INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 11/1 axa 3-6
  • Akɔfafa Na Amesiwo Wote Ðe Anyi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akɔfafa Na Amesiwo Wote Ðe Anyi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Blematɔ Ameteteɖeanyi Ŋuti Nusrɔ̃vi Aɖe
  • Teteɖeanyi Nu Ava Yi Kpuie
  • Ame aɖe Tsɔ Ðe Le Eme Vavã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Afikae Míate Ŋu Akpɔ Akɔfafa Vavã Atsoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ame Kae Aɖe Ame Siwo Le Ɣli Dom Be Woaxɔ Na Yewo La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 11/1 axa 3-6

Akɔfafa Na Amesiwo Wote Ðe Anyi

ÈDE dzesii be le wò agbe me katã la, woyɔa nyagbe aɖewo edziedzi zi gbɔ zi geɖe le nyadzɔdzɔwo mea? Ðe nuxexlẽ tso nya siawo abe aʋawɔwɔ, hlɔ̃dodo, afɔku, dɔwuame, kple fukpekpe ene ŋuti va ti wòa? Gake edze ƒã be nya ɖeka aɖe ya bu vĩ le nyadzɔdzɔwo me. Evɔ enye nya aɖe si le tsitre ɖi na nane si ameƒomea hiã vevie. Nya lae nye “akɔfafa.”

Be “woafa akɔ” fia be “woana ŋusẽ kple mɔkpɔkpɔ” eye be “woaɖe” ame aɖe “ƒe nuxaxa alo fukpekpe dzi akpɔtɔ.” Le ʋunyaʋunya siwo katã me xexeame to le ƒe alafa 20 lia me ta la, mɔkpɔkpɔ kple nuxaxa dzi ɖeɖe kpɔtɔ hiã vevie. Vavãe, egbea mía dometɔ aɖewo zãa dzidzemenunɔamesi geɖewo wu alesi mía tɔgbuiwo susui be ava nɔ. Esia ƒe akpa gã aɖe tso dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋgɔyiyi gbɔ. Gake dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔɖaŋuŋutinunya mefa akɔ na mí le susua nu be woaɖe nusiwo katã hea nuxaxa vɛ ɖa le ameƒomea me o. Nukawoe hea nuxaxa siawo vɛ?

Ƒe alafa geɖewo va yi la, nunyala Salomo ƒo nu tso nu vevi ɖeka si hea fukpekpe vɛ ŋu esi wògblɔ be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔɖaŋuŋutinunya mete ŋu trɔ amegbetɔ ƒe nɔnɔme si nye didi be yeaɖu ye havi dzi la o. Le ƒe alafa 20 lia me la, esia he ameteteɖeto ƒe dzizizidziɖuɖuwo vɛ le dukɔwo me kple aʋawɔwɔ dziŋɔwo vɛ le dukɔwo dome.

Tso ƒe 1914 me ke la, wowu amesi wu miliɔn alafa ɖeka le aʋawɔwɔ ta. De ŋugble le nuxaxa si ame gbogbo mawo wuwu ado na amewo ŋu kpɔ—ƒometɔ miliɔn geɖe siwo le nu xam la hiã na akɔfafa. Eye aʋawɔwɔwo hea fukpekpe bubuwo vɛ hekpena ɖe ŋutasẽse ƒe ku ŋuti. Le xexemeʋa evelia ƒe nuwuwu la, sitsoƒedila siwo wu miliɔn 12 ye nɔ Europa. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, ame siwo wu miliɔn ɖeka kple afã ye si le aʋawɔwɔ nu le Asia ƒe Anyieheɣedzeƒe gome. Aʋawɔwɔ le Balkan zii ɖe ame siwo wu miliɔn eve dzi wosi le woƒe aƒewo me—le ame geɖewo gome la, be woasi le “gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ” nu.

Nyateƒee, sitsoƒedilawo hiã akɔfafa, vevietɔ amesiwo gblẽ woƒe aƒewo ɖi hetsɔ nunɔamesi ʋee siwo ko woate ŋu atsɔ eye womenya afisi woayi alo nusi ava dzɔ ɖe wo kple woƒe ƒomewo dzi le etsɔme o. Ame mawoe nye nublanuitɔ siwo wote ɖe anyi wu ame bubu ɖesiaɖe la dometɔ aɖewo; wohiã akɔfafa.

Le xexeame ƒe akpa siwo tomefafa le wu la, ame miliɔn geɖe nye kluviwo na xexeame ƒe ganyawo ƒe nuɖoanyi la. Nyateƒee, ŋutilãmenunɔamesiwo bɔ ɖe ame aɖewo si ya. Gake ame akpa gãtɔ ƒe gbesiagbe nuhiãhiãwo kpɔkpɔ zu avu kple kɔ. Ame geɖe le aƒe si me nuhiahiã siwo ade na wo le la dim. Dɔmakpɔwɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi. Afrika-nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔe ɖi be: “Xexeame ɖo ta dɔmakpɔwɔe ƒe kuxi si tɔgbe medzɔ kpɔ o la me, esi ame bubu siwo wu biliɔn 1.3 anɔ dɔ dim le le ƒe 2020 me.” Ðikekemanɔmee la, amesiwo ganyawo te ɖe anyi hiã “ŋusẽ kple mɔkpɔkpɔ”—akɔfafa.

Mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe nɔnɔmewo wɔe be, ame aɖewo trɔ zu nuvlowɔlawo. Gake, ɖeko esia naa agbenɔnɔ gasesẽna ɖe edzi na amesiwo ŋu wowɔ nu vloawo ɖo, eye nuvlowɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ dzia ameteteɖeanyi ɖe edzi. Nyati aɖe si dze le Johannesburg, South Africa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Star me nyitsɔ laa xlẽ be: “Ŋkeke ɖeka le ‘dukɔ si me wowɔa nu vlo le wu ɖesiaɖe le xexeame la me.’” Nyatia gblɔ nusi dzɔna le ŋkeke ɖeka me le Johannesburg kple eƒe golɔgoewo. Ŋkeke ɖeka ma dzi la, wowu ame ene eye woxɔ ame enyi ƒe ʋuwo le wo si akpasesẽe. Woka nya ta be fiafiwo gbã xɔ 17 le kesinɔtɔwo ƒe nuto aɖe me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wolé tu ɖe ame gbogbo aɖewo dzi heda adzo woƒe nunɔamesiwo. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be kpovitɔwo gblɔ be enye ŋkeke si dzi “nu boo aɖeke medzɔ o.” Eme kɔ ƒã be, amesiwo wowu ƒe ƒometɔwo kple amesiwo ƒe aƒemenuwo kple ʋuwo woda adzoe akpasesẽe sena le wo ɖokui me be wote yewo ɖe anyi vevie. Wohiã kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ—akɔfafa.

Le anyigba aɖewo dzi la, dzila aɖewo li siwo dzraa wo viwo be woava wɔ gbolo. Woka nya ta le Asia-dukɔ aɖe si me tsaɖila gbogbowo yina ɖawɔa “gbɔdɔdɔ ƒe tsaɖiɖiwo” le ŋu be gbolo miliɔn eve ye le afima, siwo dometɔ geɖe woƒle alo wofi le woƒe ɖevime. Ðe wote ame aɖe ɖe anyi wu fukpela nublanuitɔ siawoa? Esi Time magazine nɔ nu ƒom le asi ɖigbɔ sia tsatsa ŋu la, eka nya ta le ƒe 1991 ƒe takpekpe si Anyieheɣedzeƒe Asia nyɔnuwo ƒe habɔbɔ wɔ la ŋuti. Wosusui be le afima la, “wodzra nyɔnu miliɔn 30 le xexeame godoo tso ƒe 1970-awo ƒe domedome.”

Nyateƒee, menye gbolowɔwɔ koe woadzra ɖeviwo na hafi woazu fukpelawo o. Dzilawo kple ƒometɔwo le ŋlɔmi wɔm le woƒe agbɔsɔsɔ si le dzidzim ɖe edzi la ŋu alo wodɔa wo gbɔ sesẽe le woa ŋutɔwo ƒe aƒewo me. Ðevi mawo axɔ abi le seselelãme gome ɣeyiɣi didi aɖe. Kakaɖedzitɔe la, esi wonye amesiwo wote ɖe anyi nublanuitɔe ta la, wohiã na akɔfafa.

Blematɔ Ameteteɖeanyi Ŋuti Nusrɔ̃vi Aɖe

Fia Salomo ƒe nu ku le alesi gbegbe wote amewo ɖe anyii ta. Eŋlɔ be: “Megaɖe ŋku ɖe ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.”—Nyagblɔla 4:1.

Ne fia nyanu ma gblɔ ƒe 3,000 va yi be amesiwo wote ɖe anyi hiã na akɔfala vevie la, ke nya kae wòagblɔ egbea? Gake Salomo nyae be amegbetɔ madeblibo aɖeke mate ŋu ana akɔfafa si ameƒomea hiã la o, eya ŋutɔ hã mate ŋui o. Wohiã na ame si lolo wu be wòatsi ameteɖeanyilawo ƒe ŋusẽ nu. Ðe ame aɖe li nenema?

Le Biblia me la, Psalmo 72 ƒo nu tso akɔfala wɔnuku aɖe si afa akɔ na amewo katã la ŋuti. Salomo fofo, Fia Dawid, ye ŋlɔ psalmo ma. Eƒe ŋgɔdonya xlẽ be: “Salomo tɔ.” Edze ƒã be Fia Dawid si ku amegã ɖeɖi lae ŋlɔe le Amesi ava nyi eƒe fiazikpuia ƒe dome la ŋu. Psalmo la gblɔ be Amesia ahe gbɔdzɔe mavɔ tso ameteteɖeanyi me vɛ. “Ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o. Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, . . . ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”—Psalmo 72:7, 8.

Anye be esi Dawid ŋlɔ nya siawo la, via Salomo ye nɔ susu me nɛ. Gake Salomo kpɔe dze sii be yeƒe ŋutete meɖo afisi yeate ŋu akpe ɖe ameƒomea ŋu le mɔ si ŋuti woƒo nu tsoe le psalmo la me nu o. Mɔ sue aɖe ko nu, eye na Israel-dukɔa koe wòate ŋu ana psalmo la me nyawo nava me ɖo, ke menye na xexeame katã o. Edze ƒã be nyagblɔɖi ƒe psalmo sia si tso gbɔgbɔ me la fia asi ame aɖe si lolo wu Salomo. Amekae nye ma? Yesu Kristo koe wòate ŋu anye.

Esi mawudɔla aɖe ɖe gbeƒã Yesu ƒe dzidzi la, egblɔ be: “Aƒetɔ Mawu atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae.” (Luka 1:32) Gawu la, Yesu yɔ eɖokui be “amesi wu Salomo.” (Luka 11:31) Tso esime ke Yesu tsi tre tso ame kukuwo dome yi ɖe Mawu ƒe ɖusime la, ele dziƒo le teƒe si wòate ŋu ana Psalmo 72 ƒe nyawo nava eme. Gakpe ɖe eŋu la, exɔ ŋusẽ tso Mawu gbɔ be wòaŋe amegbetɔ amedzizilawo ƒe kɔkuti ɖa. (Psalmo 2:7-9; Daniel 2:44) Eyata Yesue nye amesi ana Psalmo 72 me nyawo nava eme.

Teteɖeanyi Nu Ava Yi Kpuie

Nukae esia fia? Efia be ablɔɖekpɔkpɔ tso ameteteɖeanyi ɖesiaɖe me gbɔna kpuie. Yesu gblɔ fukpekpe kple amedzizizi si tɔgbe medzɔ kpɔ o si teƒe amewo kpɔ le ƒe alafa 20 lia sia me ɖi be woanye nudzɔdzɔ siwo ade dzesi ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi.’ (Mateo 24:3, NW) Egblɔe ɖi hekpe ɖe nu bubuwo ŋu be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.” (Mateo 24:7) Nyagblɔɖia ƒe akpa ma dze eme vava gɔme le ɣeyiɣi si me xexeameʋa gbãtɔ dze egɔme le ƒe 1914 me. Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.” (Mateo 24:12) Sedzimawɔmawɔ kple amemalɔ̃malɔ̃ he dzidzime sẽŋuta si tea ame ɖe to vɛ. Eyata ɣeyiɣi si me Yesu Kristo si nye anyigba ƒe Fia yeye la nade asi nyawo me la tu aƒe. (Mateo 24:32-34) Nukae esia afia na amesiwo wote ɖe anyi siwo xɔ Yesu Kristo dzi se eye wokpɔa esinu be eyae nye Akɔfala si Mawu ɖo na ameƒomea la?

Be míaɖo nya ma ŋu la, mina míaxlẽ nya bubu aɖewo le Psalmo 72 me siwo kpɔ emevava le Kristo Yesu me: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.” (Psalmo 72:12-14) Eyata Mawu ƒe Fia si wòɖo, Yesu Kristo, akpɔ egbɔ be ame aɖeke makpe fu le ameteteɖeanyi ta o. Ŋutete le eŋu be wòatsi sedzimawɔmawɔ ƒomevi ɖesiaɖe nu.

Ame aɖe agblɔ be: ‘Enya se ŋutɔ, gake fifia ɖe? Akɔfafa kae li na amesiwo le fu kpem fifi laa?’ Le nyateƒe me la, akɔfafa li na amesiwo wote ɖe anyi. Nyati eve siwo kplɔ esia ɖo le magazine sia me afia alesi ame miliɔn geɖewo le akɔfafa kpɔm xoxo le ƒomedodo kplikplikpli tutu ɖo kple Mawu vavã la, Yehowa, kpakple Via lɔlɔ̃a, Yesu Kristo, me. Ƒomedodo ma ate ŋu afa akɔ na mí le ameteteɖeanyi ƒe ɣeyiɣi siawo me eye wòate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ si me ameteteɖeanyi aɖeke maganɔ o me. Yesu gblɔ le gbedodoɖa me na Mawu be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Amegbetɔ aɖeke mate nɔvia ɖe anyi le Mawu ƒe xexe yeyea me o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe