Nyanyuia Ƒe Yayrawo
“Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wote ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, . . . ne mafa akɔ na konyifalawo katã.”—YESAYA 61:1, 2.
1, 2. (a) Amekae Yesu ɖee fia be yenye, eye le mɔ ka nu? (b) Yayra kawoe nyanyui si ƒe gbeƒã Yesu ɖe la he vɛ?
LE SABAT ŋkeke aɖe dzi le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, eyi ɖe ƒuƒoƒe aɖe le Nazaret. Nuŋlɔɖia gblɔ be, “wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ, eye esi wòʋu agbalẽa la, ekpɔ teƒe, afisi woŋlɔ ɖo bena: Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyui afia.” Yesu yi edzi xlẽ nyagblɔɖia me nya geɖe. Emegbe enɔ anyi hegblɔ be: “Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.”—Luka 4:16- 21.
2 Le mɔ sia nu la, Yesu ɖe eɖokui fia be yee nye nyanyuigblɔla si ƒe nya wogblɔ ɖi la, amesi gblɔa nyanyui hefaa akɔ na amewo. (Mateo 4:23) Eye nyanyui ŋutɔe nɔ Yesu si wògblɔ! Egblɔ na eƒe nyaselawo be: “Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.” (Yohanes 8:12) Egblɔ hã be: “Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:31, 32) Ẽ, “agbe mavɔ nyawo” nɔ Yesu si. (Yohanes 6:68, 69) Kekeli, agbe, ablɔɖe—nusiawo nye yayra siwo ŋu woade asixɔxɔe nyateƒe!
3. Nyanyui kae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒãe?
3 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe la, nusrɔ̃laawo yi Yesu ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa dzi. Woɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la fia Israel-viwo kple trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo siaa. (Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 15:7; Romatɔwo 1:16) Amesiwo xɔe la va dze si Yehowa Mawu. Woɖe ga wo tso subɔsubɔhawo ƒe kluvinyenye me eye wova zu gbɔgbɔmedukɔ yeye, “Mawu ƒe Israel,” si me tɔwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoava ɖu fia kple yewoƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, le dziƒo ƒe akpa aɖe. (Galatiatɔwo 5:1; 6:16; Efesotɔwo 3:5-7; Kolosetɔwo 1:4, 5; Nyaɖeɖefia 22:5) Emawo nye yayra xɔasiwo nyateƒe!
Nyanyuigbɔgblɔ Egbea
4. Mɔ ka nue gbeƒãɖeɖedɔ si wode asi la le eme vam le egbea?
4 Egbea la, Kristotɔ amesiamina siwo “alẽ bubuawo” ƒe “ameha gã” aɖe si le dzidzim ɖe dzi le alɔ domee la, yi edzi le dɔ si nye nyagblɔɖi si Yesu de asi na wo la wɔm. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Ewɔe be wole gbeƒã ɖem nyanyuia le anyigba gbogbo aɖewo dzi si womekpɔ kpɔ o. Yehowa Ðasefowo yi gbeadzi le dukɔ kple anyigbamama 235 me be ‘woahe du nyui ayi na amesiwo wote ɖe anyi; be woada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã ŋu, woaɖe gbeƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gae; woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne woafa akɔ na konyifalawo katã.’ (Yesaya 61:1, 2) Eyata Kristotɔwo ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa gakpɔtɔ le yayrawo hem vɛ na ame geɖe eye wòle akɔ fam na “amesiwo kpea fu sia fu.”—Korintotɔwo II, 1:3, 4.
5. Aleke Yehowa Ðasefowo to vovo tso Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo gbɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia gomee?
5 Enye nyateƒe be Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo dea ga nyanyuigbɔgblɔ dɔwɔna vovovowo me. Wo dometɔ geɖe ɖoa mawunyadɔgbedelawo ɖa be woaɖa trɔ dzime na amewo le dukɔ bubuwo me. Le kpɔɖeŋu me, The Orthodox Christian Mission Center Magazine ka nya ta le Orthodɔks mawunyadɔgbedela siwo le Madagascar, anyiehe Afrika, Tanzania, kple Zimbabwe ƒe dɔwɔnawo ŋu. Gake Orthodɔks-haa me tɔ akpa gãtɔ mekpɔa gome le dɔ sia wɔwɔ me o, abe alesi wòle le Kristodukɔa ƒe sɔlemeha bubuwo mee ene. To vovo na woawo la, Yehowa ƒe Ðasefo ɖeadzɔgbewo katã dzea agbagba be yewoakpɔ gome le nyanyuigbɔgblɔ me. Wose egɔme be nyanyuia gbɔgblɔ nye yewoƒe xɔse ƒe nuvãnyenye ƒe kpeɖodzi. Paulo gblɔ be: “Wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ.” Ne woagblɔe tututu la, xɔse si meʋãa ame ɖe nuwɔwɔ ŋu o la nye nu kuku.—Romatɔwo 10:10; Yakobo 2: 17.
Nyanyui si Hea Yayra Mavɔwo Vɛ
6. Nyanyui ka ƒe gbeƒã ɖem wole egbea?
6 Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã nya nyuitɔ kekeake si li. Woʋua Biblia hefiaa amesiwo nye toɖolawo be Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe be wòaʋu mɔ si dzi ameƒomea ato ate ɖe Mawu ŋu, be woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo, kple be agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu wo si na wo. (Yohanes 3:16; Korintotɔwo II, 5:18, 19) Woɖea gbeƒãe be woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo wòle Fia si wosi ami na, Yesu Kristo, si me eye be eteƒe madidi o aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi eye wòakpɔ Paradiso gbugbɔgaɖoanyi gbɔ. (Nyaɖeɖefia 11:15; 21:3, 4) Le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me vava nu la, wonaa nyanya wo haviwo be “Yehowa ƒe amenuveƒe” enye sia, si me ameƒomea agate ŋu axɔ nyanyuia. Woxlɔ̃a nu hã be eteƒe madidi o “mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la” ava esime Yehowa atsrɔ̃ nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo.—Psalmo 37:9-11.
7. Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖe ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome fia, eye nukatae ɖekawɔwɔ sia le wo dome?
7 Le xexe sia si me nublanuinyawo kple afɔkuwo bɔ ɖo la, esia koe nye nyanyui si me yayra mavɔwo le. Amesiwo xɔnɛ la va zua xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe nɔvihabɔbɔ wɔɖeka si meɖea mɔ dukɔ aɖe me tɔ nyenye, gbe aɖe dodo, alo ganɔamesi maa wo me o la me tɔ. ‘Wodo lɔlɔ̃, si nye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo’ la. (Kolosetɔwo 3:14; Yohanes 15:12) Wokpɔ esia le Afrika-dukɔ aɖe me le ƒe si va yi me. Wote tudada le fiadua me ŋdi aɖe. Ame aɖewo nɔ etem kpɔ be yewoamu dziɖuɖua. Esi wòtrɔ va zu gbevovovodolawo dome ʋa la, wotsɔ nya ɖe Ðasefo ƒome aɖe ŋu be woɣla wo hati Ðasefo si nye gbe bubu dola ɖe wo ƒeme. Ƒomea ɖo eŋu be: “Yehowa Ðasefowo koe le míaƒe aƒea me.” Le woawo gome la, gbe vovovo dodo mele vevie o; Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃—akɔfafa na amesiwo wòhiã lae—le vevie. Ƒomea me tɔ aɖe si menye Ðasefo o gblɔ be: “Sɔlemehawo katã me tɔwo de wo hati tadeagulawo asi. Yehowa Ðasefowo koe mewɔe o.” Nyadzɔdzɔ siawo ƒomevi ŋuti nyatakaka siwo woxɔ tso dukɔ siwo ŋu dukɔmeviʋawo gblẽ nu le la fia be Yehowa Ðasefowo ‘lɔ̃ nɔvihabɔbɔa me tɔwo katã’ vavã.—Petro I, 2: 17.
Nyanyuia Trɔa Amewo
8, 9. (a) Tɔtrɔ kawoe amesiwo xɔa nyanyui la wɔna? (b) Nuteƒekpɔkpɔ kawoe ɖe nyanyuia ƒe ŋusẽ fia?
8 Nyanyuia ku ɖe nusi Paulo yɔ be “agbe, si li fifi kple esi le vava ge” ŋu. (Timoteo I, 4:8) Menye etsɔme wɔnuku ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le koe wònana o ke enaa nuwo nyona le “agbe, si li fifi” me hã. Mawu ƒe Nya, Biblia, fiaa mɔ Yehowa Ðasefo ɖesiaɖe be wòana eƒe agbe nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 119:101) Ne wole nɔnɔme siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ tum ɖo la, woƒe amenyenye zua yeye.—Efesotɔwo 4: 24.
9 Bu Franco ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Dziku ɖea fu nɛ ŋutɔ. Ɣesiaɣi si nuwo mayi nyuie o la, edoa dziku vevie eye wògbãa nuwo hã. Yehowa Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kple srɔ̃a, eye Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋu si woɖe fia kpe ɖe Franco ŋu vivivi wòva kpɔe be ele be yeatrɔ. Wosrɔ̃ Biblia kplii eye mlɔeba la, eva te ŋu ɖea gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse siwo nye ŋutifafa kple ɖokuidziɖuɖu fiana. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Enye ame 492 siwo xɔ nyɔnyrɔ le Belgium le ƒe 2001 ƒe subɔsubɔƒea me dometɔ ɖeka. Bu Alejandro hã ŋu kpɔ. Atikemuamewo nono va ma ɖekakpui sia ale gbegbe be aɖukpo dzi koe wòva tsi, nɔa nusiwo wòate ŋu akpɔ afɔ adzra atsɔ aƒle atikeawoe la dim. Esi Alejandro xɔ ƒe 22 la, Yehowa Ðasefowo kpee be wòasrɔ̃ Biblia, eye wòlɔ̃. Exlẽa Biblia gbesiagbe eye wòdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Eɖɔ eƒe agbe ɖo kabakaba ale gbegbe be mede ɣleti ade hafi wòte gomekpɔkpɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me o—enye ame 10,115 siwo wɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa le ƒe si va yi me le Panama dometɔ ɖeka.
Nyanyuia—Enye Yayra na Ame Fafawo
10. Amekawoe xɔa nyanyuia, eye aleke woƒe nɔnɔme trɔnae?
10 Yesaya gblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã nyanyuia na ame fafawo. Amekawoe nye ame fafa siawo? Woawoe nye amesiwo woɖɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me be “amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ.” (Dɔwɔwɔwo 13:48, NW) Wonye ɖokuibɔbɔla siwo le ɖoƒe vovovowo le ameƒomea dome eye wokɔ dzime hesea nyateƒegbedasia. Amesiawo srɔ̃e be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ hea yayra siwo de ŋgɔ sasasã wu nusianu si xexeame ate ŋu ana la vɛ. (Yohanes I, 2:15-17) Gake aleke Yehowa Ðasefowo wɔna ɖoa amewo ƒe dzi gbɔ le woƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me?
11. Le Paulo ƒe nya nu la, aleke wòle be woaɖe gbeƒã nyanyui lae?
11 Wò ya de ŋugble le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ, eŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo be: “Nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiam o. Elabena nyemebu bena, menya nane le mia dome o, negbe Yesu Kristo ko, amesi kekeake woklã ɖe [fuwɔameti] ŋu.” (Korintotɔwo I, 2:1, 2) Paulo mete kpɔ be yeawɔ nu bene yeƒe agbalẽnyanya nawɔ dɔ ɖe yeƒe nyaselawo dzi o. Mefia naneke wu nyateƒenya siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o, nyateƒenya siwo woŋlɔ ɖe Biblia me egbea. Azɔ hã de dzesi dzideƒonya si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ehati nyanyuigblɔla Timoteo: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi.” (Timoteo II, 4:2) Ele be Timoteo naɖe gbeƒã “nya la,” si nye Mawu ƒe gbedasia. Paulo gaŋlɔ ɖo ɖe Timoteo be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.”—Timoteo II, 2: 15.
12. Aleke Yehowa Ðasefowo le wɔwɔm ɖe Paulo ƒe nyawo dzi hele eƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m egbeae?
12 Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua, eye wowɔna ɖe nya siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Timoteo dzi. Wokpɔa ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa si dzea sii hewɔa eŋudɔ ne wole agbagba dzem be yewoafia mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa ƒe nya siwo sɔ la wo haviwo. (Psalmo 119:52; Timoteo II, 3:16, 17; Hebritɔwo 4:12) Nyateƒee, wowɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋudɔ nyuie bene Biblia me sidzedze geɖe nate ŋu asu ɖetsɔlemetɔwo si le woƒe vovoɣiwo. Gake wodina ɣesiaɣi be yewoafia Ŋɔŋlɔawo me nyawo amewo. Wonya be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me aʋã ame fafawo ƒe dzi. Eye ezazã le mɔ sia nu doa ŋusẽ woa ŋutɔwo ƒe xɔse hã.
‘Fa Akɔ na Konyifalawo Katã’
13. Le ƒe 2001 me la, nudzɔdzɔ kawoe na wòva hiã geɖe wu be woafa akɔ na konyifalawo?
13 Afɔku gbogbo aɖewo dzɔ le ƒe 2001 me, eye esia wɔe be ame geɖe hiã na akɔfafa. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe dzɔ le United States le September si va yi me, esime ŋɔdzidonamelawo dze Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã si le New York kple Asrafowo ƒe Dɔwɔƒegã si te ɖe Washington, D.C. ŋu dzi. Aleke gbegbe amedzidzedze sia na dzidzi ƒo dukɔ bliboa enye si! Yehowa Ðasefowo dze agbagba wɔ woƒe dɔdasia le nudzɔdzɔ sia me, ‘hefa akɔ na konyifalawo katã.’ Nuteƒekpɔkpɔ ʋɛ aɖewo aɖe alesi wowɔe fia.
14, 15. Aleke Ðasefowo te ŋu zã ŋɔŋlɔawo le ɣeyiɣi vovovo eve me tsɔ fa akɔ na konyifalawo nyuie?
14 Ðasefo aɖe si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla te ɖe nyɔnu aɖe ŋu le afɔtoƒe aɖe hebia nusi wòsusu tso ŋɔdzidonamelaawo ƒe amedzidzedze si dzɔ eteƒe medidi o la ŋu. Nyɔnua te avi fafa. Nyɔnua gblɔ be ete ɖe ye dzi ŋutɔ eye edzro ye be yeana kpekpeɖeŋu le mɔ aɖe nu hafi. Ðasefoa gblɔ nɛ be Mawu tsɔ ɖe le eme na mí katã ŋutɔ, eye wòxlẽ Yesaya 61:1, 2. Susu nɔ nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la me na nyɔnua, elabena egblɔ be amesiame nɔ konyi fam. Exɔ trakt hegblɔ na Ðasefoa be wòava srã ye kpɔ le ye ƒeme.
15 Ðasefo eve siwo nɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm do go ŋutsu aɖe si nɔ dɔ wɔm le eƒe agbadɔ te. Wodoe ɖa be yewoafia akɔfanamenya aɖewoe tso Ŋɔŋlɔawo me le afɔku si dzɔ eteƒe medidi o le Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã ta. Esi wòlɔ̃ la, woxlẽ Korintotɔwo II, 1:3-7, si me nya siawo dze le be: ‘Akɔfafa sɔ gbɔ to Kristo dzi.’ Edze ŋutsua ŋu be ye havi Ðasefoawo le nya fakɔnamewo gblɔm na amewo eye wògblɔ be: “Mawu neyra ɖe dɔ nyui si wɔm míele la dzi.”
16, 17. Nuteƒekpɔkpɔ eve kawoe ɖee fia be ŋusẽ le Biblia si be wòakpe ɖe amesiwo lé blanui alo woƒe dzi gbã le afɔkuwo ta la ŋu?
16 Ðasefo aɖe si nɔ ɖetsɔlemetɔwo srãm kpɔ do go nyɔnu aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia va yi la ƒe vi ŋutsu heɖe eme be yetsi dzi ɖe alesi nutoa me tɔwo le wɔwɔm le afɔku si dzɔ va yi kpuie megbe la ŋu. Ewɔ nuku na ŋutsua be Ðasefoa tsɔ eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi le amewo ta biam se. Egblɔ be yenɔ dɔ wɔm le teƒe aɖe si te ɖe Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã ŋu vie esime wodze edzi eye yekpɔ nuawo katã teƒe esime wonɔ dzɔdzɔm. Esi wòbia nusitae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu la, Ðasefoa xlẽ Biblia ƒe kpukpui aɖewo nɛ, eye ɖewoe nye Psalmo 37:39, si gblɔ be: “[Ame] dzɔdzɔewo ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ, eya nye sitsoƒe na wo le hiãɣi me.” Ŋutsua bia Ðasefoa kple eƒe ƒomea ta se ameŋububutɔe, eye wògblɔ nɛ be wòagatrɔ ava emegbe, heɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe sasrãkpɔa ŋu.
17 Konyifala akpe geɖe siwo Yehowa Ðasefowo fa akɔ na le ŋɔdzidonamelaawo ƒe amedzidzedzea megbe dometɔ bubu enye nyɔnu aɖe si Ðasefoawo do goe esime wonɔ woƒe aƒelikawo srãm kpɔ. Nusi dzɔ la na eƒe dzi gbã ale gbegbe be eɖo to esime wonɔ Psalmo 72:12-14 xlẽm nɛ, si gblɔ be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.” Nya siawo me kɔ nɛ ale gbegbe! Nyɔnua bia tso Ðasefoawo si be woagaxlẽ mawunyakpukpuiawo ake eye wòkpe wo yi eƒemee be yewoayi numedzodzroa dzi. Kaka dzeɖoɖoa nawu enu la, wote Biblia sɔsrɔ̃ kplii.
18. Aleke Ðasefo aɖe kpe ɖe ehaviwo ŋu esime wokpee be wòanɔ yewo teƒe ado gbe ɖa?
18 Ðasefo aɖe wɔa dɔ le nuɖuɖudzraƒe aɖe si le Kesinɔtɔwo ƒe nuto aɖe me, afisi amewo metsɔ ɖe le Fiaɖuƒenyanyuia me le o tsã. Le ŋɔdzidonamelaawo ƒe amedzidzedzea megbe la, edze abe dzidzi ƒo nutoa me tɔwo ene. Le Fiɖa si kplɔ amedzidzedzea ɖo ƒe fiẽ la, nuɖuɖudzraƒea dzikpɔla kpe amesiame be wòado ɖe gota eye wòalé bosomikaɖi ɖe asi ne woayi ŋugble me ɣeyiɣi aɖe wòanye ŋkuɖoɖo amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la dzi. Esi Ðasefoa bu ameawo ƒe seselelãmewo ŋu ta la, edo ɖatsi tre ɖe afɔtoƒe si le afima le ɖoɖoezizi me. Dɔa dzikpɔla nyae be Yehowa Ðasefoe wònye, eyata le ŋugblemeyiyia megbe la, ebia tso esi be wòanɔ yewo teƒe ado gbe ɖa. Ðasefoa wɔe nenema. Le eƒe gbedodoɖaa me la, egblɔ alesi amewo katã le konyi famee gake hegblɔ be mehiã be konyifalaawo nanɔ nu xam mɔkpɔkpɔmanɔsii o. Eƒo nu tso ɣeyiɣi si ava si me ŋɔdzinuwɔna siawo magadzɔ ake o ŋu hegblɔ be amesiame ate ŋu ato Biblia me sidzedze vavãtɔ dzi ate ɖe akɔfafa Mawu la ŋu kplikplikpli. Le “Amen” ɖeɖe megbe la, dɔa dzikpɔla—kple eyome ame 60 kple edzivɔ siwo do ɖe xexe le nuɖuɖudzraƒea—te ɖe Ðasefoa ŋu, da akpe nɛ, hekpla asi kɔ nɛ, gblɔ bena gbedodoɖa siae nye nyuitɔ kekeake si yewose kpɔ.
Viɖe na Nutoa me Tɔwo
19. Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖee fia be ame aɖewo dea bubu Yehowa Ðasefowo ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu?
19 Le ŋkeke siawo me koŋ la, nuto siwo me Yehowa Ðasefowo wɔa dɔ le vevie la kpɔa viɖe tso Ðasefoawo ƒe wo dome nɔnɔ me—abe alesi ame geɖe gblɔe ene. Aleke amesiwo lɔ̃a ŋutifafa, anukwareɖiɖi, kple agbenyuinɔnɔ makpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame dzi o? Le Titina Asia dukɔ aɖe me la, Ðasefowo do go dukɔa ƒe dedienɔnɔ dɔwɔƒea ƒe amegã aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔ me. Egblɔ be wode dɔ asi na ye ɣeaɖeɣi be yeaku nu me tso subɔsubɔha vovovowo ŋu. Esi yeɖo Yehowa Ðasefowo dzi la, woƒe anukwareɖiɖi kple agbenyuinɔnɔ wɔ dɔ ɖe ye dzi ŋutɔ. Xɔse sẽŋu si le wo si kple alesi wotu woƒe nufiafiawo ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la nyo ye ŋu ale gbegbe. Ŋutsu sia lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.
20. (a) Nukae Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo le ƒe si va yi me ŋuti nyatakakawo ɖe fia? (b) Nukae ɖee fia be dɔ geɖe gali míawɔ, eye aleke míebua nyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si le mía si lae?
20 Le nuteƒekpɔkpɔ akpe geɖe siwo li hafi míegblɔ wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko le nyati sia me me la, edze ƒã be Yehowa Ðasefowo wɔ dɔ kple ŋkubiã le ƒe 2001 subɔsubɔƒea me.a Woƒo nu na ame miliɔn gbogbo aɖewo, wofa akɔ na konyifala geɖewo, eye woyra ɖe woƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa dzi. Ame 263,431 ye xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu fia. Le xexeame godoo la, nyanyuigblɔlawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi alafa memama 1.7. Eye alesi ame 15,374,986 de Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖo kpe edzi be dɔ geɖe gali woawɔ. (Korintotɔwo I, 11:23-26) Mina míayi edzi adi ame fafa siwo axɔ nyanyuia. Zi alesi Yehowa ƒe amenuveƒe gakpɔtɔ li la, mina míayi edzi afa akɔ na “amesiwo ƒe dzi gbã la.” Mɔnukpɔkpɔ si me yayra le ka gbegbee nye si le mía si! Le nyateƒe me la, mí katã míegblɔa Yesaya ƒe nya siawo be: “Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu.” (Yesaya 61:10) Neva eme be Mawu nayi edzi azã mí le nyagblɔɖinya siwo gbɔna ƒe emevava me, be: ‘Aƒetɔ Yehowa ana dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋku me.’—Yesaya 61:11.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nyaɖoɖo si le axa 19 vaseɖe 22 ku ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔna le ƒe 2001 ƒe subɔsubɔƒea me ŋu.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Aleke woyra ame fafawo to nyanyui si ƒe gbeƒã Yesu ɖe dzii?
• Yayra kawoe amesiwo xɔ nyanyui si ƒe gbeƒã Yesu ƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo ɖe la kpɔ?
• Aleke amesiwo xɔa nyanyuia egbea kpɔ eme yayrawoe?
• Aleke míebua mɔnukpɔkpɔ si le mía si be míanye nyanyuigblɔlawoe?
[Nyaɖoɖo si le 19-22]
2001 SERVICE YEAR REPORT OF JEHOVAH’S WITNESSES WORLDWIDE
(See bound volume)
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku agba si le wo dzi be woagblɔ nyanyuia dzi ɣesiaɣi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]
Amesiwo xɔa nyanyuia va zua xexeame katã ƒe nɔvihabɔbɔa me tɔwo