Apokalips—Ðe Wòle Be Woavɔ̃e Loo Alo Woakpɔ Mɔ Nɛ?
“Egbea menye ɖe apokalips la nye nusi ŋu Biblia ƒo nu tsoe ko o, ke eva zu nusi ava eme ŋutɔŋutɔ hã.”—Javier Pérez de Cuéllar, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã tsã.
ALESI xexeame ƒe ame xɔŋkɔ aɖe zã nya “apokalips” la ɖe alesi ame akpa gãtɔ se egɔmee fia kple alesi wokpɔnɛ wozãnɛ le sinimawo kple agbalẽwo ƒe tanyawo me, le magazine me nyatiwo, kple nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe nyatakakawo me. Ena wobunɛ be anye afɔku gã si gbɔna. Gake nya “apokalips” la gɔme ŋutɔŋutɔ ɖe? Eye vevietɔ la, gbedasi kae le Biblia ƒe agbalẽ si ŋkɔe nye Apokalips alo Nyaɖeɖefia la me?
Woɖe nya “apokalips” tso Helagbe me nyagbɔgblɔ si fia be “woʋu nu le enu” alo “woklo nu le nane dzi.” Nuka dzie woklo nu le alo ɖe fia le Biblia me Nyaɖeɖefia la me? Ðe wònye gbedasi si ku ɖe tsɔtsrɔ̃ gbidii ɖeɖeko ŋu, be agbetsila aɖeke manɔ anyi oa? Esi wobia gbe Jean Delumeau, si nye ŋutinyaŋlɔla, amesi le France ƒe Nusrɔ̃ƒegã tso nusi wònya tso Apokalips ŋu la, egblɔ be: “Enye agbalẽ si naa akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ. Amewo nɔ te ɖe emenya siwo ku ɖe tsɔtsrɔ̃nya vovovo ŋu dzi tsɔ wɔ fefewoe.”
Sɔlemeha Gbãtɔa Kple Apokalips La
Aleke “Kristotɔ” gbãtɔwo bu Apokalips la kple mɔkpɔkpɔ si le eme ku ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu (Ƒe Akpe Ðeka la) ɖe anyigba dzi ŋui? Ŋutinyaŋlɔla ma ke gblɔ be: “Edze nam abe ƒe alafa gbãtɔawo me Kristotɔwo katã kloe nye amesiwo xɔe se be nu nyuiwo le ƒe akpe ɖeka me gbɔna ene. . . . Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo xɔ Ƒe Akpe Ðekaa dzi se dometɔ ɖedzesi ɖekae nye Papias, si nye Hierapolis si le Asia Sue ƒe bisiɔp, . . . Ame Kɔkɔe Justin, si wodzi le Palestine, amesi ku xɔsetaku le Roma anye le ƒe 165 me, Ame Kɔkɔe Irenæus, Lyons ƒe bisiɔp, si ku le ƒe 202 me, Tertullian, si ku le ƒe 222 me, kple . . . nuŋlɔlagã Lactantius.”
The Catholic Encyclopedia gblɔ ku ɖe Papias, amesi ŋu wogblɔ le be eku xɔsetaku le Pergamum le ƒe 161 alo 165 M.Ŋ. me ŋu be: “Papias, Hierapolis ƒe Bisiɔp, amesi nye Ame Kɔkɔe Yohanes ƒe nusrɔ̃la, nye ƒe akpe ɖeka la taʋlila. Egblɔ be Apostoloawo ŋɔlimetɔwo gbɔe yexɔ yeƒe nufiafia la tsoe, eye Irenæus gblɔ be ‘Nyanyui Hametɔ’ bubu siwo kpɔ nusrɔ̃la Yohanes eye wose eƒe nuƒo la srɔ̃ ƒe akpe ɖeka dzixɔsea tso egbɔ be ekpe ɖe Aƒetɔa ƒe nufiafia ŋu. Le Eusebius ƒe nya nu la, . . . Papias gblɔ le eƒe agbalẽ me be Kristo ƒe ƒe akpe ɖeka ŋutikɔkɔe dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si anɔ anyigba dzi akplɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsia ɖo.”
Nukae nya sia gblɔ na mí tso dɔ si agbalẽ si nye Apokalips alo Nyaɖeɖefia wɔ ɖe Kristotɔ gbãtɔwo dzi la ŋu? Vɔvɔ̃ alo mɔkpɔkpɔe wòde wo mea? Enyo be míanya be ŋutinyaŋlɔlawo yɔ Kristotɔ gbãtɔwo be chiliasts (ƒe akpe ɖeka tɔwo) si woɖe tso Helagbe me nya si nye khiʹli·a eʹte me si nye (ƒe akpe ɖeka). Ẽ, wonya wo dometɔ geɖe be woxɔ Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si ahe paradiso ƒe nɔnɔmewo ava anyigba dzii la dzi se. Biblia ƒe akpa si ko me woyɔ ƒe akpe ɖeka ƒe mɔkpɔkpɔa le kaŋ enye Apokalips alo Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. (20:1-7) Eyata le esi teƒe be Apokalips la nade vɔvɔ̃ xɔsetɔwo me la, ena mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe boŋ su wo si. Cecil Cadoux, si nye sɔlemehawo ƒe ŋutinyafialagã le Oxford ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Early Church and the World me be: “Togbɔ be wova gbe ƒe akpe ɖeka la ŋuti nukpɔsusuwo mlɔeba hã la, ame geɖe da asi ɖe edzi le Sɔlemeha la me hena ɣeyiɣi didi aɖe, eye agbalẽŋlɔla siwo ŋu wodea bubui vevie dometɔ akpa gãtɔ fianɛ.”
Nusita Wova Gbe Apokalips Mɔkpɔkpɔa
Esi wònye nyateƒe matrɔmatrɔ le ŋutinya me be ne menye Kristotɔ gbãtɔawo katãe o la, ke wo dometɔ geɖe kpɔ mɔ na Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si aɖu paradisonyigba dzi la, ke aleke wòte ŋu va dzɔe be ‘wova gbe ƒe akpe ɖeka ƒe nukpɔsusu siawo mlɔeba’? Ðeklemiɖeɖe aɖewo siwo sɔ do mo ɖa elabena, abe alesi agbalẽnyala Robert Mounce ɖee fia ene la, “nublanuitɔe la, ƒe akpe ɖeka dzixɔsela dometɔ geɖe na nukpɔsusu gbogbo aɖewo va nɔ wo si ale gbegbe be wova nɔ gbɔgblɔm be ŋutilã me nuwɔna kple vivisese ƒomevi vovovo siwo gbɔ eme la ayi edzi le ƒe akpe ɖeka la me.” Gake anye ne woate ŋu aɖɔ nukpɔsusu siawo siwo gbɔ eme la ɖo Ƒe Akpe Ðeka ƒe mɔkpɔkpɔ vavã la magbemagbee hafi.
Nusi wɔ nuku ŋutɔe nye mɔ siwo nu futɔwo to be yewoate ƒe akpe ɖeka dzixɔsea ɖe to. Dictionnaire de Théologie Catholique gblɔ le Roma sɔlemehaŋgɔnɔla Caius (ƒe alafa evelia ƒe nuwuwu, ƒe alafa etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze) ŋu be, “le alesi wòawɔ aɖu ƒe akpe ɖeka dzixɔselawo dzi ta la, meda asi ɖe Apokalips [Nyaɖeɖefia] la kple Ame Kɔkɔe Yohanes ƒe Nyanyuia ƒe nyateƒenyenye dzi kura o.” Dictionnaire sia yi edzi gblɔ be Dionysius, si nye ƒe alafa etɔ̃lia me Alexandria bisiɔp ŋlɔ nu tsi tre ɖe ƒe akpe ɖeka dzixɔsea ŋu “be wòaxe mɔ na amesiwo lé nukpɔsusu sia me ɖe asi be womagatu woƒe dzixɔsea ɖe Ame Kɔkɔe Yohanes ƒe Apokalips la dzi o eyata, egbe be eƒe agbalẽa menye nyateƒe o.” Alesi gbegbe wotsi tre ɖe ƒe akpe ɖeka ƒe yayra siwo ava anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu vɔ̃ɖitɔe alea la ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi si nɔ dɔ wɔm ɖe mawunyaŋununyalawo dzi le ayeme ɣemaɣi fia.
Nufialagã Norman Cohn ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye The Pursuit of the Millennium me be: “Ƒe alafa etɔ̃lia mee wote agbagbadzedze be woatu afɔkpo ƒe akpe ɖeka dzixɔsea, esime Origen, ɖewohĩ amesi kpɔ ŋusẽ ɖe Sɔlemeha si nɔ anyi le blema la me mawunyaŋununyalawo dzi wu dze egɔme nɔ Fiaɖuƒea ɖem fia be menye nu ŋutɔŋutɔe wònye gbɔna o, ke anɔ xɔsetɔwo ƒe luʋɔwo ko me.” Esi Origen ɖo ŋu ɖe Hela xexemenunya ŋu le esi teƒe boŋ be wòaɖo ŋu ɖe Biblia ŋu ta la, etɔ tsi Mesia Fiaɖuƒea ƒe yayra siwo wòahe va anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa eye wòna wòva zu “nudzɔdzɔ si . . . [ŋu gɔmesese mele o] be anɔ xɔsetɔwo ƒe luʋɔwo me.” Katolikotɔ agbalẽŋlɔla Léon Gry ŋlɔ bena: “Ʋeʋeʋe la, Hela xexemenunya ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi . . . na Ƒe Akpe Ðeka nukpɔsusuawo nu va yi.”
“Sɔlemeha la Bu Eƒe Mɔkpɔkpɔ Gbedasia”
Ðikekemanɔmee la, Augustine ye nye Sɔlemeha Fofo si koŋ tsɔ Hela xexemenunya tɔtɔ yeaɖi Kristotɔnyenye si nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me. Gbã la, enye ƒe akpe ɖeka dzixɔsea taʋlila veviedonula, gake eva gbe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu ɖe anyigba dzi le etsɔme ƒe nukpɔsusu ɖesiaɖe. Etɔtɔ Nyaɖeɖefia ta 20 lia me nyawo eye wòɣla eƒe gbɔgbɔmegɔmesese.
The Catholic Encyclopedia gblɔ be: “Mlɔeba la, Augustine va lé nukpɔsusu si nye be ƒe akpe ɖeka aɖeke manɔ anyi o la me ɖe asi. . . . Egblɔ na mí be tsitretsitsi gbãtɔ si ŋu ta sia ƒo nu tsoe la fia gbɔgbɔ me gbugbɔgadzi ne wode tsi ta na ame; ƒe akpe ɖeka ƒe sabat si ava le ƒe akpe ade ƒe ŋutinya megbee nye agbe mavɔa katã.” The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Alesi Augustine ɣla ƒe akpe ɖeka dzixɔse lae va zu sɔlemeha la ƒe nufiafia si dzi woda asi ɖo . . . Protestanttɔ Ðɔɖɔɖowɔla siwo to Lutherantɔwo, Calvintɔwo, kple Anglikantɔwo ƒe kɔnyinyiwo vɛ la . . . galé Augustine ƒe nukpɔsusuwo me ɖe asi goŋgoŋ.” Eyata woxɔ ƒe akpe ɖeka mɔkpɔkpɔa le Kristodukɔa ƒe sɔlemeviwo si.
Gawu la, Frédéric de Rougemont, si nye mawunyaŋununyala si tso Switzerland gblɔ be: “Esi [Augustine] gbe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖua ƒe dzixɔse si nɔ esi gbã ta la, egblẽ nu le Sɔlemeha la ŋu ale gbegbe. Le ŋusẽ gã si nɔ eƒe ŋkɔ ŋu ta la, eda asi ɖe vodada aɖe si na nu nyui si gbɔna anyigba la dzi bu ɖe [Sɔlemeha la].” Germanytɔ mawunyaŋununyala Adolf Harnack lɔ̃ ɖe edzi be Ƒe Akpe Ðeka dzixɔse si wogbe la na “mawusubɔsubɔ si gɔme [ame tsɛwo] se tsã” la bu ɖe wo eye wotsɔ “dzixɔse si gɔme womate ŋu ase o” la ɖɔli “mawusubɔsubɔ kple mɔkpɔkpɔ tsãtɔ lae.” Alesi sɔlemexɔwo le gbɔlo ɖim le dukɔ geɖe me egbea nye kpeɖodzi matrɔmatrɔ be amewo le xɔse kple mɔkpɔkpɔ si gɔme anya se na wo la hiãm.
Biblia-nyalagã George Beasley-Murray ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Highlights of the Book of Revelation me be: “Le Augustine ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sẽŋua kple kɔmamawo ƒe ƒe akpe ɖeka dzixɔsea xɔxɔ ta la, Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo wɔ ɖeka gbe xɔse la. Esi wobia wo be ke mɔkpɔkpɔ kae gale wo si na amegbetɔ le anyigba sia dzi hã la, ŋuɖoɖo si tatɔwo nae nye be: Ðeke meli kura o. Woatsrɔ̃ xexeame le Kristo ƒe vava evelia la me be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo si woayi aɖanɔ dziƒo tegbetegbe eye ame bubuwo nayi dzomavɔ me eye woaŋlɔ blema be. . . . Sɔlemeha la bu eƒe mɔkpɔkpɔ gbedasia.”
Apokalips Mɔkpɔkpɔ Wɔnuku la Kpɔtɔ Le Agbe!
Le Yehowa Ðasefowo gome la, woxɔe se be ŋugbedodo wɔnuku siwo ku ɖe Ƒe Akpe Ðeka la ŋu ava eme godoo. Esi wobia gbe Fransetɔ ŋutinyaŋlɔla Jean Delumeau le France television dzi wɔna si woɖo tanya na be “Ƒe 2000: Apokalips ƒe Vɔvɔ̃” me la, egblɔ be: “Yehowa Ðasefowo dze ƒe akpe ɖeka dzixɔsea yome tututu, elabena wogblɔna be eteƒe madidi o la, . . . míage ɖe ƒe 1,000 si me dzidzɔ anɔ la me—enye nyateƒe be míato afɔku gã aɖe me hafi.”
Nusia tututue apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega me heɖɔ le eƒe agbalẽ si nye Apokalips, alo Nyaɖeɖefia me. Eŋlɔ bena: “Mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; . . . Eye mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:1, 3, 4.
Yehowa Ðasefowo le Biblia fiafia dɔ wɔm le xexeame katã be woakpe ɖe ame geɖe alesinu woate ŋui ŋu be mɔkpɔkpɔ sia nasu wo si. Adzɔ dzi na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso eŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Papias gblɔ be apostoloawo ŋɔlimetɔwo gbɔe yexɔ Ƒe Akpe Ðeka ƒe nufiafia la tsoe tẽ
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Tertullian xɔ Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua dzi se
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Cliché Bibliothèque Nationale de France, Paris
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
“Esi [Augustine] gbe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖua ƒe dzixɔse si nɔ esi gbã ta la, egblẽ nu le Sɔlemeha la ŋu ale gbegbe”
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Paradisonyigba si ŋugbe wodo le Apokalips la me nye nusi wòle be woakpɔ mɔ na vevie