Ɣekaɣie Ƒe Akpe Etɔ̃lia Adze Egɔme?
ÈSE amewo gblɔ be ƒe akpe etɔ̃lia madze egɔme le ƒe 2000 me o ke boŋ ƒe 2001 mea? Nya ma nye nyateƒe—va ɖo afi aɖe. Ne míatsɔe be ƒe si woyɔna fifia be ƒe 1 D.M.Ŋ. mee wodzi Yesu Kristo, abe alesi ame aɖewo susui tsã ene la, ke le nyateƒe me la, December 31, 2000 (menye ƒe 1999 o) ye anye ƒe akpe evelia ƒe nuwuwu, eye January 1, 2001, anye ƒe akpe etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze.a Gake egbea la, agbalẽnyalawo katã kloe lɔ̃ ɖe edzi be menye ƒe 1 D.M.Ŋ. mee wodzi Yesu Kristo o. Enyo, ekema ɣekaɣie wodzii?
Ɣekaɣie Wodzi Yesu?
Biblia meyɔ ŋkeke si tututu dzi wodzi Yesu o. Gake egblɔ be wodzii “le fia Herodes ŋɔli.” (Mateo 2:1) Biblia-nyala geɖe xɔe se be ƒe 4 D.M.Ŋ. mee Herodes ku eye be wodzi Yesu do ŋgɔ na eƒe ku—anye do ŋgɔ le ƒe 5 alo 6 D.M.Ŋ. me. Wotu woƒe nyataƒonyawo ɖe Herodes ƒe kunya siwo ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ dzi.b
Le Josephus ƒe nya nu la, ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Fia Herodes ƒe ku la, zãdokeli do. Biblia-nyalawo gblɔna be zãdokeli afãafã aɖe do le March 11, 4 D.M.Ŋ. dzi, eye wotsɔe ɖoa kpe edzi be anye ƒe ma mee Herodes ku. Gake le ƒe 1 D.M.Ŋ. me la, zãdokeli blibo do le January 8 lia dzi eye afãafã aɖe do le December 27 lia dzi. Ame aɖeke mate ŋu anya nenye be ƒe 1 D.M.Ŋ. me ƒe zãdokeliawo dometɔ ɖeka alo esi do le ƒe 4 D.M.Ŋ. me ƒe nya gblɔm Josephus nɔ o. Ewɔe be míate ŋu anɔ te ɖe Josephus ƒe nyawo dzi anya ƒe si tututu me Herodes ku o. Ne míate ŋui gɔ̃ hã la, esi nyatakaka bubuwo meli o ta la, míate ŋu anya ɣeyiɣi si wodzi Yesu koŋ o.
Yesu dziɣi ƒe kpeɖodzi sẽŋu kekeake si le mía si la le Biblia me. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me gblɔ be Yesu nɔgã ƒe vi Yohanes Amenyrɔɖetsimela dze eƒe nyagblɔɖidɔ gɔme le Roma Fiagã Kaisaro Tiberio ƒe ƒe 15 lia me. (Luka 3:1, 2) Xexemeŋutinyawo ɖo kpe edzi be woɖo Tiberio fiagãe le September 15, 14 M.Ŋ. dzi, eyata eƒe ƒe 15 lia atso ƒe 28 M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo va ɖo ƒe 29 M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo. Ɣemaɣie Yohanes dze eƒe subɔsubɔdɔ gɔme, eye edze ƒã be Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ɣleti ade megbe. (Luka 1:24-31) Ne míetsɔ nya siawo kple kpeɖodzi bubuwo ƒo ƒu la, ke ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele mee Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme.c Biblia gblɔ be Yesu xɔ “ƒe anɔ ƒe blaetɔ̃” esime wòdze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme. (Luka 3:23) Ne wòxɔ ƒe 30 le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele me la, ke anye ƒe 2 D.M.Ŋ. ƒe kele mee wodzii. Azɔ ne míexlẽ ƒe akpe eve tso ƒe 2 D.M.Ŋ. ƒe kele me (míaɖo ŋku edzi be ƒe aɖeke menɔ anyi woyɔ be ƒe zero o; eyata tso ƒe 2 D.M.Ŋ. va ɖo ƒe 1 M.Ŋ. nye ƒe eve) la, míakpɔe be ƒe akpe evelia wu enu le ƒe 1999 ƒe kele me eye ƒe akpe etɔ̃lia dze egɔme le kele ma ke me!
Ðe nya ma le veviea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe ƒe akpe etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze anye Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si woyɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ƒe gɔmedzedzea? Ao. Biblia mefia le teƒe aɖeke be ƒomedodo aɖe le ƒe akpe etɔ̃lia kple Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua dome o.
Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo tsi tre ɖe ŋkekewo bubu do ŋgɔ ŋu. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.” (Dɔwɔwɔwo 1:7) Yesu ɖee fia do ŋgɔ be ɣemaɣi la, ye ŋutɔ kura gɔ̃ hã yemenya ɣeyiɣi si me Mawu adrɔ̃ ʋɔnu nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ale be mɔ naʋu na Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua o. Egblɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.”—Mateo 24:36.
Ðe susu le eme be míakpɔ mɔ be Kristo atrɔ agbɔ le ƒe 2,000 tututu megbe tso esime wodzii wònye amegbetɔ dzia? Ao, susu mele eme o. Yesu anya eya ŋutɔ ƒe dzigbe godoo. Eye kokoko la, enya alesi woaxlẽ ƒe 2,000 tso ŋkeke ma dzi. Ke hã menya eƒe vavagbe kple gaƒoƒoa o. Edze ƒã be manɔ bɔbɔe be woanya ŋkeke si tututu wòatrɔ agbɔ o! ‘Ɣeyiɣiawo kple azãgbeawo’ le Fofoa ƒe ŋusẽ te—eya ko si me wòle be wòanya ɣeyiɣiɖoɖowɔɖia.
Gakpe ɖe eŋu la, Yesu mede se na eyomedzelawo be woava lala ye le anyigba ƒe teƒe aɖeke o. Megblɔ na wo be woaƒo ƒu alala ye o, ke boŋ be woakaka “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke” eye woawɔ dukɔwo me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo. Mete fli ɖe sedede ma me kpɔ o.—Dɔwɔwɔwo 1:8; Mateo 28:19, 20.
Ðe Woƒe Ƒe Akpe Ðeka Mɔkpɔkpɔa Azu Dzodzroa?
Ke hã subɔsubɔhawo ƒe nyameléɖeasila aɖewo le mɔ kpɔm na nu gãwo le ƒe 2000 me. Woxɔe se be le ɣleti ʋɛ siwo le ŋgɔ me la, Nyaɖeɖefia gbalẽa ƒe akpa aɖewo ava eme ŋutɔŋutɔ. Le nyateƒe me la, wosusu be yewo ŋutɔwo hã yewoawɔ akpa aɖe le woƒe emevava me. Le kpɔɖeŋu me, wofiaa asi nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 11:3, 7, 8, afisi wogblɔ le be ɖaseɖila eve gblɔ nya ɖi le “du gã [si] woyɔ . . . le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.” Esi ɖaseɖila eveawo wu woƒe ɖaseɖiɖia nu la, lã wɔadã aɖe si do go tso aʋli me la wu wo.
Le nyatakaka aɖe si le December 27, 1998 ƒe The New York Times Magazine me nu la, subɔsubɔha aɖe ƒe ŋgɔnɔla “gblɔ na eyomedzelawo be yenye ɖaseɖila eve siwo woɖo ɖi be woagblɔ anyigba la tsɔtsrɔ̃ kple Aƒetɔ la ƒe vava ŋu nya ɖi—eye emegbe Satana awu wo le Yerusalem-blɔwo me—la dometɔ ɖeka.” Eme kɔ be Israel-megãwo tsi dzi. Wole vɔvɔ̃m be zazɛ̃nyahela aɖewo ate ŋu ate kpɔ be yewoana nyagblɔɖia “nava eme” alesi yewodii—ne wòanye aʋae woawɔ gɔ̃ hã! Gake Mawu mehiã amegbetɔ ƒe “kpekpeɖeŋu” hafi eƒe tameɖoɖo nava eme o. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo katã ava eme le Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi kple le alesi Mawu dii nu.
‘Dzesiwo’ mee woŋlɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyawo ɖo. Le nya si le Nyaɖeɖefia 1:1 nu la, Yesu di be yeaɖe nusiwo ava eme kpuie afia “[yeƒe] dɔlawo” (menye xexeame katã o). Be Kristo ƒe dɔlawo, alo eyomedzelawo nase Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyawo gɔme la, woahiã Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si Yehowa naa amesiwo dzea eŋu. Ne ɖe woase Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyawo gɔme le alesi wogblɔe nu la, ke xɔsemanɔsitɔwo gɔ̃ hã ate ŋu axlẽe ase egɔme. Ekema magahiã be Kristotɔwo nado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea hafi ase egɔme o.—Mateo 13:10-15.
Míekpɔe tso kpeɖodzinya siwo le Biblia me be tso Yesu dziɣi la, ƒe akpe etɔ̃lia adze egɔme le ƒe 1999 ƒe kele me eye be ɣletiŋkeke ma loo alo January 1, 2000, alo January 1, 2001 dometɔ aɖeke mele etɔxɛ o. Ke hã, ƒe akpe ɖeka aɖe gali si me Kristotɔwo tsɔ ɖe le vevie. Ne menye ƒe akpe etɔ̃lia ye o la, ke ekae? Nyati siawo ƒe mamlɛtɔ aɖo biabia sia ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Ƒe 2000 alo 2001 Yea?” le axa 5.
b Le agbalẽnyala siawo ƒe ɣeyiɣikɔntabubu nu la, anye ne ƒe akpe etɔ̃lia dze egɔme le ƒe 1995 alo 1996 me.
c Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, ke taflatse kpɔ Insight on the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, ƒe Babla 1, axa 1094-5.
[Aɖaka si le axa 5]
Ƒe 2000 alo 2001 Yea?
Be míase nusita ame aɖewo gblɔna be tso Yesu dziɣi la, ƒe akpe etɔ̃lia adze egɔme le January 1, 2001 dzi la, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be yele agbalẽ aɖe si si axa 200 le la xlẽm. Ne èɖo axa 200 lia ƒe tame la, ke èwu axa 199 xexlẽ nu enye ema, eye axa ɖeka gasusɔ nàxlẽ. Màwu agbalẽa xexlẽ nu o negbe ɖe nèɖo axa 200 lia ƒe nuwuwu hafi. Nenema ke abe alesi ame geɖe bunɛ ene la, le December 31, 1999 dzi la, ke ƒe akpe sia ƒe ƒe 999 enye ema va yi, eye wògasusɔ ƒe ɖeka hafi ƒe akpea nawu enu. Le akɔntabubu ma nu la, ke ƒe akpe etɔ̃lia adze egɔme le January 1, 2001 dzi. Gake ema mefia be le ŋkeke ma dzi la, ke ƒe 2,000 tututu va yi tso ŋkeke si dzi wodzi Yesu o, abe alesi nyati sia fia ene.
[Aɖaka si le axa 6]
Alesi Wowɔ To B.C. Kple A.D. ƒe Ƒexexlẽa Vɛ
Le ƒe alafa adelia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, Papa John I de dɔ asi na saɖagaxɔmenɔla aɖe si woyɔna be Dionysius Exiguus be wòato akɔntabumɔnu aɖe vɛ si akpe ɖe sɔlemehawo ŋu be woatia Easter-ŋkeke si dzi woda asi ɖo.
Dionysius tso ɖe dɔa ŋu. Exlẽ ɣeyiɣiawo yi megbemegbee wògbɔ Yesu ƒe kuɣi ŋu, va ɖo ƒe si wòsusu be eyae nye Yesu dziɣi dzi; emegbe exlẽ ƒe ɖesiaɖe tso ɣemaɣi dzi vɛ. Dionysius de dzesi ɣeyiɣi si tso Yesu dziɣi be “A.D.” (si fia Anno Domini—“le mía Aƒetɔ ƒe ƒea me.”) Togbɔ be ɖeko Dionysius di be yeato mɔnu aɖe si ŋu kakaɖedzi le vɛ si woatsɔ abu Easter-ŋkeke ƒe sia ƒe hafi hã la, eva to ƒexexlẽ tso Kristo dziɣi va ŋgɔgbe vɛ le manyamanya me.
Togbɔ be agbalẽnyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be menye ƒe si dzi Dionysius nɔ te ɖo wɔ eƒe akɔntabubua mee wodzi Yesu o hã la, eƒe ɣeyiɣikɔntabubua kpe ɖe mía ŋu míede dzesi nudzɔdzɔwo le ɣeyiɣi siwo va yi me eye míekpɔ alesi wodo ƒome kple wo nɔewoe.