“Mido Ŋusẽ Miaƒe Dziwo”
“Dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la [ƒe emevava].”—HEBRITƆWO 10:36.
1, 2. (a) Nukae dzɔ ɖe Kristotɔ geɖe dzi le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Nukatae xɔse ate ŋu agbɔdzɔ bɔbɔe?
BIBLIA-ŊLƆLAWO dometɔ aɖeke meyɔ xɔse zi gbɔ zi geɖe wu apostolo Paulo o. Eye zi geɖe la, eƒoa nu tsoa amesiwo ƒe xɔse gbɔdzɔ alo ku ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, Himenaio kple Aleksandro “wodze go le xɔse gome abe ʋu dzego ene.” (Timoteo I, 1:19, 20) Dema gblẽ Paulo ɖi le esi “wògalɔ̃ fifi xexe sia me” ta. (Timoteo II, 4:10) Ame aɖewo ‘gbe xɔse la’ le esi womenɔ agbe si dze Kristotɔwo o eye womeɖɔ ŋu ɖo o ta. Nukpɔsusu totrowo flu ame bubuwo eye ‘wotra mɔ tso xɔse la gbɔ.’—Timoteo I, 5:8; 6:20, 21.
2 Nukata Kristotɔ amesiamina siawo do kpo nu le mɔ siawo nu? Nya lae nye be, “xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.” (Hebritɔwo 11:1) Nusi míaƒe ŋku mekpɔ haɖe o dzie míetua xɔse ɖo. Xɔse mahiã ne míele nuawo kpɔm xoxo o. Ele bɔbɔe be míadagba ɖe kesinɔnu si wokpɔna ŋu wu be míadze agbagba ɖe gbɔgbɔmekesinɔnu si womekpɔna o ŋu. (Mateo 19:21, 22) Nu geɖe siwo míekpɔna—abe ‘ŋutilã ƒe nudzodzro kple nusiwo dzroa ŋku’—dzroa míaƒe ŋutilã madebliboa vevie eye woate ŋu ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ.—Yohanes I, 2:16.
3. Xɔse ka ƒomevie wòle be Kristotɔ natu ɖo?
3 Ke hã Paulo gblɔ be, “amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” Xɔse ma tɔgbe nɔ Mose si. “Ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa” eye “edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.” (Hebritɔwo 11:6, 24, 26, 27) Xɔse sia tɔgbe hiã Kristotɔ. Abe alesi míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Abraham ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le go sia me.
Abraham ƒe Xɔse ƒe Kpɔɖeŋu
4. Aleke xɔse kpɔ ŋusẽ ɖe Abraham ƒe agbenɔnɔ blibo dzii?
4 Ur ye Abraham nɔ hafi Mawu do ŋugbe nɛ be adzi vi aɖe si anye yayra na dukɔwo katã me tɔwo. (Mose I, 12:1-3; Dɔwɔwɔwo 7:2, 3) Le ŋugbedodo ma ta la, Abraham se Yehowa ƒe gbe eye wòʋu yi Xaran gbã eye emegbe wògaʋu yi Kanaan. Afimae Yehowa do ŋugbe le be yeatsɔ anyigba la ana Abraham ƒe dzidzimeviwo. (Mose I, 12:7; Nexemya 9:7, 8) Gake Abraham ƒe ku megbe hafi nusiwo ŋugbe Yehowa do la dometɔ geɖe ava eme. Le kpɔɖeŋu me, Kanaan-nyigba ƒe akpa aɖeke menye Abraham ŋutɔ tɔ kpɔ o—negbe Maxpela-kpeto si wòƒle wònye ameɖiƒe ko. (Mose I, 23:1-20) Ke hã eka ɖe Yehowa ƒe nya dzi. Ƒo wo katã ta la, exɔe se be “du, si gɔmeɖoɖoanyi li na, esi ƒe aɖaŋuwɔla kple tula enye Mawu” la ava le etsɔme. (Hebritɔwo 11:10) Xɔse sia lée ɖe te le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
5, 6. Aleke wodo alesi Abraham xɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo dzi se kpɔe?
5 Nusia dze vevietɔ le ŋugbe si wodo be Abraham ƒe dzidzimevi ava zu dukɔ gã la me. Bene nusia nava eme la, ele be viŋutsu nanɔ Abraham si, eye elala ɣeyiɣi didi aɖe be woana ɖe ye. Míenya ƒe si wòxɔ esime Mawu do ŋugbe nɛ zi gbãtɔ o, gake esi wòzɔ mɔ legbe yi Xaran la, Yehowa mena vii haɖe o. (Mose I, 11:30) Enɔ Xaran eteƒe didi ale gbegbe be ‘kesinɔnuwo kple ame geɖe va su esi,’ eye esime wòʋu yi Kanaan la, exɔ ƒe 75 eye srɔ̃a Sarah hã xɔ ƒe 65. Ke hã womedzi vi kpɔ haɖe o. (Mose I, 12:4, 5) Esi Sarah ɖo eƒe ƒe 70-awo domedome la, etsɔe be yetsi akpa ale be yemagate ŋu adzi vi na Abraham o. Eyata ewɔ ɖe kɔnu si wowɔna ɣemaɣi dzi ale be wòtsɔ eƒe kosi Hagar na Abraham, eye wòdzi viŋutsu nɛ. Gake menye eyae nye ŋugbedodovi la o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova nyã Hagar kple via, Ismael. Ke esi Abraham ɖe kuku ɖe wo ta la, Yehowa do ŋugbe be yeayra Ismael.—Mose I, 16:1-4, 10; 17:15, 16, 18-20; 21:8-21.
6 Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi—si nye ƒe gbogbo aɖe tso esime wose ŋugbedodoa zi gbãtɔ megbe—la, Abraham si xɔ ƒe 100 kple Sarah si hã xɔ ƒe 90 la dzi viŋutsu, Isak. Anya wɔ nuku na wo ale gbegbe! Le atsu kple asi tsitsi siawo gome la, ɖeko wònɔ abe ɖe wogafɔ woƒe ŋutilã “si ku xoxo” la ɖe tsitre va agbe yeye me ene. (Romatɔwo 4:19-21) Wolala eteƒe didi, gake esi ŋugbedodoa va eme mlɔeba ta la, enyo be wolala.
7. Kadodo kae le xɔse kple dzidodo dome?
7 Abraham ƒe kpɔɖeŋua ɖo ŋku edzi na mí be mele be xɔse nanye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nu o. Paulo tsɔ xɔse do ƒome kple dzidodo esime wòŋlɔ be: “Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la ƒe emevava. . . . Míawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo si xɔse le hena luʋɔ xɔxɔ ɖe agbe la dometɔwo míenye.” (Hebritɔwo 10:36-39, NW) Ame geɖe lala ŋugbedodoa me vava ɣeyiɣi didi aɖe. Ame aɖewo lala le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Woƒe xɔse sesẽ la lé wo ɖe te. Eye abe Abraham ene la, woawo hã woaxɔ teƒeɖoɖoa le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.—Xabakuk 2:3.
Toɖoɖo Mawu
8. Aleke míeɖoa to Mawu egbea, eye nukatae nusia ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse?
8 Ne mede ɖeke o la, nu ene ya teti ye do ŋusẽ Abraham ƒe xɔse, eye nusiawo ke ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu. Gbã, ewɔ ɖe nya siwo Yehowa gblɔ dzi tsɔ ɖee fia be ‘yexɔe se be Mawu li.’ Eyata menɔ abe Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yeremya ŋɔli, amesiwo xɔ Yehowa dzi se gake gbe eƒe nyawo dzi wɔwɔ ene o. (Yeremya 44:15-19) Egbea Yehowa ƒoa nu na mí to Biblia, eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me dzi, si Petro gblɔ be ele abe “akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, . . . le miaƒe dziwo me.” (Petro II, 1:19) Ne míexlẽa Biblia eye míetsɔa susu kplɔnɛ ɖo la, ke ‘míetsɔ xɔse ƒe nyawo le mía ɖokui nyim’ enye ma. (Timoteo I, 4:6; Romatɔwo 10:17) Gakpe ɖe eŋu la, le ŋkeke mamlɛ siawo me la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu nam le ɣeyiɣi nyui dzi,’ eye efiaa alesi míawɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ kple alesi míawɔ ase Biblia ƒe nyagblɔɖiwo gɔmee. (Mateo 24:45-47) Toɖoɖo Yehowa to mɔ siawo dzi koe nye nusi ana xɔse sesẽ nanɔ mía si.
9. Nukae adzɔ ne míeka ɖe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa dzi vavã?
9 Kadodo kplikplikpli aɖe nɔ Abraham ƒe xɔse kple eƒe mɔkpɔkpɔ dome. ‘Ekpɔ mɔ le xɔse me be yeava zu dukɔ geɖewo fofo.’ (Romatɔwo 4:18) Esiae nye nu evelia si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Mele be míaŋlɔe be gbeɖe o be Yehowa nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” Apostolo Paulo gblɔ be: “Míele dɔ wɔm sesĩe hele ʋiʋlim vevie, elabena míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo Mawu gbagbe, . . . la dzi.” (Timoteo I, 4:10, NW) Ne míeka ɖe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa dzi vavã la, agbe si míanɔ katã afia be xɔse le mía si, abe alesi wònɔ le Abraham gome ene.
Nuƒoƒo Kple Mawu
10. Gbedodoɖa ka ƒomevie ado ŋusẽ míaƒe xɔse?
10 Abraham ƒo nu kple Mawu, eye nusiae nye nu etɔ̃lia si do ŋusẽ eƒe xɔse. Egbea míawo hã míate ŋu azã gbedodoɖa ƒe nunana la ato Yesu Kristo dzi aƒo nu kple Yehowa. (Yohanes 14:6; Efesotɔwo 6:18) Esi Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ te gbe ɖe alesi gbedodoɖa ɖaa hiã dzi vɔ hafi wòbia be: “Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?” (Luka 18:8) Gbedodoɖa si tua xɔse ɖo menye esi ŋu womabu hafi ado ɖa loo alo anɔ dodom ɖa abe kɔnu ko ene o. Enye esi ŋu gɔmesese deto le. Le kpɔɖeŋu me, gbedodoɖa tso dzime hiã vevie ne wòhiã be míawɔ nyametsotso veviwo alo ne míeɖo xaxa gã aɖe me.—Luka 6:12, 13; 22:41-44.
11. (a) Aleke ŋusẽ gaɖo Abraham ŋu esi wògblɔ eƒe dzimenyawo na Mawu? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Abraham ƒe nya la mee?
11 Esi Abraham nɔ tɔgbui kum eye Yehowa mena ŋugbedodovi lae haɖe o la, egblɔ eƒe dzimenyawo na Mawu. Yehowa na kakaɖedzii. Nukae do tso eme? Abraham “[xɔ] Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee.” Emegbe Yehowa wɔ dzesi aɖe tsɔ ɖo kpe eƒe dzideƒonyaawo dzi nɛ. (Mose I, 15:1-18) Ne míegblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa le gbedodoɖa me, eye míexɔ Yehowa ƒe dzideƒonya siwo le eƒe Nya, Biblia me, eye míeɖo toe le xɔse blibo me la, ekema Yehowa hã ado ŋusẽ míaƒe xɔse.—Mateo 21:22; Yuda 20, 21.
12, 13. (a) Aleke woyra Abraham esi wòwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi? (b) Nuteƒekpɔkpɔ kawo ƒomevie ado ŋusẽ míaƒe xɔse?
12 Nu enelia si do ŋusẽ Abraham ƒe xɔsee nye kpekpeɖeŋu si Yehowa nae esi wòwɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi. Esi Abraham yi be yeaxɔ Lot le fia siwo va dze wo dzi si me la, Yehowa na wòɖu dzi. (Mose I, 14:16, 20) Esime Abraham nye amedzro le anyigba si dome eƒe dzidzimeviwo ava nyi dzi la, Yehowa yrae wòkpɔ ŋutilãmenu geɖe. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 14:21-23.) Yehowa fia mɔ eƒe dɔla esime wònɔ agbagba dzem be yeadi srɔ̃nyɔnu si sɔ na Isak. (Mose I, 24:10-27) Ẽ, Yehowa “yra Abraham le nuwo katã me.” (Mose I, 24:1) Ewɔe be xɔse sesẽ va nɔ esi eye wo kple Yehowa Mawu dome nɔ kplikplikpli ale gbegbe be Yehowa yɔe be “xɔ̃nye.”—Yesaya 41:8; Yakobo 2:23.
13 Ðe xɔse sesẽ sia tɔgbe ate ŋu anɔ mía si egbea? Ẽ. Ne míedo Yehowa kpɔ to eƒe sededewo dzi wɔwɔ me, abe Abraham ene la, ayra míawo hã, eye toɖoɖo alea ado ŋusẽ míaƒe xɔse. Le kpɔɖeŋu me, ŋkuléle ɖe Ƒe 1998 Subɔsubɔƒea ƒe Akɔntabubu ŋu fia be woyra ame geɖe le mɔ wɔnuku aɖewo nu esime wowɔ ɖe eƒe sedede be woaɖe gbeƒã nyanyuia dzi.—Marko 13:10.
Xɔse Ðeɖefia Egbea
14. Aleke Yehowa yra ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia mamã dzii?
14 Le October 1997 me la, Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia mamã le xexeame godoo kpɔ dzidzedze wòɖe dzesi, le Ðasefo miliɔn geɖe ƒe veviedodo kple dzonɔameme ta. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye nusi dzɔ le Ghana. Womã ɖekaɖeka miliɔn 2.5 kloe le gbegbɔgblɔ ene me, eye ewɔe be ame 2,000 kloe bia be woasrɔ̃ Biblia kple yewo. Le Cyprus la, Ðasefo eve aɖewo kpɔe be nunɔla aɖe nɔ yewo yome esime wonɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mãm. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ɖeka nɛ. Ðeka nɔ esi xoxo eye wògblɔ be: “Emenyawo wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be medi be mado dɔnɔ na amesiwo tae.” Le Denmark la, womã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya miliɔn 1.5 eye nu nyuiwo do tso eme. Nyɔnu aɖe si le dɔwɔƒe si ɖea nu me na amewo le afima gblɔ be: “Nya le trakt la me na amesiame. Egɔmesese le bɔbɔe, eʋãa ame, eye enyɔa didi ɖe ame me be wòaganya nu geɖe. Eɖe kpe vavã!”
15. Nuteƒekpɔkpɔ kawoe fia be Yehowa yra ɖe agbagba siwo wodze be woaɖo amewo gbɔ le afisiafi dzi?
15 Le ƒe 1998 me la, menye aƒewo me koe wodze agbagba be woaɖe gbeƒã na amewo le o ke le afisiafi hã. Le Côte d’Ivoire la, srɔ̃tɔ dutanyanyuigblɔla aɖewo yi tɔdziʋu 322 me le melidzeƒe. Wona agbalẽ 247, magazine 2,284, agbalẽ gbadza 500, kple trakt alafa geɖe, kpakple videowo bene ƒudzidɔwɔlaawo nanɔ kpɔkpɔm ne woyi tɔ dzi. Le Canada la, Ðasefo aɖe yi ʋudzraɖoƒe aɖe. Dɔwɔƒea ɖola tsɔ ɖe le eme, eye nɔvia nɔ afima gaƒoƒo ene kple afã sɔŋ, togbɔ be anɔ gaƒoƒo ɖeka koe wòtsɔ ɖi ɖase nɛ le ɣeyiɣi siwo tso asisi vovovo ƒe vava kple dzodzo dome hã. Mlɔeba wova wɔ ɖoɖo be woasrɔ̃ nu le zã ga 10:00 me. Gake ɣeaɖewoɣi womedzea egɔme kaba o vaseɖe zãtiƒe hafi eye wowɔnɛ vaseɖe fɔŋli ga eve. Ðoɖoa dzi wɔwɔ sesẽ ŋutɔ, gake nu nyuiwo do tso eme. Ŋutsua ɖoe be yeatu dɔwɔƒea le Kwasiɖagbewo ale be yeate ŋu ade kpekpewo. Eteƒe medidi o eya kple eƒe ƒomea me tɔwo va nɔ ŋgɔyiyi nyui wɔm.
16. Nuteƒekpɔkpɔ kawoe fia be Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple Sidzedze-gbalẽa nye dɔwɔnu sẽŋuwo le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me?
16 Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadza la kple Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me gbalẽa kpɔtɔ nye dɔwɔnu sẽŋu aɖewo le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. Le Italy la, nyɔnu saɖagaxɔmenɔla aɖe si nɔ bɔs dzɔm la xɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ɖeka. Wogate ɖe eŋu le ŋufɔke eye wòxɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la. Le ema megbe la, wosrɔ̃a Biblia kplii aɖabaƒoƒo 10 va ɖo 15 le bɔsdzeƒea gbesiagbe. Le ɣleti ɖeka kple afã megbe la, etso nya me be yeadzo le nyɔnuwo ƒe saɖagaxɔa me ayi wo de le Guatemala ayi nusɔsrɔ̃a dzi. Le Malawi la, sɔlemedela dovevienu aɖe si ŋkɔe nye Lobina bi dzi esi vianyɔnu eve dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Ke hã nyɔnuviawo gblɔa Biblia ƒe nyateƒea na wo dada ne wokpɔ asinu. Le June 1997 me la, Lobina kpɔ Sidzedze-gbalẽa eye nyagbɔgblɔ “Sidzedze si Kplɔa Ame” nyɔ eƒe ɖetsɔleme. Elɔ̃ le July me be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Ede nutome gã takpekpe le August me ɖo to se nuƒoawo katã nyuie. Kaka ɣleti ma nawu enu la, edo le eƒe sɔlemehaa me eye edze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Exɔ nyɔnyrɔ le November 1997 me.
17, 18. Aleke Habɔbɔa ƒe videowo ɖe vi ale be wokpe ɖe amewo ŋu ‘wokpɔ’ gbɔgbɔmenuwo?
17 Habɔbɔa ƒe videowo kpe ɖe ame geɖe ŋu be ‘wokpɔ’ nu le gbɔgbɔ me. Le Mauritius la, ŋutsu aɖe do le eƒe sɔlemeha me le ɖekawɔwɔ si mele afima o ta. Dutanyanyuigblɔla aɖe to video si nye United by Divine Teaching dzi na wòkpɔ alesi Yehowa Ðasefowo wɔ ɖekae. Ewɔ dɔ ɖe ŋutsua dzi wògblɔ be: “Mi Yehowa Ðasefowo miele Paradiso me xoxo ɖe!” Elɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye. Nɔvinyɔnu aɖe si le Japan ɖe video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name fia srɔ̃a dzimaxɔsetɔ eye eʋãe wòdze Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi gɔme. Esi wòkpɔ United by Divine Teaching vɔ la, edi be yeazu Yehowa Ðasefo. Video si nye The Bible—A Book of Fact and Prophecy si le akpa etɔ̃ me kpe ɖe eŋu be wòtsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe le eƒe agbe me. Mlɔeba Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault fiae be Yehowa kpena ɖe Eƒe amewo ŋu wonɔa te ɖe Satana ƒe amedzidzedzewo nu. Ŋutsua xɔ nyɔnyrɔ le October 1997 me.
18 Esiawo nye nu geɖe siwo teƒe amewo kpɔ le ƒe si va yi me la dometɔ ʋee aɖewo ko. Woɖee fia be xɔse gbagbe le Yehowa Ðasefowo si eye be Yehowa le woƒe dɔwɔna yram tsɔ le ŋusẽ dom woƒe xɔse.—Yakobo 2:17.
Tu Xɔse Ðo Egbea
19. (a) Aleke nuwo de mía dzi wu Abraham? (b) Ame nenie ƒo ƒu ɖo ŋku Yesu ƒe vɔsakua dzi le ƒe si va yi me? (d) Dukɔ kawo ƒe Ŋkuɖodzivalawoe ɖe dzesi le ƒe si va yi me? (Kpɔ akɔntabubu si le axa 12 va ɖo 15.)
19 Nu geɖe de mía dzi egbea wu Abraham. Míenya be Yehowa wɔ ŋugbe siwo katã wòdo na Abraham dzi. Abraham ƒe dzidzimeviwo va nyi Kanaan-nyigba dome, eye wova zu dukɔ gã vavã. (Fiawo I, 4:20; Hebritɔwo 11:12) Gakpe ɖe eŋu la, anye ƒe 1,971 tso esime Abraham ʋu le Xaran megbe la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela nyrɔ eƒe dzidzimevi ɖeka si nye Yesu ɖe tsi me eye emegbe Yehowa ŋutɔ tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔe wòzu Mesia, Abraham ƒe Dzidzimevi le gɔmesese deblibo si nye gbɔgbɔmetɔ nu. (Mateo 3:16, 17; Galatiatɔwo 3:16) Le Nisan 14, 33 M.Ŋ. me la, Yesu tsɔ eƒe agbe na tafee ɖe amesiwo ava xɔ edzi ase ta. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Fifia ame miliɔn geɖe ate ŋu ato edzi akpɔ yayra. Le ƒe si va yi me la, ame 13,896,312 ye ƒo ƒu le Nisan 14 lia dzi ɖo ŋku lɔlɔ̃ nuwɔna wɔnuku sia dzi. Yehowa, ŋugbedodowo Dzi Wɔla Gãtɔ la taʋiʋli ka gbegbee nye si!
20, 21. Aleke dukɔwo katã me tɔwo to Abraham ƒe Dzidzimevia dzi yra wo ɖokui le ƒe alafa gbãtɔa me, eye aleke wole wo ɖokui yram egbea?
20 Le ƒe alafa gbãtɔa me la, ame geɖe siwo tso dukɔwo katã me—edze egɔme gbã tso ŋutilã me Israel dzi—ɖe Abraham ƒe Dzidzimevi sia dzixɔxɔse fia eye wova zu Mawu ƒe vi amesiamina siwo nye ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel’ yeyea me tɔwo. (Galatiatɔwo 3:26-29; 6:16; Dɔwɔwɔwo 3:25, 26) Wole mɔ kpɔm kple kakaɖedzi be yewoava nɔ agbe anye gbɔgbɔmeme makumakuwo le dziƒo anye hatidziɖulawo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me. Ame 144,000 koe woayra le mɔ sia nu, eye wo dometɔ ʋee aɖewo gakpɔtɔ li. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 7:4) Le ƒe si va yi me la, ame 8,756 ye ɖu kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ɖuƒe tsɔ ɖo kpe edzi be yewoxɔe se be yewo le ame xexlẽme sia dome.
21 Egbea Yehowa Ðasefowo katã kloe nye “ameha gã” si ƒe nya wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia 7:9-17 me tɔwo. Esi wotoa Yesu dzi yraa wo ɖokui ta la, mɔkpɔkpɔ le wo si be yewoanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 21:3-5) Ame 5,888,650 siwo wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ƒe 1998 me nye kpeɖodzi be ameha sia ‘lolo’ nyateƒe. Enye dzidzɔnya gã be Russia kple Ukraine siaa bu gbeƒãɖela 100,000 kple edzivɔ ƒe akɔnta zi gbãtɔ. Nu bubu si gaɖe dzesie nye akɔntabubu si tso United States—gbeƒãɖela 1,040,283 le August me! Esiawo nye dukɔ 19 siwo bu gbeƒãɖela 100,000 kple edzivɔ ƒe akɔnta le ƒe si va yi me la dometɔ etɔ̃ pɛ ko.
Mɔkpɔkpɔa Ava Eme Kpuie
22, 23. (a) Nukatae wòle be míado ŋusẽ míaƒe dziwo egbea? (b) Aleke míaɖee afia be míele abe Abraham ene, ke menye abe xɔsemanɔsitɔ siwo ƒe nya Paulo gblɔ ene o?
22 Woɖo ŋku afisi míeɖo le Yehowa ƒe ŋugbedodowo me vava me dzi na amesiwo de Ŋkuɖodzia. Woɖo Yesu zi dzi le ƒe 1914 me wòzu Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me dze egɔme. (Mateo 24:3; Nyaɖeɖefia 11:15) Ẽ, Abraham ƒe Dzidzimevia le dzi ɖum le dziƒo fifia! Yakobo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le eŋɔli be: “Migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.” (Yakobo 5:8) Nya lae nye be, eva li xoxo! Enye susu vevi bubu si ta wòle be míado ŋusẽ míaƒe dziwo!
23 Mina míato Biblia sɔsrɔ̃ ɖaa kple gbedodoɖa si ŋu gɔmesese le me aganɔ ŋusẽ yeye dom alesi míeka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzii. Neva eme be esi míele Yehowa ƒe Nya dzi wɔm la, eƒe yayrawo nu nagatso na mí o. Ekema míanɔ abe Abraham ene, ke menye abe amesiwo Paulo gblɔ be woƒe xɔse gbɔdzɔ alo ku ene o. Naneke mate ŋu amã mía kple míaƒe xɔse kɔkɔe la dome o. (Yuda 20) Míele gbe dom ɖa be esia nava eme na Yehowa subɔlawo katã le ƒe 1999 subɔsubɔƒea me eye wòayi edzi vaseɖe mavɔmavɔ me.
[Ènya Ŋuɖoɖoawoa?]
◻ Aleke míawɔ aɖo to Mawu egbea?
◻ Vi kawoe wòɖena ne míedo gbe ɖa na Mawu eye gɔmesese le wo ŋu?
◻ Ne míetsɔ toɖoɖo wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi la, aleke ŋusẽ agaɖo míaƒe xɔse ŋui?
◻ Ƒea ƒe akɔntabubua (axa 12 va ɖo 15) ƒe akpa kae lé dzi na wò?
[Nyaɖoɖo si le axa 12-15]
YEHOWA ÐASEFO SIWO LE XEXEA ME KATÃ ƑE ƑE 1998 SUBƆSUBƆƑEA ƑE AKƆNTABUBU
(Àkpɔe le agbalẽa ŋutɔ me)
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Ne míeɖo to Yehowa ƒe Nya la, ŋusẽ yeye agaɖo alesi míeka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzii ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ŋusẽ gaɖoa míaƒe xɔse ŋu ne míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me