Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Ƒe 2008 subɔsubɔƒea ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ƒe tanyae nye “Míawo La, Tsu Míenye—Yehowae Nye Mía Mela,” si wotu ɖe Yesaya 64:8 dzi. Ŋɔŋlɔwo me nuxlɔ̃ame siwo míaxɔ le takpekpe sia me la, ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ame si nye Zemela Gã La ƒe nunya, dzɔdzɔenyenye, ŋusẽ, kple lɔlɔ̃ ŋu nadzi ɖe edzi.
Nutome sue dzikpɔla ƒe nuƒo, si nye “Subɔsubɔ Abe Nugoe Siwo Ŋu Bubu Le Ene Le Gbeadzi,” aɖe ale si ame geɖe le yayra siwo dona tso nyateƒea nyanya kple eŋu nya gbɔgblɔ na ame bubuwo me kpɔm la me. Nuƒo si nye “Ŋugbledede Adzɔ Ŋuwò” aɖe ale si gbegbe ŋugbledede tso Yehowa ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu kpɔa mía tae la me. Nuƒola si woɖo ɖa la aƒo nuƒo siwo ƒe tanyawoe nye “Midzudzɔ Agbenɔnɔ Ðe Nuɖoanyi Sia Ƒe Nɔnɔme Nu” kple “Na Zemela Gã La Namla Wò.” Nuƒo siwo nye “Sɔhɛ Siwo Ŋu Viɖe Le Na Yehowa” kple “Akpa Vevi Si Dzilawo Wɔna Le Wo Viwo Mamla Me” la ade dzi ƒo na dzilawo kple sɔhɛwo siaa. To wɔwɔfia siwo woawɔ kple gbebiame siwo míase dzi la, ado dzidzɔ na mí ŋutɔ be míase nu tso nu siwo mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo le wɔwɔm le subɔsubɔdɔa me la ŋu. Ame siwo di be yewoatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ aɖo kpe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi la nana woƒe dzikpɔla zimenɔla nanya kaba ale si wòanya wɔe. Ðo ŋku edzi nàtsɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míasrɔ̃ le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa me la ɖe asi.
Nu sia nu si ƒe tame Zemela Gã La ɖona la, ewɔnɛ. Gake ekpo ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ be míawɔ nu ɖe ale si wòle mía mlamee la nu. Ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo nunyatɔe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo te be wòatrɔ asi le yewo ŋu la ƒe nɔnɔme ate ŋu atrɔ abe ale si zemela trɔa asi le tsu ŋu hezrɔ̃a eŋu wòzua nugoe si nya kpɔna eye viɖe nɔa eŋu la ene. Ne míewɔ nu aduadu kple Yehowa la, míedoa eƒe dziɖulanyenye ɖe dzi, eye míekpɔa yayra geɖewo.