INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 2/1 axa 9-13
  • Zemela Gã La Kple Eƒe Dɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zemela Gã La Kple Eƒe Dɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zemela la Keke Eƒe Dɔ Ðe Enu
  • Goe Ka Ƒomevie Nànye?
  • Womlã Mí be Míakpe Akɔ Kple Dodokpɔwo
  • Mía Viwo Mamlã
  • Amesiame Mamlã
  • Na Yehowa Namla Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Dzi Nedzɔ Wò Be Zemela Gã La Trɔa Asi Le Mía Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Míaƒe Kesinɔnu Si Le Anyigoewo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 2/1 axa 9-13

Zemela Gã La Kple Eƒe Dɔ

“[Nye] goe, si ŋu bubu le, . . . si wodzra ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—TIMOTEO II, 2:21.

1, 2. (a) Aleke alesi Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu nye asinudɔ ɖedzesii? (b) Tameɖoɖo ka tae Zemela Gã la wɔ Adam kple Xawa?

YEHOWAE nye Zemela Gã la. Mía dzila gbãtɔ, Adam, nye aɖaŋudɔ nyui aɖe le eƒe nuwɔwɔwo dome. Biblia gblɔ na mí be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe,” si fia “nuwɔwɔ si gbɔa ya.” (Mose I, 2:7, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Amegbetɔ gbãtɔ si wowɔ la de blibo, wowɔe ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me, ale be Mawu ƒe nunya kple alesi wòlɔ̃a dzɔdzɔenyenye kpakple nudzɔdzɔewɔwɔ vavãtɔ dze le eŋu.

2 Mawu trɔ asi le Adam ƒe agbaƒuti ŋu game ame si asɔ na ŋutsua ahanye kpeɖeŋutɔ nɛ—eyae nye nyɔnu. Xawa ƒe nyonyo de blibo ale gbegbe be nyɔnu si dze tugbe wu le egbeŋkekeawo me gɔ̃ hã megogoe kura o. (Mose I, 2:21-23) Gakpe ɖe eŋu la, wona ŋutilã kple ŋutete siwo wowɔ wode blibo la atsu kple asi gbãtɔawo bene woate ŋu awɔ dɔ si wode wo si be woatrɔ anyigba wòazu paradiso la awu enu. Wona ŋusẽ hã wo be woawɔ Mawu ƒe se si le Mose I, 1:28 dzi, si gblɔ be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” Mɔkpɔkpɔae nye be mlɔeba la, ame kpɔdzidzɔ biliɔn geɖe nava nɔ xexeame katã ƒe abɔ sia me, eye lɔlɔ̃ si nye ‘blibonyenye ƒe nublanu’ la nate wo ƒo ƒu ɖekae.—Kolosetɔwo 3:14.

3. Aleke mía dzila gbãtɔwo wɔ va zu goe siwo ŋu bubu menɔ o, eye nukae do tso eme?

3 Nublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔwo ɖoe koŋ dze aglã ɖe wo Wɔla Gãtɔ Kekeake, Zemela Gã la, ƒe ŋusẽ ŋu. Woƒe nuwɔna va sɔ kple nusi wogblɔ le Yesaya 29:15, 16 be: “Baba na amesiwo nɔa bebem le Yehowa ŋku me, woɣlaa woƒe adaŋudede, eye wowɔa woƒe nu le vivi me henɔa gbɔgblɔm be: Ameka le mía kpɔm, eye ameka dze si mí? . . . Ðe tsu le abe zemela ene, ne nuwɔwɔ nagblɔ na ewɔla be: Menye wòe wɔm o, eye numeme nagblɔ na emela be: Mele ɖeke nyam oa?” Woƒe godzenuwɔna la he afɔku vɛ—wotso ku mavɔ ƒe afia na wo. Gakpe ɖe eŋu la, ameƒome si dzɔ tso wo me la katã nyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome. (Romatɔwo 5:12, 18) Zemela Gã la ƒe nuwɔwɔ dzeania va gblẽ vevie.

4. Nuwɔna si ŋu bubu le ka mee míate ŋu akpɔ gome le?

4 Ke hã le blibomademade ƒe nɔnɔme si me míele fifia gɔ̃ hã me la, mí amesiwo nye nuvɔ̃me Adam ƒe dzidzimeviwo míate ŋu azã Psalmo 139:14 me nyawo akafu Yehowa be: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.” Gake aleke gbegbe wònye nublanuinyae nye si be Zemela Gã la ƒe asinudɔ gbãtɔa va gblẽ ale gbegbe!

Zemela la Keke Eƒe Dɔ Ðe Enu

5. Aleke Zemela Gã la agate ŋu azã eƒe ŋutetee?

5 Dzidzɔtɔe la, mía Wɔla azã Zemela ƒe ŋutete si le esi le nu geɖe me wu ameƒome gbãtɔ la wɔwɔ me ko. Apostolo Paulo gblɔ na mí be: “Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ðe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã? Alo zemela mekpɔa ŋusẽ ɖe tsu dzi bena, wòatsɔ anyi, si wonyã la ƒe ɖe amè ze, si ŋu bubu le la, eye wòagatsɔ eƒe ɖe hã amè ze, si ŋu bubu mele o la o mahã?”—Romatɔwo 9:20, 21.

6, 7. (a) Aleke ame geɖe ɖe mɔ egbea wozu dɔwɔnu si ŋu bubu mele o? (b) Aleke wotrɔ asi le ame dzɔdzɔewo ŋu be bubu le wo ŋu woazã?

6 Ẽ, woame Zemela Gã la ƒe asinudɔ aɖewo bubu nanɔ wo ŋu woazã, eye bubu manɔ ɖewo ŋu woazã o. Womea amesiwo tiae be yewoadze xexeame yome esi wòyi edzi le nyɔnyrɔm ɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe ba me vĩ le mɔ si ade dzesi wo na tsɔtsrɔ̃ nu. Ne Ŋutikɔkɔefia, Kristo Yesu, va ʋɔnu drɔ̃ ge la, goe siawo siwo ŋu bubu mele o la anɔ amegbetɔ kɔlialiatɔ siwo ɖi gbɔ̃wo, amesiwo Mateo 25:46 gblɔ be ‘woayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me’ la dome. Gake ‘ame dzɔdzɔe’ siwo ɖi alẽwo, amesiwo wome ‘bubu le wo ŋu’ la anyi “agbe mavɔ” dome.

7 Ame dzɔdzɔe siawo bɔbɔ wo ɖokui Mawu trɔ asi le wo ŋu. Wova Mawu ƒe agbemɔ la dzi. Woxɔ aɖaŋuɖoɖo si dze le Timoteo I, 6:17-19 be: “[Mègatsɔ wò mɔkpɔkpɔ ɖo] kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.” Wokua kutri be ‘yewoawɔ dɔmenyo, eye be yewoanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, alɔ̃ nunana ame, alɔ̃ hadede, eye yewoaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na yewo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene yewoƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’ Mawu ƒe nyateƒenya la trɔ asi le wo ŋu eye woxɔ ɖoɖo si Yehowa wɔ to Kristo Yesu, amesi ‘tsɔ eɖokui na abe tafe si sɔ ɖe enu ene’ bene woagbugbɔ aɖo nusiwo katã bu le Adam ƒe nuvɔ̃wɔwɔ ta la teƒe dzi se vevie. (Timoteo I, 2:6) Ekema aleke gbegbe wòhiãe be míalɔ̃ faa awɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi ‘atsɔ amenyenye yeye si wowɔ yeye to sidzedze vavãtɔ me ɖe Amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu ado na mía ɖokui’ enye si!—Kolosetɔwo 3:10.

Goe Ka Ƒomevie Nànye?

8. (a) Nukae afia goe si ƒomevi ame aɖe ava zu? (b) Nu eve kawoe kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wotrɔa asi le ame ŋui dzi?

8 Nukae afia goe si ƒomevi ame ava nye? Eƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ ye. Dzi la ƒe nudzodzrowo kple nusiwo wòlɔ̃na ye kpɔa ŋusẽ ɖe nusiawo dzi gbã. Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Amegbetɔ ƒe dzi susua eƒe mɔ ŋu; ke Yehowa ye fiaa mɔ eƒe afɔɖeɖe.” (Lododowo 16:9) Evelia, nusiwo amea sena hekpɔna kpakple eƒe hadedewo kple nuteƒekpɔkpɔwo hã kpɔa ŋusẽ ɖe nusiawo dzi. Ekema aleke gbegbe wòle vevie enye si be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Abe alesi Petro II, 1:16 xlɔ̃ nu míi ene la, ele be míatsri “gli, siwo wokpa kple aɖaŋu” alo “gli siwo amewo kpa” yomenɔnɔ, abe alesi Knox ƒe Roma Katoliko gɔmeɖeɖea gblɔe ene. Kristodukɔ xɔsegbela la ƒe nufiafiawo kple ŋkekenyuiwo le nyakpakpa siawo dome.

9. Aleke míate ŋu awɔ nu wòasɔ ɖe alesi Zemela Gã la le asi trɔm le mía ŋui nu?

9 Ekema le alesi míewɔa nui nu la, Mawu ate ŋu amlã mí. Míate ŋu ado ɖe Yehowa ŋkume ɖokuibɔbɔtɔe ado gbe si Dawid do ɖa be: “Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo! Eye ne èkpɔ be, fukpekpemɔ le ŋkunye me la, kplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi!” (Psalmo 139:23, 24) Yehowa na wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedasia. Míaƒe dzi xɔ nyanyuia kpakple mɔfiame bubu siwo wòganaa mí la ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Eto eƒe habɔbɔa dzi na gbeƒãɖeɖe nyanyuia ƒe mɔnukpɔkpɔ vovovo mí; mina míaxɔ wo ahakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Filipitɔwo 1:9-11.

10. Aleke wòle be míaʋli mía ɖokui azɔ ɖe gbɔgbɔmeɖoɖowɔɖiwo dzie?

10 Ele vevie ŋutɔ be míalé to ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu ɣesiaɣi, awɔ ɖoɖo anɔ Biblia xlẽm gbesiagbe eye Ŋɔŋlɔawo kple Yehowa ƒe subɔsubɔ nanye nusiwo ŋu míanɔ dze ɖom le le míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome. Zi geɖe la, nusiwo Yehowa Ðasefowo ƒe Betel-ƒome kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe ƒuƒoƒo ɖesiaɖe wɔna le ŋdi mawunyakpukpui me dzroƒe le ŋdinuɖuɣi dometɔ aɖee nye be woaxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe alo aɖɔ lii le kwasiɖa bubu me axlẽ Yearbook si do yeye hã ƒe akpa aɖe kpuie. Ðe ɖoɖo sia tɔgbe ate ŋu anɔ wò ƒomea hã sia? Viɖe gbogbo ka gbegbee nye si míegakpɔna ne mí katã míede ha kple mía nɔewo le Kristo-hamea me, ne míekpe ta, kple vevietɔ ne míekpɔ gome le kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Gbetakpɔxɔ sɔsrɔ̃ me!

Womlã Mí be Míakpe Akɔ Kple Dodokpɔwo

11, 12. (a) Aleke míate ŋu azã aɖaŋu si Yakobo ɖo le dodokpɔwo ŋu le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ mee? (b) Aleke nusi me Hiob to dea dzi ƒo na mí be míawɔ nuteƒee?

11 Le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me la, Mawu ɖea mɔ nɔnɔme aɖewo doa mo ɖa, eye wo dometɔ aɖewo ate ŋu asesẽ na mí. Aleke wòle be míabu nɔnɔme siawoe? Abe alesi Yakobo 4:8 ɖo aɖaŋui ene la, migana míabi dzi gbeɖe o, ke boŋ mina míate ɖe Mawu ŋu, aɖo ŋu ɖe eŋu tso míaƒe dzi blibo me, eye kakaɖedzi nanɔ mía si be ‘ne míete ɖe eŋu la, eya hã ate ɖe mía ŋu.’ Nyateƒee, ahiã be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo kple dodokpɔwo me, gake ɖe woɖe mɔ le woawo hã ŋu be woamlã mí, eye emetsonua ava nye dzidzɔnya. Yakobo 1:2, 3 de dzi ƒo na mí be: “Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo”

12 Yakobo gblɔ hã be: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o. Ke wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ.” (Yakobo 1:13, 14) Míaƒe dodokpɔwo ate ŋu asɔ gbɔ ahanɔ vovovo, gake abe alesi wònɔ le Hiob gome ene la, wo katã wowɔa akpa aɖe le mía mamlã me. Dzideƒonya nyui aɖee wònye esi Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí le Yakobo 5:11 be: “Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” Esi míenye goewo le Zemela Gã la si me ta la, neva eme be míawɔ nuteƒe ɣesiaɣi, eye míakpɔ mɔ na emetsonua abe alesi Hiob wɔe ene!—Hiob 2:3, 9, 10; 27:5; 31:1-6; 42:12-15.

Mía Viwo Mamlã

13, 14. (a) Ɣekaɣie wòle be dzilawo nadze wo viwo mamlã gɔme, eye nukae woakpɔ mɔ be ado tso eme mlɔeba? (b) Emetsonu dodzidzɔname kawoe nàte ŋu agblɔ?

13 Dzilawo ate ŋu akpɔ gome le wo viwo mamlã me tso ɖeviawo ƒe vidzĩ me ke, eye nuteƒewɔla adodoe ka gbegbewoe nye si míaƒe sɔhɛwo ate ŋu ava zu! (Timoteo II, 3:14, 15) Wowɔa nuteƒe ne dodokpɔawo sesẽ gɔ̃ hã. Ƒe aɖewoe nye si va yi esime yometiti nu sẽ le Afrika-dukɔ aɖe me la, ƒome aɖe si dzi woka ɖoe kpɔ Gbetakpɔxɔ tata gbɔ le agbadɔ aɖe te le woƒe xɔmegbe. Gbeɖeka asrafowo nɔ mɔdodo si dzi wonɔ la zɔm gbɔna, nɔ ɖekakpuiwo dim tso aƒeme yi aƒeme be woava wɔ asrafodɔ. Ɣeyiɣi nɔ anyi ŋutsuvi sue eve siwo le ƒome sia me nate ŋu asi abe, gake asrafoawo ava ke ɖe agbalẽtaƒea ŋu godoo ne wole wo dim. Esia ate ŋu ana woawɔ funyafunya ƒome bliboa alo awu wo gɔ̃ hã. Nuka woawɔ? Ŋutsuvi eveawo gblɔ woƒe susu, eye wogblɔ Yohanes 15:13 me nyawo dzinɔameƒotɔe be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” Woɖoe kplikpaa be yewoanɔ akpataa me. Asrafoawo ava ke ɖe wo ŋu eye ɖikeke mele eme o be woawɔ funyafunya wo vevie alo woawu wo gɔ̃ hã ne wogbe be yewomayi asrafodɔa wɔƒe o. Gake ema ana womagaka aƒea me ayi ŋgɔ o. Woagblẽ agbalẽtaƒea kple ƒomea me tɔ bubuwo ɖi. Gake nusi va dzɔ wɔ nuku ŋutɔ. Asrafoawo tso aƒe ɖeka sia ɖi yi bubuwo me! Amegbetɔ siawo siwo ŋu Zemela la trɔ asi le abe goewo ene bubu le wo ŋu hena zazã la tsi agbe, eye agbalẽtaƒea hã tsi anyi woayi edzi azã atsɔ ata gbɔgbɔmenuɖuɖui ɖe game dzi. Ŋutsuviawo dometɔ ɖeka kple nɔvianyɔnu wole dɔ wɔm le Betel fifia; egale agbalẽtamɔ̃ xoxoa zãm kokoko.

14 Woate ŋu afia gbedodoɖa sɔhɛwo, eye Mawu sea woƒe gbedodoɖawo. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe dzɔ esime wonɔ amehawo tsrɔ̃m le Rwanda. Esime ɣeyiɣi de be aglãdzelawo nada bɔmb awu nyɔnuvi ƒe ade vi aɖe kple edzilawo la, nyɔnuvia do gbe ɖa sesĩe kutrikukutɔe be woaɖe asi le yewo ŋu yewoayi Yehowa subɔsubɔ dzi. Ewɔ dɔ ɖe amesiwo di be yewoawu wo dzi ale be woɖe asi le wo ŋu, eye wogblɔ be, “Míate ŋu awu mi o le nyɔnuvi sue sia ta.”—Petro I, 3:12.

15. Ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ kawo ŋue Paulo xlɔ̃ nu le?

15 Mele kokoko be míaƒe sɔhɛ akpa gãtɔ nato nɔnɔme sesẽ si míegblɔ va yi tɔgbe me o, gake wodoa go dodokpɔ geɖe le suku kpakple le ameha gblẽkuwo dome egbea: nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, gbɔdɔdɔnuwɔnawo ɖeɖefia, modzakaɖeɖe dzeakaɖawo, kple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu be woawɔ nugbegblẽ le gã dom ɖe edzi le teƒe geɖe. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu le nyaƒoɖeamenu siawo ŋu enuenu.—Korintotɔwo I, 5:6; 15:33, 34; Efesotɔwo 5:3-7.

16. Aleke míawɔ azu goe siwo ŋu bubu le woazã?

16 Esi Paulo gblɔ be goe “[aɖewo] li bubu le wo ŋu, ɖewo li bubu mele wo ŋu o” vɔ la, egblɔ be: “Eyata ne ame aɖe klɔ eɖokui keŋ tso nu mawo me la, anye goe, si ŋu bubu le, si ŋuti kɔ, si nyo na aƒeatɔ ƒe ŋudɔwɔwɔ, si wodzra ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” Eyata mina míade dzi ƒo na míaƒe sɔhɛwo be woakpɔ nyuie le woƒe hadedewo ŋu. Mina “[woasi] le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke [woadze] dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe ɖe amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.” (Timoteo II, 2:20-22) Anye viɖenu nyui aɖe le míaƒe sɔhɛwo mamlã me ne ɖoɖo le ƒomea si si me ‘wotua wo nɔewo ɖo’ le. (Tesalonikatɔwo I, 5:11; Lododowo 22:6) Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ gbesiagbe, anɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ si sɔ zãm ate ŋu anye kpekpeɖeŋunu nyui aɖe.

Amesiame Mamlã

17. Aleke tohehe amlã míi, eye dzidzɔnya kae ado tso eme?

17 Yehowa xlɔ̃a nu mí to eƒe Nya kple eƒe habɔbɔa dzi be yeatsɔ amlã mí. Mègagbe mawumeɖaŋuɖoɖo sia xɔxɔ gbeɖe o! Dze nunya nàxɔe, eye nàna wòatrɔ asi le ŋuwò bubu nanɔ ŋuwò Yehowa nazã. Lododowo 3:11, 12 ɖo aɖaŋu be: “Vinye, megagbe Yehowa ƒe amehehe o, eƒe mokaname megaɖu dzi na wò o! Elabena amesi Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.” Vifofo ƒe aɖaŋuɖoɖo bubu gale Hebritɔwo 12:6-11 be: “Amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na . . . Ke le fifi ɣeyiɣi me la míebua tohehe katã dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la [etsea] dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.” Ele be aɖaŋuɖoɖo siawo natso Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me koŋ me.—Timoteo II, 3:16, 17.

18. Nukae míesrɔ̃ tso Luka ta 15 me le dzimetɔtrɔ ŋu?

18 Nublanuikpɔla hãe Yehowa nye. (Mose II, 34:6) Ne amewo trɔ dzime tso dzi ƒe gogloeƒe ke ɖe nuvɔ̃ gãtɔ kekeake si wowɔ ta gɔ̃ hã la, etsɔnɛ kena. Woagate ŋu atrɔ asi le egbeŋkekeawo me ‘vi nudomegblẽlawo’ gɔ̃ hã ŋu be woazu goe siwo ŋu bubu le woazã. (Luka 15:22-24, 32) Ðewohĩ míaƒe nuvɔ̃ malolo ade vi nudomegblẽla la tɔ nu o. Gake ne míebɔbɔ mía ɖokui xɔ aɖaŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me la, Zemela la atrɔ asi le mía ŋu kokoko be míazu goe siwo ŋu bubu le na zazã.

19. Aleke míawɔ akpɔtɔ anye goe siwo ŋu bubu le na zazã le Yehowa si mee?

19 Esime míexɔ nyateƒea zi gbãtɔ la, míeɖee fia be míelɔ̃ be Yehowa natrɔ asi le mía ŋu. Míetsri xexemenuwɔnawo hedze amenyenye yeyea dodo gɔme, eye míeva zu Kristotɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo. Míewɔ Efesotɔwo 4:20-24 ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, esi ‘míeɖe amenyenye xoxo si sɔ ɖe agbenɔnɔ tsãtɔ nu kpakple eƒe nudzodzro fluameawo ɖi, eye míedo amenyenye yeye si wowɔ le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nu.’ Mina míayi edzi aɖe asi le mía ɖokui ŋu be asi nanya trɔ le mía ŋu le Yehowa, Zemela Gã la, ƒe asiwo me bene míanye goe siwo ŋu bubu le ɣesiaɣi wòazã!

Numetoto

◻ Tameɖoɖo kae le Zemela Gã la si na míaƒe anyigba la?

◻ Aleke woate ŋu atrɔ asi le ŋuwò bubu nanɔ ŋuwò woazã?

◻ Mɔ ka nue míate ŋu atrɔ asi le mía viwo ŋu le?

◻ Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ mía si le tohehe ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðe woatrɔ asi le ŋuwò bubu nanɔ ŋuwò woazã loo alo woagbe wòa?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Asi anya trɔ le sɔhɛwo ŋu tso vidzĩ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe