INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 11/15 axa 4-7
  • Èbua Abosam Ame Ŋutɔŋutɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èbua Abosam Ame Ŋutɔŋutɔa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Minɔ Ŋudzɔ”
  • Abosam Zãna Didi Siwo Le Amegbetɔ me Tsɔ Gblẽa Nu le Eŋu
  • Satana Zãna Amegbetɔ ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo
  • Yi Edzi Nàtsi Tre Ðe Abosam Ŋu
  • Abosam—Menye Ðe Wokpa Eŋuti Nya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu, Ekema Asi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • “Mitsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu” Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Amekae Nye Abosam?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 11/15 axa 4-7

Èbua Abosam Ame Ŋutɔŋutɔa?

ŊƆŊLƆAWO gblɔ be Abosam nye ame ŋutɔŋutɔ. Amegbetɔwo mate ŋu akpɔe o abe alesi ko womate ŋu akpɔ Mawu o ene. Biblia gblɔ be: “[Mawu] nye Gbɔgbɔ.” (Yohanes 4:24) Gbɔgbɔmemee Abosam hã nye. Gake gɔmedzedze mele Wɔlaa si o, evɔ gɔmedzedze le Abosam ya si.

Yehowa Mawu wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ gbogbo aɖewo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi wòva wɔ amegbetɔwo. (Hiob 38:4, 7) Woyɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo le Biblia me be mawudɔlawo. (Hebritɔwo 1:13, 14) Mawu wɔ wo katã wode blibo—wo dometɔ aɖeke menye abosam o, eye nɔnɔme vɔ̃ɖi menɔ wo dometɔ aɖeke si hã o. Ke aleke Abosam wɔ va dzɔ? Nya “abosam” gɔmee nye “ameŋugblẽla,” eyata efia amesi gblɔa alakpanya vɔ̃ɖiwo ɖe ame bubuwo ŋu. “Satana” gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.” Abe alesi ko amesi nye anukwareɖila tsã va zua fiafitɔ to fififi me ene la, nenema kee Mawu ƒe gbɔgbɔmeviawo dometɔ ɖeka wɔ ɖe didi vɔ̃ si ɖo eyama me dzi, eye esia na wòva zu Satana Abosam. Biblia kɔ nu me tso alesi ame wɔna va zua ame gbegblẽ ŋu ale: “Wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.”—Yakobo 1:14, 15.

Alea tututue wòdzɔe. Esi Yehowa Mawu wɔ ame eve gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa la, mawudɔla si ava dze aglã ɖe Mawu ŋu kpuie la kpɔ eteƒe. Enya be Yehowa de se na Adam kple Xawa be woadzi vi ayɔ anyigba dzi kple ame dzɔdzɔe siwo asubɔ wo Wɔla. (Mose I, 1:28) Mawudɔla sia kpɔe be mɔnukpɔkpɔa li be yeate ŋu ana woade bubu kple asixɔxɔ ye ŋu. Ŋubiã ʋãe wòdi vevie be woatsɔ nusi woatsɔ na Wɔlaa ɖeɖeko—si nye amegbetɔwo ƒe subɔsubɔ—la ana ye. Le esi wòaɖe didi manyomanyo ma ɖa le susu me teƒe la, Mawu ƒe gbɔgbɔmevi sia bu eŋu ʋu vaseɖe esime didia na wòva da alakpa eye emegbe wòdze aglã. De ŋugble le nusi wòwɔ ŋu kpɔ.

Mawudɔla dzeaglã sia to da dzi ƒo nu na nyɔnu gbãtɔ, Xawa. Da la bia Xawa be: “Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” Esi Xawa gblɔ Mawu ƒe se si wòde kple tohehe si ado tso sea dzi dada me vɔ la, da la gblɔ be: “Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu [ati si le abɔa titina ƒe] ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” (Mose I, 3:1-5) Mawudɔla dzeaglã sia tsɔ nya ɖe Mawu ŋu be meto nyateƒe na Adam kple Xawa o. Egblɔ be Xawa ava zu abe Mawu ene ahatso nya me le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu ne eɖu atia ƒe tsetse. Emae nye alakpa gbãtɔ si woda kpɔ. Alakpadada ma na mawudɔla ma zu ameŋugblẽla. Ezu amesi tsi tre ɖe Mawu ŋu hã. Eyata Biblia gblɔ be Mawu ƒe futɔ siae nye “da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana.”—Nyaɖeɖefia 12:9.

“Minɔ Ŋudzɔ”

Alakpa si Abosam da na Xawa wɔ dɔ nyuie abe alesi wòdi ene. Biblia gblɔ be: “Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetse aɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã wòɖu.” (Mose I, 3:6) Xawa xɔ Satana dzi se eye wògbe toɖoɖo Mawu. Nyɔnua na Adam hã gbe toɖoɖo Mawu. Eyata Abosam ƒe didi be yeatrɔ ame eve gbãtɔawo woadze aglã ɖe Mawu ŋu la dze edzi nɛ. Eyata tso ɣemaɣi ke la, Satana le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo dzi. Nukae nye eƒe taɖodzinu? Eyae nye be yeatrɔ amegbetɔwo ƒe susu woasubɔ ye, ke menye Mawu vavã la o. (Mateo 4:8, 9) Eyata susu nyui aɖe tae Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu ɖo be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.”—Petro I, 5:8.

Aleke gbegbee Biblia na míenya be Abosam nye gbɔgbɔmeme ŋutɔŋutɔ—mawudɔla maɖianukware vɔ̃ɖi—si li enye esi! Mɔ gbãtɔ si akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔe nye enyanya be eli ŋutɔŋutɔ. Gake be míanɔ mo xexi ahayi edzi anɔ ŋudzɔ bia nu geɖe. Ele vevie hã be míanya Satana ƒe “tameɖoɖowo” kple mɔ siwo dzi wòtona blea ame. (Korintotɔwo II, 2:11) Eƒe ayemɔwo dometɔ aɖewo ɖe? Alekee míawɔ anɔ te ɖe wo nu?

Abosam Zãna Didi Siwo Le Amegbetɔ me Tsɔ Gblẽa Nu le Eŋu

Abosam dze ŋkuléle ɖe ameƒomea ŋu tso keke ewɔɣi ke. Enya amegbetɔ ƒe wɔwɔme—eƒe nuhiahiãwo, nusiwo doa dzidzɔ nɛ, kple eƒe didiwo. Satana nya nyuie be wowɔ amegbetɔ be wòakpɔ tadedeagu ƒe nuhiahiã si le eme la gbɔ, eye Abosam to ayemɔ dzi le nuhiahiã sia ŋudɔ wɔm madzemadzee. Alekee wòle ewɔmee? To subɔsubɔ me alakpanyawo fiafia ameƒomea dzie. (Yohanes 8:44) Nusi subɔsubɔha geɖe fiana ku ɖe Mawu ŋu la tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu eye wotɔtɔa ame. Ameka ƒe taɖodzinuwo gbɔe nèsusu be wokpɔna? Nufiafiawo mate ŋu atsi tre ɖe wo nɔewo ŋu, evɔ wo katã naganye nyateƒe o. Eyata subɔsubɔha geɖe ƒe nufiafiawo nye mɔ vevi siwo dzi Satana tona blea amewo, alo? Le nyateƒe me la, Biblia ƒo nu tso Satana ŋu be enye “xexe sia me mawu” si gbã ŋku na amewo ƒe tamesusu.—Korintotɔwo II, 4:4.

Nyateƒe si tso Mawu gbɔ la kpɔa ame ta tsoa subɔsubɔhawo ƒe amefuflu me. Biblia tsɔ Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea sɔ kple alidziblanu si asrafo tsɔ blana ali dzi le blema tsɔ kpɔa eƒe ali tae. (Efesotɔwo 6:14) Ne èna Biblia me sidzedze su asiwò eye nènɔ agbe ɖe enu abe ɖe nètsɔe bla ali dzi ene la, Mawu ƒe Nyaa akpɔ tawò be subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo kple woƒe vodadawo maflu wò o.

Amegbetɔ ƒe didi be yeakpɔ gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ nana wòdina be yeanya nusi mele nyanya o. Esia nana wògagena ɖe Satana ƒe mɔ̃ bubu me. Esi amegbetɔ dina be yeanya nusianu ku ɖe nusiwo wɔ nuku hele ɣaɣla ŋu ta la, Satana na ame geɖe va le eƒe ŋusẽ te to gbɔgbɔyɔyɔ dzi. Abe alesi ko adela zãna mɔ̃gbɔɖonu tsɔ léa lãwo ene la, Satana zãna nuwo abe etsɔmegbɔgblɔɖi, ɣletivimefakaka, goloɖoɖo, adzewɔwɔ, asiƒomefakaka, kple akunyawɔwɔ tsɔ kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi le xexeame godoo.—Mose III, 19:31; Psalmo 119:110.

Alekee nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta be gbɔgbɔyɔyɔ ƒe mɔ̃ nagaɖe wò o? Mose V, 18:10-12 gblɔ be: “Ame aɖeke meganɔ dowòme, si ana woatɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o, eye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, elabena ŋunyɔnu siawo ta Yehowa, wò Mawu, le wo nyã ge le ŋgɔwò ɖo.”

Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu tẽ be: Mègana kadodo aɖeke nanɔ mia kple gbɔgbɔyɔyɔ dome o. Ke ne èkpɔa gome le gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna aɖe me xoxo evɔ nèdi be yeadzudzɔ ya ɖe? Ke àte ŋu awɔ ɖe kpɔɖeŋu si Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Efeso-dua me ɖo ɖi la dzi. Biblia gblɔ le amesiwo xɔ “Yehowa ƒe nya” dzi se ŋu be: “Ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye wotɔ dzo wo le wo katã ƒe ŋku me.” Agbalẽ mawo xɔ asi ŋutɔ. Agbalẽawo ƒe homee nye klosalo 50,000. (Dɔwɔwɔwo 19:19, 20) Ke hã, Kristotɔ siwo nɔ Efeso mehe ɖe megbe le dzotɔtɔ agbalẽawo me o.

Satana Zãna Amegbetɔ ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo

Mawudɔla debliboe va zu Satana Abosam elabena eɖe mɔ didi si ɖo eme be wòado kɔkɔ eɖokui la ɖu eyama dzi. Ena dada kple ɖokuitɔdidi ɖo Xawa me wòdi be yeanɔ abe Mawu ene. Egbea la, ame geɖe le Satana ƒe ŋusẽ te le esi wòƒã dadagbɔgbɔ ɖe wo me ta. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo susuna be yewoƒe ŋutigbalẽ, gbegbɔgblɔ, alo dukɔ si me yewotso nyo wu ame bubuwo tɔ. Aleke gbegbe esia tsi tre ɖe nusi Biblia fia ŋu enye esi! (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Biblia gblɔ eme kɔ ƒã be: “[Mawu] wɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me.”—Dɔwɔwɔwo 17:26.

Ðokuibɔbɔe akpe ɖe mía ŋu míatsi tre ɖe dada si Satana ana wòaɖo mía me ŋu. Biblia xlɔ̃ nu mí be ‘mígadi nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o.’ (Romatɔwo 12:3) Egblɔ hã be: “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Yakobo 4:6) Mɔ nyui aɖe si dzi míato atsi tre ɖe Satana ŋue nye be míabɔbɔ mía ɖokui ahaɖe nɔnɔme bubu siwo dzea Mawu ŋu afia le míaƒe agbenɔnɔ me.

Abosam ɖoe kplikpaa hã be yeazã amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ si nye mɔɖeɖe ɖe dzodzro vɔ̃wo ŋu. Ðe Yehowa Mawu ɖoe be amegbetɔwo nase vivi le agbe me. Ne wowɔ didiwo dzi wòwɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, dzidzɔ vavãe wòhena vanɛ. Gake Satana nana amegbetɔwo ɖia kɔ na woƒe dzodzrowo le mɔ gbegblẽ nu tsɔ tena wo kpɔnae. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Enyo ŋutɔ be nàna wò susu nanɔ nusiwo le dzadzɛ henyo ŋu. (Filipitɔwo 4:8) Esia akpe ɖe ŋuwò nàɖu wò tamesusuwo kple seselelãmewo dzi nyuie.

Yi Edzi Nàtsi Tre Ðe Abosam Ŋu

Ðe nàte ŋu aɖu dzi le tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu mea? Ẽ, àte ŋui. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Ne ètsi tre ɖe Satana ŋu gɔ̃ hã la, mana ta enumake ahadzudzɔ fu ɖeɖe na wò le esi nèle Mawu ŋuti sidzedze si su asiwò zãm ta o. Ao, ɖeko Abosam ‘ate ɖa gbɔ,’ ale be wòagava te wò akpɔ ɣebubuɣi. (Luka 4:13) Ke hã, mele be nànɔ vɔvɔ̃m na Abosam o. Ne èyi edzi tsi tre ɖe eŋu la, mana nàtrɔ ɖa le Mawu vavã la yome o.

Gake tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu bia be míanya amesi ƒomevi wònye, alesi wòblea amewo, kple nusiwo míawɔ atsi tre eƒe mɔ̃tetrewo ŋu. Mawu ƒe Nya, Biblia la koe nye mɔ vavã si dzi míato sidzedze ma nasu mía si. Eyata lé ɖe wò nyametsotso be yeasrɔ̃ Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la ŋu kplikpaa, eye nàtsɔ nusiwo nèsrɔ̃ le wo me awɔ dɔe le wò agbe me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo femaxee le ɣeyiɣi si sɔ na wò dzi. Taflatse mègahe ɖe megbe o; te ɖe wo ŋu loo alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

Ele be nàde dzesii be ne èle Biblia srɔ̃m la, Satana ate ŋu azã tsitretsiɖeŋu alo yometiti be wòana nàdzudzɔ nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me sɔsrɔ̃. Wò ame vevi aɖewo ado dziku ɖe ŋuwò le esi nèle Biblia srɔ̃m ta. Esia ate ŋu adzɔ elabena womenya nyateƒe wɔnuku siwo le Biblia me o. Ame aɖewo hã ate ŋu aɖu fewu le ŋuwò. Gake ɖe ta nana le nɔnɔme siawo me ado dzidzɔ na Mawua? Abosam di be yeaɖe dzi le ƒowò nàdzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso Mawu vavã la ŋu. Nukata nàna Satana naɖu dziwò? (Mateo 10:34-39) Mènyi naneke ƒe fe le eŋu o ɖe. Gake ènyi wò agbe ƒe fe le Yehowa ya ŋu. Eyata ɖoe kplikpaa nàtsi tre ɖe Abosam ŋu eye ‘nàdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.’—Lododowo 27:11.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Amesiwo va zu Kristotɔwo la tɔ dzo woƒe gbɔgbɔyɔgbalẽwo

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðoe kplikpaa nàsrɔ̃ Biblia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe