INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 12/1 axa 3
  • Nukatae Wòle Be Míanya Kristo ƒe Futɔ La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Wòle Be Míanya Kristo ƒe Futɔ La?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Amekae Nye Kristo ƒe Futɔ La?
    Nyɔ!—2001
  • Woɖe Kristo ƒe Futɔ la Ðe Go
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ame Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 12/1 axa 3

Nukatae Wòle Be Míanya Kristo ƒe Futɔ La?

Apostolo aɖe, si gbɔgbɔ ʋã la, ŋlɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia be: “Miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna.” (Yohanes I, 2:18) Nya wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye esia! Ƒe alafa geɖe enye esia si ame geɖewo tee kpɔ be yewoase nya ma gɔme. Amekae nye Kristo ƒe futɔ la? Ɣekaɣie wòava? Nukae wòawɔ ne eva?

LE ƑE geɖe siwo va yi me la, ame gbogbo aɖewo ŋutɔe wogblɔ be wonye Kristo ƒe futɔ la. Le ɣeyiɣi mawo me la, amesiwo woyɔ be “Kristo ƒe futɔ la” dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo, Katolikotɔwo ƒe papawo, kple Roma-fiagãwo. Le kpɔɖeŋu me, esi Fiagã Frederick II (1194-1250) gbe be yemakpɔ gome le Atitsogaʋa aɖe si sɔlemehaa nɔ wɔwɔm me o la, Papa Gregory IX gblɔ be, eyae nye Kristo ƒe futɔ la, eye wòɖee le hame. Innocent IV, si va xɔ ɖe Papa Gregory teƒe hã gaɖe Frederick le hame. Esia wɔe be Frederick hã gblɔ le Innocent ŋu be, eyae nye Kristo ƒe futɔ la.

Apostolo Yohanes koe nye Biblia-ŋlɔla si zã nyagbe “Kristo ƒe futɔ.” Ezã nya sia zi atɔ̃ le eƒe lɛtawo dometɔ eve me wòfia ame ɖeka loo, alo ame geɖe. Àkpɔ mawunyakpukpui siwo me nya sia dze le le aɖaka si le axa si kplɔe ɖo me. Míate ŋu ade dzesii le kpukpui siawo me be, Kristo ƒe futɔ la nye aʋatsokala kple ameblela, si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ ƒomedodo si le amewo kple Mawu kpakple Yesu dome la me. Eyata apostoloa xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ nya sia nya si tso gbɔgbɔ aɖe gbɔ la dzi se o, ke boŋ mido nya siwo tso gbɔgbɔawo gbɔ la kpɔ, be Mawu gbɔe wotso hã, elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖe do go yi xexea me.”—Yohanes I, 4:1, NW.

Yesu hã xlɔ̃ nu ku ɖe ameblela, alo aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu be, wonye: “Amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo. Mitsɔ woƒe tsetsewo [alo, dɔwɔwɔwo] dze si wo.” (Mateo 7:15, 16) Ðe Yesu hã nɔ nu xlɔ̃m eyomedzelawo ku ɖe Kristo ƒe futɔ la ŋu le kpɔɖeŋumɔ nua? Mina míakpɔ alesi míawɔ anya amesi Kristo ƒe futɔ la nye ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe