2000—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònyea?
ÐE NANE le etɔxɛ le ƒe 2000 lia ŋua? Amesiwo le Ɣetoɖoƒedukɔwo me dometɔ akpa gãtɔ bunɛ be enye ƒe akpe etɔ̃lia ƒe ƒe gbãtɔ. Wole ɖoɖo kpeɖiwo wɔm be woaɖu eƒe azã. Wole elektrikgaƒoɖokui gãwo dem be woatsɔ axlẽ sɛkɛnd siwo ava yi hafi ƒe akpe yeyea nadze egɔme. Wole ɖoɖo wɔm ɖe Fiẽ si Do Ŋgɔ na Ƒe Yeyea ƒe Azã ɖuɖu kple ɣeɖuɖu ŋu. Wole awudedee siwo dzi woŋlɔ ƒe akpea ƒe nuwunyawo ɖo la dzram le duviwo kple dugãwo ƒe fiasewo me.
Sɔlemeha gãwo kple sueawo siaa aƒo wo ɖokui ɖe ƒe blibo ƒe azã siawo ɖuɖu me. Wole mɔ kpɔm be le ƒe si gbɔna ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, Papa John Paul II azɔ mɔ ayi Israel anɔ ŋgɔ na Roma Katolikotɔwo le nusi woyɔ be “Roma Katoliko Ha la ƒe ƒe akpea ƒe aseyetsozã ɖuɖu” me. Wobu akɔnta be modzakaɖetsaɖila siwo ade miliɔn eve kple afã va ɖo miliɔn ade, tso mawuvɔ̃lawo dzi va ɖo amesiwo lɔ̃a numekuku dzi, le ɖoɖo wɔm be yewoayi Israel le ƒe si gbɔna me.
Nukata ame gbogbo siawo le ɖoɖo wɔm be yewoayi Israel? Esi Roger Cardinal Etchegaray, si nye Vatican-megã aɖe nɔ nu ƒom ɖe papa nu la, egblɔ be: “Ƒe 2000 lia nye Kristo kple eƒe agbenɔnɔ le dukɔ sia me ƒe azã. Eyata ɖeko wòsɔ be Papa la ava afisia.” Aleke ƒe 2000 lia do ƒome kple Kristoe? Ame geɖe buna be ƒe 2000 lia nye ƒe 2,000 tututu tso Kristo dziɣi. Gake nenemaea? Míakpɔe ɖa.
Ƒe 2000 lia gale vevie na subɔsubɔha aɖewo wu gɔ̃ hã. Woka ɖe edzi be le ƒe si gbɔna me lɔƒo la, Yesu agatrɔ va Amitoa dzi eye woawɔ Harmagedon-ʋa si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la le Megido-bali me. (Nyaɖeɖefia 16:14-16) Esi wole mɔ kpɔm na nudzɔdzɔ siawo ta la, United States nɔla alafa geɖe le woƒe aƒewo kple nunɔamesi akpa gãtɔ dzram hele ʋuʋum yi Israel. Be wòaɖe vi na amesiwo mate ŋu azɔ mɔa o la, United States mawunyagblɔla xɔŋkɔ aɖe do ŋugbe be yeaɖe gbeƒã Yesu ƒe tɔtrɔgbɔa le television dzi—adze le amadede me!
Wobiã ŋku ɖe ɖoɖo siwo wɔm wole le Ɣetoɖoƒedukɔwo me be woado dzaa na ƒe akpe etɔ̃lia la ŋu. Gake amesiwo le dukɔ bubuwo me ya le woƒe dɔwɔnawo dzi abe alesi wowɔnɛ ɖaa ene. Amesiawo—siwo nye xexeamenɔlawo ƒe akpa gãtɔ—mexɔe se be Yesu Nazaretetɔ lae nye Mesia la o. Eye womeda asi ɖe B.C. kple A.D. ƒexexlẽa hã dzi o.a Le kpɔɖeŋu me, Moslemtɔ geɖe zãa woawo ŋutɔ ƒe ɣletigbalẽ eye le eya nu la, ƒe si gbɔna anye ƒe 1420—menye ƒe 2000 o. Moslemtɔwo xlẽa ƒewo tso gbesigbe nyagblɔɖila Muḥammad si tso Mecca yi Medina. Míagblɔe gbadza ko be le xexeame godoo la, amewo zãa ɣletigbalẽ vovovo 40.
Ðe wòle be gɔmesese aɖe nanɔ ƒe 2000 lia ŋu na Kristotɔwoa? Ðe January 1, 2000, nye ŋkeke tɔxɛ nyateƒea? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le B.C. kple A.D. ƒexexlẽa nu la, wodea dzesi nusiwo dzɔ do ŋgɔ na ɣeyiɣi si amewo susu be enye Yesu dziɣi la be wonye “B.C.” ƒewo (before Christ [do ŋgɔ na Kristo]); wodea dzesi nusiwo dzɔ le ɣeyiɣi ma megbe be wonye “A.D.” ƒewo (Anno Domini—“le mía Aƒetɔ ƒe ƒea me.”) Gake xexemetɔwo ƒe dzeside siwo nye “D.M.Ŋ.” (do ŋgɔ na Mía Ŋɔli) kple “M.Ŋ.” (Mía Ŋɔli) dze agbalẽnyalagã aɖewo ŋu wu.