Nukatae Vɔvɔ̃ Ðo Amewo Le Apokalips Ŋu?
DAMIAN THOMPSON, amesi ŋlɔa nu tso mawusubɔsubɔnyawo ŋu le Time magazine me gblɔ be: “Ƒe gbogbo aɖewoe nye sia la, Kristotɔ blemakɔnuléɖeasilawo le nya gblɔm ɖi be toyiyi [aɖe] tɔgbe le ŋgɔ kpuie gbɔna le dukɔwo me. Fifia la, ewɔ nuku na wo be menye ɖe wova le nudzɔdzɔ siawo bum nya veviwoe ko o, ke amesiwo tututu nɔ fewu ɖum le wo ŋu tsã va le wo kakam: kɔmpiuta dɔwɔɖoɖoŋlɔlawo, asitsahakplɔlawo kple dunyahelawo.” Egblɔ be alesi vɔvɔ̃ le amewo ɖom be kɔmpiutawo katã ado kpo nu le ƒe 2000 lia me “na amesiwo metsia dzi kura ɖe mawunya ŋu tsã o la va zu ƒe akpe ɖeka dzixɔsela” siwo le vɔvɔ̃m be afɔkuwo abe “vɔvɔ̃ si alé amehawo, dziɖuɖuwo ƒe gbagbã, nuɖuɖu ƒe veve, yameʋuwo ƒe xɔ kɔkɔwo lɔlɔ” ene adzɔ.
Nusi gana be amewo le dzimaɖi tsim ɖe edzie nye xɔseha sue vovovo siwo wolɔ̃a yɔyɔ be ‘dzɔgbevɔ̃ehawo’ ƒe dzikatsoƒoedoname nuwɔnawo. Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Figaro gblɔ le January 1999, ƒe tata me nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Yerusalem Kple Apokalips Boblodolawo” te be: “[Israeltɔwo] ƒe dedienɔnɔdɔwɔƒea bu akɔnta be ‘ƒe akpe ɖeka dzixɔsela’ siwo va le Olives-toa dzi alo egbɔ hele vava evelia la alo apokalips la ƒe vava dzɔm la wu alafa ɖeka.”
Nyatakaka tɔxɛ aɖe le agbalẽ si nye 1998 Britannica Book of the Year me tso “Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke Vivimehawo” ŋu. Eyɔ vivimeha geɖe siwo dometɔ aɖewoe nye ameɖokuiwuwu vivimehawo abe Dziƒogbo, Amehawo ƒe Gbedoxɔ, Ɣe Gbedoxɔ ƒe Nɔvisiha, kple Aum Shinrikyo (Nyateƒe si Ƒo Ðesiaɖe Ta) si wɔ ɖoɖo woda ya vɔ̃ɖi wuame ɖe Tokyo ƒe tomemɔ dzi le ƒe 1995 me si wu ame 12 eye ame akpe geɖe xɔ abi. Esi Martin E. Marty, si nye mawunyafialagã le Chicago Yunivɛsiti nɔ nyatakaka sia ta ƒom la, eŋlɔ bena: “Ɣletigbalẽa ʋuʋu age ɖe ƒe 2000 lia me ade seselelãme vovovo amewo me—eye enye nyateƒe be ana nyagblɔɖi kple habɔbɔ ƒomevi vovovowo nado. Afɔku anɔ ɖewo ŋu. Manye ɣeyiɣi si me woaɖe dzi ɖi le o.”
Vɔvɔ̃ na Apokalips la Ŋutinya
Apokalips alo Nyaɖeɖefia nye Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ, si woŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la ƒe ŋkɔ. Le alesi agbalẽ sia nye nyagblɔɖigbalẽe eye wogblɔ emenyawo le kpɔɖeŋumɔ nu ale gbegbe ta la, wova tsɔ ŋkɔnyaɖɔnya “apokalips” na agbalẽ aɖe siwo ŋɔŋlɔ gɔme wodze xoxoxo hafi woŋlɔ Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia la. Blema Persia kee agbalẽ sia ƒe glitonyawo dze egɔme tsoe, eye edo ŋgɔ nɛ gɔ̃ hã. Le esia ta The Jewish Encyclopedia ƒo nu tso “alesi gbegbe Babilontɔwo ƒe nukpɔsusuwo dze gaglã le glinya siwo wogblɔ de [Yudatɔwo ƒe apokalips] gbalẽ sia mee” la ŋu.
Yudatɔwo ƒe apokalips gbalẽwo te dzidziɖedzi tso ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze va ɖo ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu. Esi Biblia-nyalagã aɖe nɔ susu si ta woŋlɔ agbalẽ siawo me ɖem la, eŋlɔ bena: “Yudatɔwo ma ɣeyiɣiwo katã ɖe dzidzime eve me. Dzidzime si li fifia, si gblẽ le nusianu me la li . . . Eyata Yudatɔwo nɔ lalam be alesi nuwo nɔ la ƒe nuwuwu nava. Dzidzime si gbɔna vava ge hã li, si anyo le nusianu me, si nye Mawu ƒe nunyonameɣi si me ŋutifafa, nudzedziname, kple dzɔdzɔenyenye anɔ . . . Aleke dzidzime si li fifia awɔ ava nye dzidzime si gbɔna la? Yudatɔwo xɔe se be tɔtrɔa mato amegbetɔ aɖeke dzi ava gbeɖe o, eyata wonɔ mɔ kpɔm be Mawu ŋutɔ nade nu nyawo me. . . . Woyɔ Mawu ƒe vavagbe la be Aƒetɔ ƒe Ŋkeke la eye wobe anye vɔvɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkeke dziŋɔ aɖe kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo anye fuɖuame ƒe dzesiwo na dzidzime yeyea ƒe vava. Agbalẽ siwo katã ku ɖe apokalips ŋu ƒo nu tso nudzɔdzɔ siawo tɔgbe ŋu.”
Ðe Wòsɔ Be Woavɔ̃ Apokalips La?
Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” alo Harmagedon, si me woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le, eye ƒe akpe ɖeka ƒe ɣeyiɣi aɖe (si woyɔna ɣeaɖewoɣi be Ƒe Akpe Ðeka ƒe Dziɖuɖu) akplɔe ɖo, si me woade Satana aʋli me eye Kristo adrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea le la ŋu. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 20:1-4) Le Titina Ɣeyiɣiwo me la, ame aɖewo se nyagblɔɖi siawo me bubui elabena Katolikotɔwo ƒe “Ame Kɔkɔe” Augustine (ƒe 354-430 M.Ŋ.) gblɔ be Ƒe Akpe Ðeka la dze egɔme le Kristo dziɣi eye Ʋɔnudɔdrɔ̃ Mamlɛa akplɔe ɖo. Edze abe Augustine mebu ɣeyiɣiawo ŋu o ene, gake esi ƒe 1000 nɔ gogom la, nuwo me va nɔ kɔkɔm ɖe edzi. Ŋutinyaŋlɔlawo ƒe susu mewɔ ɖeka le alesi gbegbe titinaɣeyiɣi me tɔwo nɔ vɔvɔ̃m na apokalips la ŋu o. Gake togbɔ be vɔvɔ̃a nɔ kakam hã la, eva dze ƒã be mesɔ be woavɔ̃ hafi o.
Nenema ke egbea la, vɔvɔ̃ ɖo subɔsubɔhawo kple dukɔmevi bubuwo be tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe adzɔ le ƒe 2000, alo 2001 me. Gake ɖe wòsɔ be woavɔ̃ na ƒe siawo nyateƒea? Eye ɖe wòle be woavɔ̃ gbedasi si le Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia alo Apokalips la me loo alo woakpɔ mɔ nɛ boŋua? Taflatse yi nuxexlẽa dzi.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Titina Ɣeyiɣi me tɔwo ƒe vɔvɔ̃ na Apokalips la mesɔ o
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Cliché Bibliothèque Nationale de France, Paris
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
Maya/Sipa Press