Ame aɖe Tsɔ Ðe Le Eme Vavã
AME akpe geɖe ɖee fia be yewotsɔ ɖe le eme vavã. Womebunɛ tagbɔsesẽ kple ɖokuitɔdiditɔe be ame bubuwo ƒe kuxiwo meka yewo o. Ke boŋ wowɔa nusianu si woate ŋui—dea woƒe agbe kura gɔ̃ hã afɔku me ɣeaɖewoɣi—be woana amewo nakpɔ gbɔdzɔe tso fukpekpe me. Esia nye dɔ nyadri aɖe, dɔ si gbɔgbɔ triakɔwo na wòsesẽ ɖe edzi na wo.
Kpekpeɖeŋunala aɖe gblɔ be: Nuwo abe ŋukeklẽ, dunyahehe me ayenuwɔwɔ, aʋawɔwɔwo, kple dzɔdzɔmefɔkuwo ene ate ŋu agblẽ “afɔ nyuitɔ kekeake si woaɖe aɖoe kplikpaa be woaɖe dɔwuame ɖa gɔ̃ hã me.” Dɔwuame ɖeɖeɖa nye kuxi gbogbo siwo amesiwo tsɔa ɖe le eme na amewo doa goe la dometɔ ɖeka ko. Wokpea akɔ kple nuwo abe dɔléle, hiãkame, numadzɔmadzɔwɔwɔ, kple fukpekpe sesẽ siwo aʋawɔwɔ hena vɛ hã. Gake ɖe wole dzidzedze kpɔma?
Kpekpeɖeŋunaha aɖe ƒe amegã gblɔ be amesiwo ‘ɖea afɔ nyuitɔ heɖonɛ kplikpaa’ be yewoaɖe dɔwuame kple vevesese dzi akpɔtɔ le abe Samariatɔ dɔmenyotɔ si woɖɔ le Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋua me ene. (Luka 10:29-37) Egblɔ be nuka kee woawɔ o, ɖeko fukpelawo ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi. Eyata ebia be: “Nukae Samariatɔ nyui la awɔ ne etoa mɔ ma ke dzi gbesiagbe eye wòkena ɖe ame aɖe si dzi adzodalawo dze ŋu le mɔa to kwasiɖa sia kwasiɖa hena ƒe geɖe?”
Anɔ bɔbɔe be nusi woyɔna be ‘dzikpɔkpɔdɔ teɖeɖiameŋu ƒe dɔléle vɔ̃ɖi la’ nalée eye wòana ta le dziɖeleameƒo ta. Edze kafukafu be, ɖeɖi metea amesiwo tsɔa ɖe le eme vavã la ŋu o. (Galatiatɔwo 6:9, 10) Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Britain ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Jewish Telegraph talawo kafu Yehowa Ðasefo siwo “kpe ɖe Yudatɔ akpe geɖewo ŋu wotsi agbe le Auschwitz nɔnɔme wɔnublanuia me” le Nazi Germany ƒe ɣeyiɣiawo me. Nuŋlɔla la gblɔ be, “esime nuɖuɖu nɔ vevem la, wo kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu [Yudatɔwo] ma nusi nɔ wo si la ɖu!” Ðasefoawo yi edzi tsɔ nusiwo nɔ wo si la wɔ nusi woate ŋui.
Ke hã nya la ŋutɔŋutɔe nye be agbagba ɖesiaɖe si woadze be woama nuɖuɖu kple ame bubuwo maɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo ɖa keŋkeŋ o. Menye ɖe míele esia gblɔm be míatsɔ aɖi gbɔ̃ nusi dɔmenyotɔwo wɔ le mɔ aɖeke nu o. Afɔ ɖesiaɖe si woɖena si ɖea fukpekpewo dzi kpɔtɔna le mɔ nyuitɔ nu la ɖea vi. Ðasefo mawo ɖe wo havi gamenɔlaawo ƒe vevesese dzi kpɔtɔ le mɔ aɖe nu, eye mlɔeba Nazi dziɖuɖua nu va yi. Gake xexemenuɖoanyi si hea ameteteɖeanyi siawo vɛ ya kpɔtɔ li, eye amesiwo metsɔa ɖeke le ame me o kpɔtɔ le dzidzim ɖe edzi. Nyateƒee, “dzidzime, si ƒe aɖuwo nye yi, eye eƒe tsyowo nye hɛ, ne woaɖu hiãtɔwo ɖa le anyigba dzi kple ame dahewo ɖa le amegbetɔwo dome” la li. (Lododowo 30:14) Ðewohĩ èdea ŋugble le nusita wòle alea ɖo la ŋu.
Nukatae Hiãkame Kple Ameteteɖeanyi Li Ðo?
Yesu Kristo gblɔ ɣeaɖeɣi be: “Ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣeyiɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyui na wo.” (Marko 14:7) Ðe Yesu fia be hiãkame kple ameteteɖeanyi nu mayi akpɔ oa? Abe alesi ame aɖewo bunɛ ene la, ɖe wòxɔe se be fukpekpe siawo nye Mawu ƒe ɖoɖowo ƒe akpa aɖe be wòana mɔnukpɔkpɔ dɔmenyotɔwo be woaɖe alesi wotsɔ ɖe le emee na amewo la afiaa? Ao! Yesu mexɔ nya ma dzi se o. Ðeko wònɔ gbɔgblɔm be hiãkame anye agbemenudzɔdzɔwo ƒe akpa aɖe zi alesi nuɖoanyi sia gakpɔtɔ li. Gake Yesu nyae hã be: Menye ye Fofo si le dziƒo ƒe tameɖoɖoe wònye tso gɔmedzedzea me be nɔnɔme siawo nanɔ anyigba dzi o.
Ðe Yehowa Mawu wɔ anyigba be wòanye paradiso, menye hiãkame, numadzɔmadzɔwɔwɔ, kple ameteteɖeanyi teƒe o. Eɖe alesi gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na amegbetɔƒomea la fia to nunana wɔnuku siwo ana agbenɔnɔ navivi la wɔwɔ me. De ŋugble le abɔ si me mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, nɔ ƒe ŋkɔ ŋu kpɔ ko! Woyɔe be Eden, si gɔmee nye “Dzidzɔ.” (Mose I, 2:8, 9) Yehowa megblẽ amegbetɔwo ɖe nuto aɖe si me wotea ame ɖe anyi le eye agbemenuhiahiã veviwo didi sesẽ me o. Le eƒe nuwɔwɔdɔa ƒe nuwuwu la, Yehowa lé ŋku ɖe nusiwo wòwɔ ŋu eye wògblɔ be “wonyo ŋutɔ.”—Mose I, 1:31.
Ekema, nukatae hiãkame, ameteteɖeanyi, kple nu bubu siwo hea fukpekpe vɛ do agbogbo ɖe xexeame katã egbea? Nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia li egbea elabena mía dzila gbãtɔwo tiae be yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu. (Mose I, 3:1-5) Esia fɔ biabia ɖe te be ɖe Mawu tɔ dzɔ be wòbia tso eƒe nuwɔwɔwo si be woaɖo to ye hã. Eyata Yehowa ɖe mɔ na Adam ƒe dzidzimeviwo be woanɔ wo ɖokui si vaseɖe afi aɖe. Mawu gatsɔa ɖe le nusi dzɔna ɖe amegbetɔƒomea dzi la me. Ewɔ ɖoɖo be yeaɖɔ nusiwo katã aglãdzedze ɖe ye ŋu agblẽ la ɖo. Eye eteƒe madidi o, Yehowa ahe hiãkame kple ameteteɖeanyi ava nuwuwui—le nyateƒe me la, aɖe fukpekpe ɖesiaɖe ɖa.—Efesotɔwo 1:8-10.
Kuxi si Gbɔ Amegbetɔwo Mate Ŋu Akpɔ O
Le ƒe alafa siwo va yi tso amegbetɔwɔɣi ke la, ameƒomea yi edzi le tetem ɖa tso Yehowa ƒe dzidzenuwo gbɔ. (Mose V, 32:4, 5) Esi amegbetɔwo yi edzi tu afɔkpo Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ta la, wowɔa aʋa kple wo nɔewo, eye “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Amesiwo di be yewoawɔ nusiwo dze yewo ŋutɔ ŋu tsɔ wu be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye te la ƒe ɖokuitɔdidi gblẽa agbagba siwo katã dzem wole be woahe amegbetɔƒome si le dzɔdzɔe ŋutɔŋutɔ, si vo tso nusianu si naa amewo kpea fu me vɛ la dome.
Kuxi bubu hã li—si ame geɖe abu be enye alakpadzixɔse si me susu mele o. Amesi nɔ megbe na aglãdzedze ɖe Mawu ŋu la gakpɔtɔ le eƒãm ɖe amewo me be woawɔ nugbegblẽ eye woadi wo ɖokui tɔ. Eyae nye Satana Abosam, eye Yesu Kristo yɔe be “xexe sia me fia.” (Yohanes 12:31; 14:30; Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes I, 5:19) Le nya si woɖe fia apostolo Yohanes me la, wode dzesi Satana be eya gbɔ koŋue fuwɔamewo katã tso—amesi xɔ ŋgɔ le ‘xexeame katã blem.’—Nyaɖeɖefia 12:9-12.
Aleke ke ame aɖewo atsɔ ɖe le wo havi amegbetɔwo mee o, womate ŋu aɖe Satana Abosam ɖa alo atrɔ nuɖoanyi sia si na amesiwo le fu kpem ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ɣesiaɣi la akpɔ o. Ekema, nukae hiã be woakpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ? Menye ame aɖe si tsɔ ɖe le eme koe hiã hena egbɔkpɔkpɔ o. Míehiã na amesi si didia le eye ŋusẽ le eŋu wòate ŋu aɖe Satana kple eƒe nuɖoanyi madzɔmadzɔ bliboa ɖa.
“Woawɔ Wò Lɔlɔ̃nu le Anyigba Dzi”
Mawu do ŋugbe be yeatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia. Ŋusẽ le esi eye wòdi hã be yeatsrɔ̃e ɖa. (Psalmo 147:5, 6; Yesaya 40:25-31) Le Daniel ƒe nyagblɔɖigbalẽa me la, wogblɔ nya ɖi be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee”—ẽ, tegbee. (Daniel 2:44) Dziƒodziɖuɖu sia si anɔ anyi tegbee eye wòawɔ nyui na amewo lae nɔ susu me na Yesu Kristo esi wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia Mawu be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.
Yehowa aɖo gbedodoɖa siawo ŋu elabena etsɔ ɖe le amegbetɔƒomea me vavã. Le nyagblɔɖinya siwo le Psalmowo 72 me ƒe nya nu la, Mawu ana ŋusẽ Via, Yesu Kristo, be wòana ame dahewo, fukpelawo, kple amesiwo wote ɖe anyi siwo lɔ̃ ɖe Yesu ƒe dziɖulanyenye dzi la navo tegbee. Eyata hakpala si gbɔgbɔ ʋã la dzi ha be: “[Mawu ƒe Mesia Fia] atso afia na dukɔ la ƒe hiãtɔwo, axɔ na ame daheviwo, eye wòato ŋutasẽla nyanyanya. . . . Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:4, 12-14.
Le ŋutega aɖe si ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋu me la, apostolo Yohanes kpɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye,” si nye nuɖoanyi yeye aɖe kura si Mawu ɖo anyi. Yayra kae nye si wòanye na ameƒomea si le fu kpem! Esi Yohanes nɔ nusi Yehowa awɔ gblɔm ɖi la, eŋlɔ bena: “Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—Nyaɖeɖefia 21:1-5.
Ẽ, míate ŋu axɔ nya siawo dzi ase, elabena wonye nya vavãwo kple nyateƒenyawo. Eteƒe madidi o, Yehowa aɖe hiãkame, dɔwuame, ameteteɖeanyi, dɔléle, kple madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le anyigba dzi. Abe alesi magazine sia ɖenɛ fiana edziedzi tso Ŋɔŋlɔawo me ene la, kpeɖodzi geɖe ɖee fia be míele ɣeyiɣi si me ŋugbedodo siawo ava eme la me. Xexe yeye si ŋugbe Mawu do la tu aƒe! (Petro II, 3:13) Eteƒe madidi o, Yehowa “ami ku saɖagatsi tegbee” eye “[wòatutu] aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.
Vaseɖe esime esia nava eme la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ be fifia gɔ̃ hã, amesiwo tsɔa ɖe le eme vavã la li. Nusi nye dzidzɔ wue nye be Yehowa Mawu ŋutɔ tsɔ ɖe le eme vavã. Aɖe ameteteɖeanyi kple fukpekpewo katã ɖa kpuie.
Kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ asiwò ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo ŋu. Esubɔla Yosua ka ɖe eyama dzi nenema. Etsɔ kakaɖedzi blibo gblɔ na Mawu ƒe amewo le blema bena: “Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.” (Yosua 23:14) Eyata esi nuɖoanyi sia kpɔtɔ li la, mègana dodokpɔ siwo nàdze ŋgɔe la nakpe dziwò o. Da wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Yehowa dzi, elabena etsɔ ɖe le eme vavã.—Petro I, 5:7.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Le xexeme yeye si ŋugbe Mawu do me la, hiãkame, ameteteɖeanyi, dɔléle, kple madzɔmadzɔnyenye maganɔ anyigba dzi o