INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 1/15 axa 5-9
  • Ðoe Kplikpaa Nàto Mawu ƒe Agbemɔ Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðoe Kplikpaa Nàto Mawu ƒe Agbemɔ Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Kristo—Mɔ la, Nyateƒe la, Kple Agbe La
  • Lé Ŋku Ðe Wò Zɔzɔme Ŋu Nyuie
  • “Mɔ la Enye Si, Mito Edzi”
  • Takpekpe Dodzidzɔnamewo Do Mawu Ƒe Nufiafia Ðe Ŋgɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Kpe Ta Dzidzɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Woxlɔ̃ Nu Mawu ƒe Nya Fialawo be Woawɔ Woƒe Dɔdasi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Mawu Ƒe Nya Dzi Wɔlawo Kpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 1/15 axa 5-9

Ðoe Kplikpaa Nàto Mawu ƒe Agbemɔ Dzi

Nu geɖe nɔ “Mawu ƒe Agbemɔ” Takpekpeawo me na amesiwo di be yewoasubɔ Mawu! Vavala aɖe ɖɔ takpekpea be “enye nufiame, dzideƒoname, kple numekɔkɔ ƒe ɣeyiɣi tɔxɛ.”

VAVALA bubu gblɔ be “míekpɔ nu geɖe siwo ado dzidzɔ na ame, nusiwo ŋu míade ŋugble le, kple nusiwo míasrɔ̃.” Mína míadzro nuƒoawo ŋutɔ me azɔ.

Yesu Kristo—Mɔ la, Nyateƒe la, Kple Agbe La

Esiae nye takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe tanya. (Yohanes 14:6) Nuƒo gbãtɔa gblɔ taɖodzinu si le míaƒe ƒuƒoƒo ɖekae ɖe takpekpea me la na mí be: woagafia nu mí ɖe edzi le agbenɔnɔ nyuitɔ kekeake si míate ŋu akpɔ si nye Mawu ƒe agbemɔ ŋu. Yehowa fiaa nu eƒe amewo le alesi woazɔ eƒe mɔwo dzi ŋu. Ewɔa esia to Biblia la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” kple gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. (Mateo 24:45-47; Luka 4:1; Timoteo II, 3:16) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye be xexeame ƒe Dziɖulagã nafia nu mí!

Le ɖekawɔwɔ me kple ŋkekea ƒe tanya la, nuƒo tɔxɛa ƒe tanyae nye “Kristo ƒe Tafe—Mawu ƒe Agbexɔxɔmɔ La.” Be míazɔ ɖe Mawu ƒe agbemɔa nu la, ele vevie be míade dzesi akpa si Yesu Kristo wɔna le Yehowa ƒe tameɖoɖo me. Nuƒola la gblɔ be: “Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ agbe mavɔ tso Mawu gbɔ o, eɖanye nukae nye eƒe dzixɔse alo dɔ kawoe wòwɔ o.” Emegbe eyɔ nya tso Yohanes 3:16, si gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Kristo ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse bia be nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Egabia hã be míatsɔ míaƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa, atsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me aɖo kpe edzi, eye míanɔ agbe wòasɔ kple kpɔɖeŋu si Yesu Kristo ɖo ɖi.—Petro I, 2:21.

Nuƒo si wotsɔ dze ŋdɔa me ƒe wɔnawo gɔmee nye “Lɔlɔ̃mɔ la Medoa Kpo Nu Gbeɖe O.” Esia ku ɖe Paulo ƒe lɔlɔ̃ ɖɔɖɔ ʋãme si dze le Korintotɔwo I, 13:4-8 ŋu, eye wodzro kpukpuiawo me ɖekaɖeka. Woɖo ŋku edzi na nyaselawo be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ nye Kristotɔnyenye ƒe dzesidenu vevi aɖe eye be lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi hiã vevie le tadedeagu si dzea Yehowa ŋu me.

Emegbe nuƒo kpui etɔ̃ siwo ƒe tanyae nye “Dzilawo—Mifia Mawu ƒe Mɔ Mia Viwo” la kplɔe ɖo. Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woasubɔ Mawu to kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le [Mawu] ƒe Nya xexlẽ kple esɔsrɔ̃ me. Woate ŋu aƒã nyateƒea ɖe wo viwo me to ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi me, atrɔ asi le eŋu be wòasɔ ɖe ƒomea ƒe nuhiahiãwo nu. Ele vevie hã be woakpe ɖe ɖeviawo ŋu be woaƒo wo ɖokui ɖe hamea me dɔwɔnawo kple gbeadzi subɔsubɔdɔa me. Togbɔ be vihehe be woava zu mawuvɔ̃lawo le xexe vɔ̃ɖi sia me nye nu sesẽ hã la, ewɔwɔ nenema ɖea vi geɖe.

Nuƒo si kplɔ nuƒo kpuiawo ɖoe nye “Na Yehowa Nadzra Wò Ðo Nàzu Dɔwɔnu si Ŋu Bubu Le.” Abe alesi ko zemela trɔa asi le ze ŋui ene la, nenemae Mawu trɔa asi le amesiwo di be yewoasubɔe ŋui. (Romatɔwo 9:20, 21) Ewɔa esia to aɖaŋuɖoɖo nana le eƒe Nya la me kple to eƒe habɔbɔa dzi. Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míazã míaƒe ŋutetewo bliboe ne míeɖe mɔ le mía ɖokuiwo ŋu, wɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ, eye míelɔ̃ faa be wòafia afɔɖoƒe mí.

Azɔ nuƒoawo ƒe akpa dodzidzɔname aɖe kplɔe ɖo—“Subɔsubɔ le Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Me.” Kristotɔ subɔla 2,390 ye le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le xexeame godoo le dukɔ 148 me. Woɖo nuteƒewɔwɔ kple dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ aɖe ɖi eye wokpɔ ŋudzedze deto ɖe woƒe subɔsubɔ le dutanyigbawo dzi ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu. Esi nuƒoawo ɖo akpa sia le dukɔwo dome takpekpeawo me la, dutanyanyuigblɔlawo ƒo nu tso kuxi kple dzidzɔ siwo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me ŋu.

Ŋkeke gbãtɔ ƒe nuƒo mamlɛa ƒe tanyae nye “Ðe Woganɔa Agbe le Ku Megbea?” Biabia sia tɔtɔ ameƒomea ƒe akpe geɖe. Amewo ƒe hatsotso ɖesiaɖe dze agbagba be yewoaɖe nya sia me. Ŋuɖoɖo siwo amewo na sɔ gbɔ. Wole vovovo abe alesi amesiwo gblɔe ƒe kɔnuwo kple subɔsubɔhawo to vovoe ene. Gake ehiã be amewo nanya nyateƒea.

Eyata nuƒola la ɖe gbeƒã axa 32 ƒe agbalẽ gbadza Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku? si le amadede vovovowo me la ɖe go. Agbalẽ gbadza sia ɖe alesi luʋɔ makumaku nufiafia la wɔ dzɔ me eye wòɖe alesi nukpɔsusu sia wɔ va zu nufiafia vevi na xexeame subɔsubɔhawo katã kloe egbea la me. Edzro nusi Biblia gblɔ le luʋɔ ŋu, nusitae míekuna, kple nusi dzɔna ɖe mía dzi le ku me la me, eme kɔ nyuie le mɔ si ʋãa ame nu. Agbalẽ gbadza la ɖe mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo kple ame gbagbewo hã me. Yayra ka gbegbee nye si agbalẽ sia anye na nyateƒea dilawo le afisiafi!

Lé Ŋku Ðe Wò Zɔzɔme Ŋu Nyuie

Tanya kae nye si sɔ na takpekpea ƒe ŋkeke evelia ale! (Efesotɔwo 5:15) Ŋdia me nuƒoawo ku ɖe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu. Le gbesiagbe mawunyaa me dzodzro vɔ megbe la, wɔnawo yi edzi kple nuƒo si nye “Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woava Agbemɔ la Dzi.” Le dɔ sia si hiã kpata wɔwɔ me la, ele vevie be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si, eye míade dzesii be nyateƒea gbɔgblɔ na amewo nye mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi siaa. Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. la, ame akpa gãtɔ gbe Mawu ƒe Nya la. Gake togbɔ be yometiti nɔ anyi hã la, ame aɖewo nɔ anyi ‘siwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ eye wozu xɔsetɔwo.’ (Dɔwɔwɔwo 13:48, 50; 14:1-5) Nenema ke nɔnɔmeawo le egbea. Togbɔ be ame geɖe gbe Biblia me nyateƒea hã la, míeyi edzi le amesiwo axɔe nyuie la dim.—Mateo 10:11-13.

Nuƒo si kplɔe ɖo dzro nu me le agbenya la tsɔtsɔ ɖo amewo gbɔe ƒe kuxi me. Esi wònye ele sesẽm fifia be míake ɖe amewo ŋu le aƒewo me ta la, ele be míawɔ dɔ tsitotsito eye míazã mɔnu vovovowo be míate ŋu aɖo ame akpa gãtɔ gbɔ kple Fiaɖuƒegbedasia. Le dukɔ geɖe me la, nyanyuigbeƒãɖelawo tse ku nyuiwo to telefon dzi ɖaseɖiɖi kple gbeƒãɖeɖe le anyigbamamã siwo me dɔwɔƒewo bɔ ɖo me, esia wɔe be woɖo amesiwo manya wɔ be woake ɖo hafi o la gbɔ.

Nuƒo si ƒe tanyae nye “Nusiwo Katã Kristo Ðo la Fiafia Nusrɔ̃lawo” he susu yi alesi míabi le míaƒe subɔsubɔdɔa mee ƒe vevienyenye dzi. Míaƒe nufiafia ƒe aɖaŋu ganyona ɖe edzi ne míesrɔ̃ nu tso mía nɔewo gbɔ eye míewɔ hehe adodoe si míexɔna le hame kpekpewo me ŋudɔ. Ne míebi le míaƒe nufiafia me la, míekpɔa dzidzɔ ɖe edzi eye míaƒe dzi dzea eme le míaƒe kpekpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea ƒe dɔa me.

Ŋdia me wɔnawo wu enu kple nuƒo si ɖe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ me. Nya vevi siwo nuƒola gblɔ dometɔ ɖekae nye be, ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe eye míedze agbagba vevie wɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, ayra mí eye wòalé mí ɖe te. Nunyala la ŋlɔ be: “Lé ŋku ɖe [Mawu ŋu] le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:6) Nyɔnyrɔxɔxɔ dodzidzɔnamea ŋutɔ nye takpekpea ƒe wɔna vevi aɖe si ɖee fia be ame geɖe dze egɔme be yewoanɔ agbe ɖe Mawu ƒe agbemɔ nu.

Le ɖiɖiɖemeɣi aɖe megbe la, wodze ŋdɔa me wɔnawo gɔme kple nuƒo si nye “Agbe Mavɔ Nenɔ Susu me na Wò Nàtsɔ Asubɔe.” Mawu ƒe tameɖoɖo be amegbetɔ toɖolawo nasubɔ ye le anyigba dzi tegbee ava eme. Eyata aleke gbegbe wòsɔe nye si be míana míaƒe tamebubu, tameɖoɖowo, kple mɔkpɔkpɔwo nanɔ te ɖe Yehowa subɔsubɔ dzi kple susu be míanɔ agbe mavɔ enye si! Togbɔ be míedi be míana “Mawu ƒe ŋkeke la” nanɔ susu me na mí vevie hã la, ele vevie be míaɖo ŋku edzi be míaƒe taɖodzinue nye be míasubɔ tegbee. (Petro II, 3:12) Ɣeyiɣi si Yesu ahe Mawu ƒe hlɔ̃biabia vɛ manyamanya na míele ŋudzɔ eye wòna mɔnukpɔkpɔwo mí gbesiagbe be míaɖo kpe edzi be ɖokuitɔmadimadi ƒe susue míetsɔ le Yehowa subɔmee.

Nuƒo eve siwo kplɔe ɖo dzro lɛta si Paulo ŋlɔ na Efesotɔwo, ƒe ta 4 lia me. Nusiwo me wodzro dometɔ aɖee nye yayra si ‘amewo me nunana,’ ŋutsu siwo dze le gbɔgbɔ me siwo gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo, nye na mí. Hamemegã siawo naa aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame siwo aɖe vi na mí le gbɔgbɔ me. Paulo ƒe lɛta si tso gbɔgbɔ me ƒoe ɖe Kristotɔwo nu hã be woado ‘amenyenye yeye la.’ (Efesotɔwo 4:8, 24) Mawumemenyenye ƒe nɔnɔme aɖewoe nye dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, kple lɔlɔ̃.—Kolosetɔwo 3:12-14.

Ŋkuléle ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu nyuie bia hã be míadzra mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame—si nye nuƒo si kplɔe ɖo ƒe tanya. Dadasɔ hiã le modzakaɖeɖe si míatia, hadome nuwɔnawo, kple ŋutilãmenuwo didi me. To aɖaŋuɖoɖo si le Yakobo 1:27 be míadzra mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame dzi wɔwɔ me la, tenɔnɔ dzadzɛ kple dzitsinya nyui anɔ mía si le Mawu ŋkume. Míate ŋu anɔ agbe si ŋu tameɖoɖo le eye woatsɔ ŋutifafa, gbɔgbɔmedzidzedze kpɔkpɔ, kple xɔlɔ̃ tɔxɛwo ayra míi.

Emegbe nuƒo kpui etɔ̃ siwo ƒe tanyae nye “Sɔhɛwo—Mizɔ Mawu ƒe Mɔ la Dzi” kplɔe ɖo. Esi sɔhɛwo nya be Mawu lɔ̃ yewo eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe yewoƒe agbagbadzedze be yewoalé tadedeagu dzadzɛ me ɖe asi ŋu ta la, ele be woana hehe woƒe sidzedze ŋutetewo be woasubɔe bliboe. Mɔ si dzi míato atu míaƒe sidzedze ŋutetewo ɖo dometɔ ɖekae nye to Mawu ƒe Nya xexlẽ gbesiagbe kple ŋugbledede le eŋu me. Ne míewɔe alea la, míate ŋu anya Yehowa ƒe mɔwo. (Psalmo 119:9-11) Míetua míaƒe sidzedze ŋutetewo ɖo to aɖaŋuɖoɖo tuameɖo xɔxɔ tso mía dzilawo, hamemegãwo, kple Habɔbɔa ƒe agbalẽwo hã dzi. Ne sɔhɛwo wɔ woƒe sidzedze ŋutetewo ŋudɔ nyuie la, wote ŋu nɔa te ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu bubu akpa, nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, kple modzakaɖeɖe si gbɔ eme si xɔ xexe sia si gbe Mawu me la nu. To Mawu ƒe agbemɔ dzi zɔzɔ me la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ate ŋu akpɔ dzidzedze vavã.

Gbemagbe ƒe nuƒo mamlɛa ye nye “Wɔla la—Eƒe Amenyenye Kple Eƒe Mɔwo.” Esi nuƒola ɖee fia be ame biliɔn geɖe menya Wɔla la o megbe la, egblɔ be: “Gɔmesese si le agbe ŋu do ƒome kple Wɔla la, míaƒe Mawu si li ŋutɔŋutɔ la nyanya; eƒe amenyenye nyanya; kple nuwɔwɔ wòasɔ ɖe eƒe mɔwo nu. . . . Nuwo le xexeame kple mía ŋutɔwo mía ŋuti siwo nàte ŋu azã atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woalɔ̃ ɖe Wɔla la ƒe anyinɔnɔ dzi eye wòana woakpɔ alesi agbemetameɖoɖo do ƒome kplii la adze sii.” Emegbe nuƒola la dzro kpeɖodzi si fia be Wɔla nyanu si lɔ̃a ame aɖe li la me. Woɖe agbalẽ yeye aɖe—Is There a Creator Who Cares About You? ɖe go tsɔ ƒo nuƒoa tae.

“Mɔ la Enye Si, Mito Edzi”

Esiae nye takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃lia ƒe tanya. (Yesaya 30:21) Wɔnawo dze egɔme kple nuƒo kpui lédziname etɔ̃, siwo ku ɖe Xezekiel ƒe gbedoxɔ ŋuti ŋutega ŋu. Gɔmesese vevi aɖe le ŋutega sia ŋu na Mawu ƒe amewo egbea, le esi wòku ɖe tadedeagu dzadzɛ ŋu le míaƒe ŋkekea me ta. Nu vevi si ana míase ŋutega la gɔmee nye be: Yehowa ƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔ gã la tsi tre ɖi na eƒe tadedeagu dzadzɛ ŋuti ɖoɖo. Esi wonɔ ŋutega la ƒe akpa vovovoawo me dzrom la, nyaselawo de ŋugble le akpa si wowɔ tsɔ do alɔ dɔ si dzikpɔla lɔ̃ame siwo nye amesiamina susɔeawo kple amegãwo ƒe ha si ava xɔ ɖe wo teƒe wɔ la ŋu.

Emegbe le ŋdia me la, wowɔ Biblia me drama ʋãme aɖe si me gomekpɔlawo dzra ɖo abe blematɔwo ene le. Drama la ƒe tanyae nye “Ƒomewo—Mina Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Nanye Miaƒe Agbemɔ!” Eɖe Hebri-vi etɔ̃ siwo gbe tadedeagu na Babilontɔwo ƒe Fia Nebukadnezar ƒe sikalegba si wòli la ƒe xɔse kple dzinɔameƒo fia. Drama la ƒe taɖodzinue nye be wòaɖee afia be menye blemaŋutinyagbalẽ aɖe ko Biblia nye o, ke be egbea hã, eƒe aɖaŋuɖoɖo nyo na ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa nyateƒe.

Ŋdɔkpa dzie woƒo dutoƒonuƒoa si ƒe tanyae nye “Agbe Mavɔ Mɔ Ðeka Kolia La.” Esi nuƒola do afɔ na ameƒomea ƒe nuvɔ̃ kple ku me dzedze ƒe ŋutinya vɔ megbe la, ewu enu kple nya sia si na wobua tame la be: “Biblia ƒe kpukpui si dzi wotu egbe ƒe takpekpea ƒe tanya ɖoe nye Yesaya ta 30, kpukpui 21 si gblɔ be: ‘Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.’ Aleke míesea gbe siae? Eyae nye to toɖoɖo Mawu ƒe Nya Biblia Kɔkɔe la, kple wɔwɔ ɖe mɔfiafia si míaƒe Nufiala Gãtɔ Yehowa Mawu naa mí to edzi kpakple to eƒe Kristotɔwo ƒe habɔbɔ si li egbea dzi mee. Le nyateƒe me la, esia wɔwɔ koe nye agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe mɔ ɖeka kolia la.”

Esi woto kwasiɖaa ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ me nyati veviwo me vɔ la, nuƒo mamlɛa si ƒe tanyae nye “Mizɔ Yehowa ƒe Mɔ la dzi Ðaa” kplɔe ɖo. Eƒe akpa aɖe dzro wɔna la ƒe nyati veviwo me. Emegbe nuƒola la xlẽ tameɖoɖo kplikpaa aɖe si ɖe míaƒe tameɖoɖo be míayi edzi anɔ agbe ɖe Mawu ƒe mɔ nu fia.

Tameɖoɖo kplikpaa la wu enu kple nya ʋãme siawo be: “Míeka ɖe edzi be agbenɔnɔ ɖe Ŋɔŋlɔa ƒe gɔmeɖosewo, aɖaŋuɖoɖo, kple nuxlɔ̃ame nue nye agbemɔ nyuitɔ kekeake egbea eye wònye gɔmeɖoanyi ɖoɖo na etsɔme, ale be míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi goŋgoŋ. Ƒo wo katã ta la, míeɖo tame kplikpaa sia le esi míelɔ̃ Yehowa Mawu kple míaƒe dzi, luʋɔ, tamesusu, kple ŋusẽ blibo ta!” Vavalawo katã lɔ̃ ɖe edzi kple gbe sesẽ be ẽ!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ðe Wɔla aɖe Li si Tsɔ Ðe Le Eme na Wòa?

Agbalẽ yeyea si ƒe tanyae nye sia la, na kpeɖodzi sẽŋu le Wɔla, Yehowa, ƒe anyinɔnɔ ŋu eye wòdzro eƒe amenyenyewo me. Wotrɔ asi le eŋu na amesiwo xɔ hehe nyuie le xexemenyawo me gake womexɔ Mawu dzi se o la koŋ. Axa 192 gbalẽ sia ado ŋusẽ amesiwo xɔ Mawu dzi se xoxo hã ƒe xɔse, eye wòana woatu woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe eƒe amenyenye kple eƒe mɔwo ŋu.

Ðe Wɔla aɖe Li si Tsɔ Ðe Le Eme na Wòa? gbalẽa si le yevugbe me talawo mebui be exlẽla xɔ Mawu dzi se o. Ke boŋ edzro alesi nyitsɔ laa ƒe dzɔdzɔmeŋutinunya me nutovɛwo kple nukpɔsusuwo ɖo kpe Wɔla la ƒe anyinɔnɔ dzii la me. Tanya siwo le eme dometɔ aɖewoe nye “Nukae Ate Ŋu Ana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu?,” “Aleke Míaƒe Xexeame Wɔ Va Dzɔ?—Nya si Woʋlina,” kple “Aleke Gbegbee Nèle Etɔxɛe Nye Esi!” Tanya bubuwo dzro nusita míate ŋu aka ɖe edzi be Biblia tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la me. Agbalẽ yeyea ƒo nu tso Biblia bliboa katã si ɖe Wɔla la ƒe amenyenye kple mɔwo fia la me nya veviwo hã ŋu kpuie. Menye ɖeko agbalẽa dzro nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe do agbogbo alea me o, ke egaɖe alesi wòaɖee ɖa tegbee hã me.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ame geɖe xɔ nyɔnyrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

A. D. Schroeder si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ ɖe agbalẽ gbadza yeyea ɖe go

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Drama lédziname si de Biblia xexlẽ gbesiagbe ƒe dzi ƒo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe