na mí fifia eye míakpɔ agbe mavɔ si ŋugbe wodo le etsɔme la, ele vevie be xɔse sesẽ nanɔ mía si. Esi apostolo Paulo nɔ nya si Yehowa gblɔ na Xabakuk yɔm la, eŋlɔe be: “ ‘Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.’ . . . Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o.” (Hebritɔwo 10:38–11:6; Xabakuk 2:4) Paulo gblɔ na Timoteo be: “Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo . . . la dzi.” (Timoteo I, 6:12) Ke aleke wòanya wɔ be xɔse si megbɔdzɔna o nasu mía si? Le nya sia ŋuɖoɖo me la, anyo be míade ŋugble le ŋutsu aɖe si nɔ anyi anɔ ƒe 4,000 enye si va yi, gake wogadea bubu eƒe xɔse ŋu le subɔsubɔha vevi etɔ̃—siwo nye Islam, Yuda-subɔsubɔ, kple Kristotɔnyenye—me ŋu. Ŋutsu mae nye Abraham. Nukata eƒe xɔse ɖe dzesi nenema gbegbe? Ðe míate ŋu asrɔ̃e egbea?
Wɔwɔ Ðe Mawu ƒe Mɔfiafia Dzi
3, 4. Nukatae Tarax kplɔ eƒe ƒomea woʋu tso Ur yi Xaran?
3 Woyɔ Abraham (si woyɔna gbã be Abram) ƒe ŋkɔ zi gbãtɔ le Biblia ƒe gɔmedzedze tututu lɔƒo. Míexlẽ le Mose I, 11:26 be: “Tarax . . . [dzi] Abram, Naxor kple Haran.” Kaldea-du si nye Ur si me kesinɔnuwo bɔ ɖo le Mesopotamia ƒe anyiehe gome mee Tarax kple eƒe ƒomea wonɔ. Gake wometsi afima o. “Tarax ʋu kple via Abram kple tɔgbuiyɔvia Lot, si nye Haran vi, hekpe ɖe Sarai [Sarah], via Abram srɔ̃ ŋuti tso Ur le Kaldea, bene woayi Kanaan-nyigba dzi. Ke esi wova Xaran la, wonɔ afima.” (Mose I, 11:31) Abraham nɔviŋutsu Naxor hã kple eƒe ƒomea ʋu yi Xaran. (Mose I, 24:10, 15; 28:1, 2; 29:4) Gake nukatae Tarax ʋu le Ur si me kesinɔnuwo nɔ heyi keke Xaran ke?
4 Anɔ ƒe 2,000 le Abraham ƒe ɣeyiɣia megbe la, nuteƒewɔla Stefano ɖe Tarax ƒe ƒomea ƒe ʋuʋu wɔmoya sia me esime wònɔ Yudatɔwo ƒe Sanhedrin la ŋkume. Egblɔ be: “Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham, esime wòle Mesopotamia, hafi wòva nɔ Xaran, eye wògblɔ nɛ bena: ‘Ʋu tso wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi.’ Tete la esi wòdo go tso Kaldea-nyigba dzi la, eva nɔ Xaran.” (Dɔwɔwɔwo 7:2-4) Tarax lɔ̃ ɖe nusi Yehowa di tso Abraham si la dzi esime wòkplɔ amesiwo le eƒe aƒeme woʋu yi Xaran.
5. Afikae Abraham yi le fofoa ƒe ku megbe? Nukatae?
5 Tarax ƒe ƒomea va nɔ woƒe du yeyea me. Le ƒe geɖe megbe esime Abraham nɔ nu ƒom tso “mía denyigba” ŋu la, Xaran ye wòwɔnɛ ke menye Ur o. (Mose I, 24:4) Ke hã Abraham matsi Xaran o. Stefano gblɔ be, “le [Abraham] fofoa ƒe ku megbe la [Mawu na] wòʋu va anyigba sia, si dzi miele azɔ la dzi.” (Dɔwɔwɔwo 7:4) Abraham wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia dzi eye Lot nɔ eŋu wotso Frat-tɔsisia ge ɖe Kanaan-nyigba dzi.a
6. Ŋugbe kae Yehowa do na Abraham?
6 Nukatae Yehowa na Abraham ʋu yi Kanaan? Nusi Mawu ɖo ɖe tame na nuteƒewɔla ma tae. Yehowa gblɔ na Abraham be: “Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi! Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra. Mayra amesiwo yra wò, ke amesiwo doa vlo wò la, maƒo fi ade wo, eye le wò me woayra anyigba dzi ƒomeawo katã le.” (Mose I, 12:1-3) Abraham anye fofo na dukɔ gã aɖe si ta Yehowa akpɔ eye woaxɔ Kanaan-nyigba wòanye wo tɔ. Ŋugbedodoa nyo loo! Gake ele na Abraham be wòawɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbe me hafi anyi anyigba ma dome.
7. Tɔtrɔ kawoe wòle na Abraham be wòanɔ klalo be yeawɔ bene nusi ŋugbe Yehowa do naka esi?
7 Esime Abraham ʋu le Ur la, nusiwo wògblẽ ɖi nye du si me kesinɔnuwo le eye anya dzo le fofoa ƒe ƒometɔwo gbɔ—nusiawo na wonɔa dedie le blemafofowo ƒe ɣeyiɣi mawo me. Esime wòʋu le Xaran la, edzo le fofoa ƒe aƒemetɔwo, si me Naxor ƒe ƒomea hã le gbɔ, eye wòdzo yi dzronyigba dzi. Esi wòɖo Kanaan la, meva nɔ du si ŋu woɖo gli ƒo xlã me be yeanɔ dedie o. Nukata? Esi Abraham ɖo anyigba la dzi eteƒe medidi o la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Tsi tre natsa, eye nakpɔ anyigba la ƒe didime kple eƒe kekeme, elabena wòe matsɔe ana!” (Mose I, 13:17) Abraham si xɔ ƒe 75 kple srɔ̃a Sarah si xɔ ƒe 65 wɔ ɖe mɔfiame siawo dzi. “Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye . . . [wònɔ] agbadɔwo me.”—Hebritɔwo 11:9; Mose I, 12:4.
Xɔse si Le abe Abraham Tɔ Ene Egbea
8. Ne míebu Abraham kple blema ɖasefowo ƒe kpɔɖeŋu ŋuti la, nukae wòle be míatu ɖo?
8 Woyɔ Abraham kple eƒe ƒomea kpe ɖe ‘ɖaseɖila [siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli] ƒe alilikpo’ gã si woyɔ le Hebritɔwo ta 11 ŋu. Esi xɔse si nɔ Mawu subɔla gbãtɔ siawo si nɔ susu me na Paulo la, ede dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃ [xɔsemanɔamesi], si ɖea to ɖe mí la ɖa.’ (Hebritɔwo 12:1) Ẽ, xɔsemanɔamesi ate ŋu ‘aɖe to ɖe mí’ bɔbɔe. Gake le Paulo ŋɔli kple le mía ŋɔli siaa la, Kristotɔ vavãwo te ŋu tu xɔse sesẽ si sɔ kple Abraham kple blematɔ bubuwo tɔ ɖo. Esi Paulo nɔ nu ƒom tso eya ŋutɔ kple ehati Kristotɔwo ŋu la, egblɔ be: “Ke míawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo si xɔse le hena luʋɔ xɔxɔ ɖe agbe la dometɔwo míenye.”—Hebritɔwo 10:39, NW.
9, 10. Kpeɖodzi kae li be xɔse le ame geɖe si egbea abe Abraham tɔ ene?
9 Enye nyateƒe be xexeame trɔ tso Abraham ŋɔli va ɖo fifia. Ke hã ‘Abraham ƒe Mawu’ ma ke ko subɔm míele, eye metrɔna o. (Dɔwɔwɔwo 3:13; Maleaxi 3:6) Yehowa dze na subɔsubɔ egbea abe alesi wòdze nɛ le Abraham ŋɔli ene. (Nyaɖeɖefia 4:11) Ame geɖe tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe bliboe na Yehowa, eye abe Abraham ene la, woawo hã wowɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me bene yewoate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Le ƒe si va yi me la, ame 316,092 ye ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe dzi le gaglãgbe esime wona wonyrɔ wo ɖe tsi me “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.”—Mateo 28:19.
10 Menɔ na Kristotɔ yeye siawo dometɔ akpa gãtɔ be woazɔ mɔ ayi dzronyigba didi aɖe dzi hafi awɔ ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖea dzi o. Gake le gbɔgbɔ me gɔmesese nu la, wo dometɔ geɖe zɔ mɔ legbe aɖe. Le kpɔɖeŋu me, Elsie nye afakala tsã le Mauritius. Amesiame vɔ̃na nɛ. Mɔɖela vevi aɖe va wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kple Elsie vinyɔnu, eye esia ʋu mɔ na Elsie be ‘wòtrɔ tso viviti me va kekeli me.’ (Dɔwɔwɔwo 26:18) Esi vianyɔnua ɖe ɖetsɔleme fia vevie ta la, Elsie hã lɔ̃ be yeasrɔ̃ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo. Zi etɔ̃ le kwasiɖa mee wosrɔ̃a nu kplii elabena ehiã dzideƒo enuenu. Eƒe gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo mehe dzidzɔ vɛ nɛ o, eye kuxi geɖe hã nɔ eŋu. Gake ete ŋu va wu eƒe mɔ legbea zɔzɔ tso gbɔgbɔyɔyɔ me va nyateƒe subɔsubɔ me nu mlɔeba. Ne amewo va be wòaka nu na yewo la, egblɔna na wo be Yehowa koe ate ŋu akpɔ wo ta tso vɔ̃ me. Elsie nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ fifia, eye ame 14 siwo nye eƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo hã va xɔ nyateƒea.
11. Asitɔtrɔ kawoe amesiwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa lɔ̃ be yewoawɔ?
11 Mehiã be amesiwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu le ƒe si va yi me ƒe akpa gãtɔ nawɔ tɔtrɔ gã siawo tɔgbe o. Gake wo katã trɔ tso gbɔgbɔmeku me va le agbe le gbɔgbɔ me. (Efesotɔwo 2:1) Togbɔ be wogale xexeame le ŋutilã me hã la, womenye eƒe akpa aɖeke o. (Yohanes 17:15, 16) Abe alesi Kristotɔ amesiaminawo ƒe “dumetɔnyenye le dziƒo” ene la, woawo hã wole abe “amedzrowo kple mɔzɔlawo” ene. (Filipitɔwo 3:20; Petro I, 2:11) Wova le agbe nɔm ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu, eye lɔlɔ̃ na Mawu kple havilɔlɔ̃e nye nu vevitɔ si ʋãa wo. (Mateo 22:37-39) Wometia woawo ŋutɔ kple ŋutilã me taɖodzinuwo yome alo susu be ehiã be yewoadi dzidzedzekpɔkpɔ le xexe sia me o. Ke boŋ wona woƒe ŋku nɔa “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ” si ŋugbe wodo la dzi.—Petro II, 3:13; Korintotɔwo II, 4:18.
12. Ƒe si va yi ƒe dɔ ka ŋue wobu akɔnta le si fia be esi Yesu va la, ekpɔ “xɔse la le anyigba la dzi”?
12 Esime Abraham ʋu yi Kanaan la, eya kple eƒe ƒomea ɖeɖekoe nɔ anyi eye Yehowa koe li akpe ɖe wo ŋu ahakpɔ wo ta. Gake Kristotɔ nyɔnyrɔxɔla yeye 316,092 siawo metsi akogo kura o. Nyateƒee, Yehowa kpena ɖe wo ŋu eye ekpɔa wo ta to eƒe gbɔgbɔa dzi, abe alesi wòwɔ na Abraham ene. (Lododowo 18:10) Gake tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpena ɖe wo ŋu to dukɔwo dome “dukɔ” si le dzidzim ɖe edzi la dzi, eye eme tɔwo sɔ gbɔ wu xexemedukɔ geɖe egbea. (Yesaya 66:8) Le ƒe si va yi me la, dukɔ sia me tɔ 5,888,650 ye ƒo nu tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu na wo haviwo tsɔ ɖee fia be yewoƒe xɔse le agbe. (Marko 13:10) Wozã gaƒoƒo 1,186,666,708 nukutɔe le dɔ sia wɔwɔ me tsɔ nɔ didim be yewoake ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu. Ewɔe be wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 4,302,852 kple ame bubu siwo hã di be xɔse nanɔ yewo si. Nu bubu si gaɖe woƒe dzonɔameme fiae nye be, “dukɔ” sia me tɔ 698,781 ye wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa alo wɔe ɣleti ɖeka alo esi wu nenema. (Dɔ si Yehowa Ðasefowo wɔ le ƒe si va yi me ŋu nya bubuwo le axa 12 va ɖo 15.) Akɔntabubu ɖedzesi sia nye nya si Yesu bia be, “Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?” ƒe ŋuɖoɖo nyui ŋutɔŋutɔ.
Wowɔ Nuteƒe le Dodokpɔwo Me
13, 14. Ƒo nu tso kuxi siwo ɖe fu na Abraham kple eƒe ƒomea le Kanaan dometɔ aɖewo ŋu.
13 Nuwo me sesẽna na Abraham kple eƒe aƒemetɔwo le Kanaan zi geɖe. Zi ɖeka ya teti la, dɔ to ale gbegbe be eɖe wo ɖe nu wodzo le Kanaan yi Egipte. Gakpe ɖe eŋu la, Egipte-dziɖula kple Gerar (si te ɖe Gaza ŋu) ƒe dziɖula siaa di be yewoaxɔ Abraham srɔ̃ Sara, ne yewoaɖee. (Mose I, 12:10-20; 20:1-18) Dzre hã ɖo Abraham ƒe lãkplɔlawo kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome, eye nusia na aƒekɔ evea dome mã. Abraham medi eɖokui tɔ o ale be ena Lot tia anyigba gbã, eye Lot tia be yeanɔ Yordan Nutome, si ɖi Eden le alesi anyigba la nyo eye wònya kpɔ ta.—Mose I, 13:5-13.
14 Azɔ hã Lot tsi aʋa esime fia si tso keke Elam ke kple etɔwo kpakple du atɔ̃ siwo le Sidim-gbadzaƒe ƒe fiawo kpe aʋa. Duta fiaawo si nutoa me fiaawo eye wolɔ aboyonu geɖe kpakple Lot kple eƒe nunɔamesiwo. Esi Abraham se nusi dzɔ la, ekplɔ duta fiaawo ɖo vɔvɔ̃manɔmee eye egbugbɔ xɔ Lot kple eƒemetɔwo, kpakple nutoa me fiawo ƒe nunɔamesiwo. (Mose I, 14:1-16) Gake menye nu mae nye nu sesẽtɔ kekeake si dzɔ ɖe Lot dzi le Kanaan o. Le susu aɖe ta la, eva nɔ Sodom, togbɔ be wonya agbegbegblẽnɔnɔ na dua me tɔwo hã.b (Petro II, 2:6-8) Esi mawudɔla eve va gblɔ na Lot be wogbɔna dua tsrɔ̃ ge la, wo kple srɔ̃a kpakple vianyɔnuwo wosi dzo. Gake Lot srɔ̃ ŋe aɖaba ƒu nusi tututu mawudɔlaawo be womegawɔ o dzi, eye ewɔe be ezu dzekɔ. Naneke megava nɔ Lot si o wòhiã be eya kple vianyɔnu eveawo woanɔ agado me le Zoar hena ɣeyiɣi aɖe. (Mose I, 19:1-30) Nudzɔdzɔ siawo anya ɖe fu na Abraham ŋutɔ, vevietɔ esi wònye Lot hã nɔ Abraham ƒemetɔwo dome hafi wova Kanaan ta.
15. Togbɔ be kuxiwo dze ŋgɔ Abraham esime wònɔ agbadɔ me le dzronyigba dzi hã la, edze ƒã be susu gbegblẽ kawoe wòƒo asa na?
15 Ðe wòwɔ na Abraham be ɖe yenya kura ne ye kple Lot yewonɔ Ur le ye fofo ƒe ƒometɔwo gbɔ le dedienɔnɔ me alo nɔ ye nɔviŋutsu Naxor gbɔ le Xaran hafia? Ðe wòbui be anyo wu ne ɖe yetso aƒe ɖe dugã si ŋu gli le me ahanɔ dedie tsɔ wu be yeanɔ agbadɔwo me hafia? Ðewohĩ ɖe wòva nɔ tame bum eveve be tiatia nyui wònye yewɔ be yeva zu tsatsala le dzronyigba dzia? Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom le Abraham kple eƒe ƒomea ŋu la, egblɔ be, ‘Nenye ɖe wogakpɔtɔ nɔ ŋku ɖom anyigba si dzi wodzo le dzi la, anye ne wokpɔ vovo gbugbɔ yi.’ (Hebritɔwo 11:15) Gake womegbugbɔ yi o. Nɔnɔme sesẽawo meɖe dzi le wo ƒo o, ale be woganɔ afisi Yehowa di be woanɔ.
Dzidodo Egbea
16, 17. (a) Kuxi kawoe dzea ŋgɔ Kristotɔ geɖe egbea? (b) Nukpɔsusu nyui kae le Kristotɔwo si? Nukatae?
16 Nenema ke Kristotɔwo doa dzi egbeae. Togbɔ be dzi dzɔa wo le Mawu subɔsubɔ me hã la, agbenɔnɔ mele bɔbɔe na Kristotɔwo le ŋkeke mamlɛ siawo me o. Togbɔ be wole gbɔgbɔmeparadiso me hã la, ganyawo ɖea fu na wo abe woƒe nutometɔwo ke ene. (Yesaya 11:6-9) Dukɔwo ƒe aʋa siwo wɔm wole gblẽ nu le wo dometɔ geɖe ŋu dzodzro, eye wo dometɔ aɖewo zu hiãtɔ kolikoliwo evɔ menye woawoe wɔ naneke hafi o. Azɔ hã wokpea fu le esi wonye ƒuƒoƒo sue si ƒe nu medzɔa dzi na amewo o ta. Woɖea gbeƒã nyanyuia le dukɔ geɖe me evɔ amewo metsɔa ɖeke le eme na wo kura o. Le dukɔ bubuwo me la, amesiwo ‘wɔa se ŋudɔ tsɔ dia nya na ame’ dia ge le wo ŋu le ayeme eye “[wobua] fɔ ʋu maɖifɔ.” (Psalmo 94:20, 21) Le dukɔ siwo me womeɖea fu na Kristotɔwo le o eye ame aɖewo kafua wo le woƒe dzidzenu kɔkɔawo ta gɔ̃ hã la, woawo ŋutɔ kpɔnɛ dzea sii be yewo to vovo na yewoƒe suku kple dɔwɔ hatiwo—abe alesi ko Abraham nɔ agbadɔwo me eye ame bubu siwo ƒo xlãe la nɔ duwo me ene. Ẽ, mele bɔbɔe be woanɔ xexeame gake ‘womanye eƒe akpa aɖeke o.’—Yohanes 17:14.
17 Ekema ɖe wòte ɖe mía dzi be míeɖe adzɔgbe na Mawua? Ðe wòwɔ na mí be ne ɖe míenya kura ne míekpɔtɔ nye xexeame ƒe akpa aɖe hewɔ nu abe amesiame enea? Ðe míefaa konyi le nusiwo míetsɔ sa vɔe le Yehowa subɔsubɔ taa? Kura o! Le esi nusiwo míegblẽ ɖi naganɔ mía dzrom teƒe la, míedze sii be nuka kee míegblẽ ɖi o, asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ aɖeke mele eŋu ne míetsɔe sɔ kple yayra siwo míekpɔna fifia kple esiwo míava kpɔ le etsɔme o. (Luka 9:62; Filipitɔwo 3:8) Evɔ ɖe, ɖe xexeametɔwo le dzidzɔ kpɔma? Nyateƒeae nye be, wo dometɔ geɖe le ŋuɖoɖo dim na biabia siwo míawo míekpɔ ta na xoxo. Wokpea fu le esi womewɔna ɖe mɔfiame siwo míexɔ tso Mawu gbɔ to Biblia me hewɔna wo ŋudɔ dzi o ta. (Psalmo 119:105) Eye xɔlɔ̃wɔwɔ si ƒomevi le Kristotɔwo si kple hadede vivi si le mía kple haxɔsetɔwo dome dzroa wo dometɔ geɖe vevie.—Psalmo 133:1; Kolosetɔwo 3:14.
18. Nukae dona tsoa eme mlɔeba ne Kristotɔwo ɖe dzinɔameƒo fia abe Abraham ene?
18 Nyateƒee, ɣeaɖewoɣi ele be dzi nanɔ mía ƒo abe alesi dzi nɔ Abraham ƒo wòkplɔ Lot lélawo ɖo ene. Gake ne dzi le mía ƒo la, Yehowa ayra ɖe nusiwo ado tso eme la dzi. Le kpɔɖeŋu me le Northern Ireland la, kɔmamãwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ wɔe be fuléle va xɔ amewo me ale gbegbe, eye ebia dzinɔameƒo bene woagade akpa aɖeke dzi o. Gake Kristotɔ wɔnuteƒewo wɔna ɖe nya siwo Yehowa gblɔ na Yosua dzi be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò [o]. Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.” (Yosua 1:9; Psalmo 27:14) Alesi wonɔ te vɔvɔ̃manɔmee le ƒeawo me wɔe be wodea bubu wo ŋu, eye egbea wote ŋu ɖea gbeƒã faa le nutowo katã me le dukɔ ma me.
19. Afikae Kristotɔwo le wònye dzidzɔ na wo, eye ne wowɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi la, emetsonu kae wokpɔa mɔ na?
19 Mele be míake ɖi gbeɖe o be, nɔnɔme ka kee míedze ŋgɔe o, ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi la, nusi ava do tso eme mlɔeba anye kafukafu nɛ eye wòaɖe vi na míawo tegbee. Togbɔ be míedoa go kuxiwo eye míetsɔa nanewo saa vɔe hã la, teƒe bubu aɖeke megali míanɔ wu Yehowa subɔsubɔ me anɔ ha dem kple mía nɔvi Kristotɔwo ahatsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na etsɔme mavɔ si ŋugbe Mawu do o.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Anye be Abraham xɔ tɔgãyɔvia Lot nyi esime Lot fofo si nye Abraham nɔviŋutsu ku.—Mose I, 11:27, 28; 12:5.
b Ame aɖewo gblɔ be esi fia eneawo va ɖe aboyo Lot ta la, eva nɔ dugã me emegbe kple susu be yeanɔ dedie nyuie.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Nukatae xɔse sesẽ hiã vevie?
◻ Aleke Abraham ɖee fiae be xɔse sesẽ le ye si?
◻ Aleke adzɔgbeɖeɖe bia tɔtrɔwo wɔwɔ le ame ƒe agbe mee?
◻ Nukatae dzi dzɔa mí be míele Mawu subɔm togbɔ be kuxiwo li hã?
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Abraham lɔ̃ be yeawɔ tɔtrɔ gãwo le yeƒe agbe me bene ŋugbedodoa naka ye si
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Kpeɖodzi li be Yesu kpɔ “xɔse la le anyigba la dzi” le eƒe anyinɔɣi