INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 87
  • Ame Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ale si nàwɔ akpɔ Kristo ƒe futɔ la adze sii
  • Amekae Nye Kristo ƒe Futɔ La?
    Nyɔ!—2001
  • Ame Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Woɖe Kristo ƒe Futɔ la Ðe Go
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nukatae Wòle Be Míanya Kristo ƒe Futɔ La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 87
Mawunyagblɔla aɖe le mawunya gblɔm le television dzi

Ame Kae Nye Kristo Ƒe Futɔ La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Kristo ƒe futɔ la menye ame ɖeka alo habɔbɔ ɖeka aɖe koŋ o, elabe Biblia gblɔ be “Kristo ƒe futɔ geɖewo” li. (1 Yohanes 2:18) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “Kristo ƒe futɔ” la fia “ame si tsi tsitre ɖe Kristo ŋu alo tsɔ eɖokui ɖo eteƒe.” Ame sia ame si wɔa nu siwo gbɔna la nye Kristo ƒe futɔ:

  • Egblɔna be menye Yesue nye Kristo (Mesia) la o alo gblɔna be menye Mawu ƒe Vie wònye o.​—1 Yohanes 2:18.

  • Etsia tsitre ɖe Kristo, Mawu ƒe Amesiamina la, ŋu.​—Psalmo 2:1, 2; Luka 11:23.

  • Egblɔna be yee nye Kristo la.​—Mateo 24:24.

  • Etia Kristo yomedzelawo yome, elabe Yesu bua nu sia nu si wowɔ ɖe wo ŋu be ye ŋutɔ ŋue wòwɔe ɖo.​—Dɔwɔwɔwo 9:5.

  • Edaa alakpa be Kristotɔe yenye evɔ tsɔa sedzimawɔmawɔ kple amebeble ɖoa dɔe.​—Mateo 7:22, 23; 2 Korintotɔwo 11:13.

Biblia yɔ ame siwo wɔa nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe be Kristo ƒe futɔwo eye wògayɔ wo katã abe ƒuƒoƒo ene be “Kristo ƒe futɔ.” (2 Yohanes 7) Kristo ƒe futɔ la do zi gbãtɔ le apostoloawo ƒe ŋkekeawo me eye wògale dɔ dzi vevie va se ɖe egbe. Biblia gblɔ esia ɖi.​—1 Yohanes 4:3.

Ale si nàwɔ akpɔ Kristo ƒe futɔ la adze sii

  • Wogblɔa alakpanyawo tso Yesu ŋu. (Mateo 24:9, 11) Le kpɔɖeŋu me, ame siwo fiaa Trinita Kɔkɔe alo Mawuɖekaetɔ̃ alo fiaa nu be Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la tsia tsitre ɖe nya si Yesu gblɔ be “Fofo la lolo wum” la ŋu tẽe.​—Yohanes 14:28.

  • Kristo ƒe futɔ la medaa asi ɖe nu si Yesu fiaa ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe dɔwɔwɔ ŋu la dzi o. Le kpɔɖeŋu me, sɔlemehakplɔla aɖewo gblɔna be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo zãmee Kristo le le eƒe dɔwɔwɔwo me. Ke hã woƒe nufiafia sia tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, elabe eya ŋutɔ gblɔ be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.”​—Yohanes 18:36.

  • Wogblɔna be Yesue nye yewoƒe Aƒetɔ gake womewɔna ɖe eƒe sededewo dzi o. Eƒe sedede siawo dometɔ ɖekae nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia.​—Mateo 28:19, 20; Luka 6:46; Dɔwɔwɔwo 10:42.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe