Èle Kristo La Yome Dzem Bliboea?
‘Abe ale si ko miele zɔzɔm hã ene la, miyi edzi miawɔe geɖe wu.’—1 TES. 4:1.
1, 2. (a) Nu gã kawo teƒee ame geɖe kpɔ le Yesu ƒe ŋkekea me? (b) Nu ka tae ɣeyiɣi si me míele fifia la hã nye ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe?
ÐE NÈBU ale si gbegbe wòado dzidzɔ na wòe be nànɔ agbe le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ anyigba dzi la ŋu kpɔa? Ðewohĩ nu si ava susu me na wòe nye mɔnukpɔkpɔ si asu asiwò be Yesu nada dɔ na wò be nàƒo asa na nuxaxa si lãmegbegblẽ aɖewo ƒe fuɖename hena vanɛ la. Alo ate ŋu anye ale si gbegbe wòado dzidzɔ na wò be nàkpɔ Yesu ahase eƒe gbe—be nàsrɔ̃ nu tso egbɔ alo akpɔe wòawɔ nukunu aɖewo. (Mar. 4:1, 2; Luka 5:3-9; 9:11) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wòanye be ame nakpɔ dɔ mawo siwo katã Yesu wɔ la teƒe! (Luka 19:37) Tso ɣemaɣi la, dzidzime aɖeke megakpɔ nu mawo tɔgbi teƒe o, eye Yesu magatsɔ ‘eɖokui asa vɔe’ le anyigba dzi hena nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa ake gbeɖe o.—Heb. 9:26; Yoh. 14:19.
2 Gake ɣeyiɣi si me míele fifia hã nye ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe. Nu ka tae? Míele agbe le ɣeyiɣi si ŋu Ŋɔŋlɔawo gblɔ ɖi le be eyae nye “nuwuɣi la” kple “ŋkeke mamlɛawo” la me fifia. (Dan. 12:1-4, 9; 2 Tim. 3:1) Ŋkeke mamlɛ siawo mee wonya Satana ɖa le dziƒo. Esusɔ vie woablae atsɔe aƒu gbe “ɖe aʋli la me.” (Nyaɖ. 12:7-9, 12; 20:1-3) Ŋkeke siawo me kee mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su mía si be míaɖe gbeƒã “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la le xexea me godoo, ahagblɔ Paradiso si gbɔna la ŋuti nya na amewo—esia nye dɔ si womagawɔ akpɔ gbeɖe o.—Mat. 24:14.
3. Do ŋgɔ teti na Yesu ƒe dziƒoyiyi la, nu kae wògblɔ na eyomedzelawo be woawɔ, eye nu kae esia wɔwɔ abia?
3 Do ŋgɔ teti na Yesu ƒe dziƒoyiyi la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Dɔ ma abia be woafia nu amewo le anyigba katã dzi. Taɖodzinu ka tae? Eyae nye be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo, be ame bubuwo hã nava zu Kristo yomedzelawo, hafi nuwuwua nava. (Mat. 28:19, 20) Nu kae wòle be míawɔ ne míedi be míakpɔ dzidzedze le dɔ si Kristo de mía si la wɔwɔ me?
4. (a) Nu ka ƒe vevienyenye dzie nya si Petro gblɔ le 2 Petro 3:11, 12 la te gbe ɖo? (b) Nu kawo ŋue wòhiã be míanɔ ŋudzɔ ɖo?
4 De dzesi nya vevi sia si apostolo Petro gblɔ; egblɔ be: “Ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me, eye mialala, eye miaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu!” (2 Pet. 3:11, 12) Petro ƒe nyawo te gbe ɖe ale si wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me la dzi be míakpɔ egbɔ be míaƒe agbenɔnɔ katã naku ɖe dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le la ŋu. Dɔwɔna siawo dometɔ ɖekae nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia. Eya ta aleke gbegbee wòdzɔa dzi na míi enye esi ne míekpɔ dzonɔameme si gbegbe mía nɔvi siwo le xexea me godoo la tsɔ le gbeƒãɖeɖedɔ si Kristo de mía si la wɔm! Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míenyae be ehiã be míanɔ ŋudzɔ be kuxi siwo míedoa goe gbe sia gbe le Satana ƒe xexea me kple esiwo míawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã madebliboa ƒe nudzodzrowo hena vaa mía dzi la nagana dzo si le mía me ɖe Mawu ƒe dɔa ŋu la dzi naɖe kpɔtɔ o. Ekema mina míadzro ale si míawɔ akpɔ egbɔ be míayi edzi anɔ Kristo la yome la me.
Lɔ̃ Faa Nàxɔ Agbanɔamedzi Siwo Tso Mawu Gbɔ
5, 6. (a) Nu kae haxɔsetɔ siwo nɔ Yerusalem la wɔ si tae Paulo kafu wo ɖo, eye nu ka ŋue wòxlɔ̃ nu wo be woakpɔ nyuie le? (b) Nu ka tae mele be míabu míaƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo nu tsɛe o?
5 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem me la, ekafu haxɔsetɔwo ɖe ale si wodo dzi nuteƒewɔwɔtɔe le yometiti gɔ̃ hã me va yi la ta. Egblɔ be: “Minɔ ŋku ɖom edzi be le tsã ŋkekewo me la, esi woklẽ ɖe mia me megbe la, miedo dzi le avuwɔwɔ sesẽ me le fukpekpewo me.” Ɛ̃, Yehowa ɖo ŋku woƒe nuteƒewɔwɔa dzi. (Heb. 6:10; 10:32-34) Paulo ƒe kafukafunya mawo anya de dzi ƒo na Hebri Kristotɔ mawo ŋutɔ. Ke hã, le lɛta ma ke me la, Paulo xlɔ̃ nu wo tso amegbetɔ ƒe nɔnɔme aɖe, si ate ŋu ana dzo si nɔ wo me ɖe Mawu subɔsubɔdɔa ŋu dzi naɖe akpɔtɔ ne womeɖu edzi o la ŋu. Egblɔ be ele be Kristotɔwo nakpɔ nyuie be ‘woagagbe’ wɔwɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi alo anɔ taflatsɛ dom o.—Heb. 12:25.
6 Nuxlɔ̃amenya ma, si nye be woaganɔ taflatsɛ dom ahado kpo agbanɔamedzi siwo Mawu de wo si tsɔtsɔ o la ka Kristotɔ siwo li egbea hã. Míekpɔe be ele be míaɖoe kplikpaa be míagabu míaƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo nu tsɛe alo ana dzo si le mía me ɖe Mawu ƒe dɔa ŋu la dzi naɖe akpɔtɔ gbeɖe o. (Heb. 10:39) Elabena agbe kple ku ƒe nyae subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ nye.—1 Tim. 4:16.
7, 8. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míana dzo nakpɔtɔ anɔ mía me ɖe Mawu ƒe dɔa ŋu? (b) Ne dzo si nɔ mía me le gɔmedzedzea me la dzi ɖe kpɔtɔ la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ku ɖe Yehowa kple Yesu ŋu?
7 Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ be míaganɔ taflatsɛ dom ahado kpo agbanɔamedzi siwo Mawu de mía si la tsɔtsɔ o? Mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖu nɔnɔme ma dzie nye be míanɔ ŋugble dem tso gɔmesese si le adzɔgbe si míeɖe na Mawu ŋu la ŋu edziedzi. Nya lae nye be, míedo ŋugbe na Yehowa be eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe anye nu vevitɔ na mí le agbe me, eye míedi be míawɔ ɖe míaƒe ŋugbedodoa dzi. (Mixlẽ Mateo 16:24.) Eya ta ɣeaɖewoɣi la, ahiã be míatɔ sẽe abia mía ɖokui be: ‘Ðe ale si meɖoe kplikpaa le nye nyɔnyrɔxɔɣi be manɔ agbe ɖe adzɔgbe si meɖe na Mawu nu la gakpɔtɔ le nenema? Alo ɖe dzo si nɔ menye ɣemaɣi la dzi ɖe kpɔtɔ esi ƒeawo va le yiyima?’
8 Ne míedzro mía ɖokui me kpɔ anukwaretɔe eye míekpɔe be dzo si nɔ mía me tsã la dzi ɖe kpɔtɔ la, anyo be míaɖo ŋku dzideƒonamenya siwo nyagblɔɖila Zefaniya gblɔ la dzi. Egblɔ be: “Wò asi megado agblɔ o! Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie.” (Zef. 3:16, 17) Blema Israel vi siwo gbɔ va Yerusalem tso aboyo me le Babilon lae kakaɖedzinamenya mawo yi na gbã. Ke hã, kakaɖedzinya mawo dea dzi ƒo na Mawu ƒe ame siwo li egbea hã. Esi wònye be Yehowa ƒe dɔe dɔ si wɔm míele la nye ta la, ele be wòanɔ susu me na mí be Yehowa kple Via siaa da megbe na mí eye wodoa ŋusẽ mí be míawɔ dɔ siwo Mawu de mía si la ade goe. (Mat. 28:20; Flp. 4:13) Ne míekua kutri wɔa dɔ si Mawu de mía si la dzonɔamemetɔe la, ayra mí eye wòakpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm.
‘Fiaɖuƒe La Didi Gbã’ Dzonɔamemetɔe
9, 10. Nu ka dzie Yesu nɔ susu hem yi le eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ gã la ŋu me, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?
9 Esime Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔwo ƒe kplɔlawo dometɔ aɖe ƒe aƒe me la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ gã aɖe si ame aɖe ɖo ŋu. Le kpɔɖeŋu ma me la, eƒo nu tso mɔnukpɔkpɔ si woʋu ɖi na ame ƒomevi vovovowo be woadze na dziƒo Fiaɖuƒea me yiyi la ŋu. Le kpɔɖeŋu sia me la, eɖe nu si “taflatsɛdodo” nye la me. (Mixlẽ Luka 14:16-21.) Ame siwo wokpe na kplɔ̃ɖoƒea yiyi le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la tsɔ nanewo do taflatsɛ be yewomate ŋu ava o. Ame ɖeka gblɔ be ele be yeayi aɖalé ŋku ɖe agble aɖe si yeƒle teti koe nye ema la ŋu. Ame bubu gblɔ be yeƒle nyi aɖewo eye yedi be yeayi aɖado wo kpɔ. Ame bubu hã gblɔ be: ‘Meɖe nyɔnu koe nye esia. Nyemate ŋu ava o.’ Esiawo katã nye taflatsɛdodo siwo mesɔ kura o. Le ɖoɖoa nu la, hafi ame aɖe naƒle agble alo lã aɖe la, eléa ŋku ɖe eŋu gbã, eya ta mahiã kpata nenema gbegbe be wòado wo kpɔ le wo ƒeƒle megbe o. Eye ɖe susu aɖe li si tae ame aɖe si ɖe srɔ̃ teti la malɔ̃ ɖe amekpekpe vevi ma dzi oa? Eya ta mewɔ nuku be amekpela la do dziku vevie o!
10 Mawu ƒe amewo katã ate ŋu asrɔ̃ nane tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me. Nu kae woate ŋu asrɔ̃ tso eme? Mele be míaɖe mɔ gbeɖe be míawo ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo, abe esiwo ŋu woƒo nu tso le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene, nava nɔ vevie na mí wu subɔsubɔdɔ si Mawu de mía si la o. Ne Kristotɔ aɖe metsɔa eya ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ɖoa nɔƒe si dze na wo o la, ate ŋu awɔe be dzo si le eme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la dzi nanɔ ɖeɖem kpɔtɔ vivivi. (Mixlẽ Luka 8:14.) Be míakpɔ egbɔ be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o la, míewɔna ɖe Yesu ƒe nya si nye, “Miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã” la dzi. (Mat. 6:33) Aleke gbegbe wòdea dzi ƒo enye esi be Mawu subɔlawo—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo vevi ma dzi! Le nyateƒe me la, ame geɖe wɔ tɔtrɔ hele agbe tsɛ nɔm be yewoate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Nu siwo teƒe woawo ŋutɔwo kpɔ na wokpɔe dze sii be fiaɖuƒea didi gbã dzonɔamemetɔe hea dzidzɔ vavãtɔ kple dzidzeme geɖe vanɛ.
11. Biblia me nudzɔdzɔ kae ɖe ale si wòle vevie be míasubɔ Mawu dzonɔamemetɔe tso dzi blibo me la fia?
11 Be míawɔ ale si wòle vevie be dzo nanɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔ si Mawu de mía si ŋu ƒe kpɔɖeŋu la, de ŋugble le nane si dzɔ ɖe Israel Fia Yoas dzi ŋu kpɔ. Esi Yoas nɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ Aramtɔwo ava ɖu Israel dzi ta la, eva nɔ avi fam na Elisa. Nyagblɔɖila la bia tso esi be wòada aŋutrɔ ɖeka ato fesre aɖo ɖe Aram gome, si anye dzesi be Yehowa ana woaɖu dukɔ ma dzi. Ðe wòle be nya sia nana dzo naɖo fia la me hafi. Eyome Elisa gblɔ na Yoas be wòatsɔ eƒe aŋutrɔawo aƒo anyigbae. Yoas tsɔ wo ƒo anyigba zi etɔ̃ pɛ ko. Esia na Elisa do dɔmedzoe, elabena ne ɖe wòtsɔ wo ƒo anyigbae zi atɔ̃ alo zi ade la, afia be ‘asi Aramtɔwo, va se ɖe esime woatsrɔ̃’ keŋkeŋ. Ke azɔ la, zi etɔ̃ pɛ ko wòaɖu wo dzi va se ɖe afi aɖe. Esi wònye be Yoas mewɔ nu dzonɔamemetɔe o ta la, mete ŋu ɖu wo dzi keŋkeŋ o. (2 Fia. 13:14-19) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me? Nenye be míewɔ dɔ siwo Yehowa de mía si la tso dzi blibo me dzonɔamemetɔe ko hafi wòayra mí wòagba go.
12. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míana dzo nakpɔtɔ anɔ mía me ɖe Mawu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ne míele akɔ kpem kple agbemekuxiwo gɔ̃ hã? (b) Gblɔ ale si geɖe wɔwɔ le subɔsubɔdɔa me le vi ɖem na wòe.
12 Agbemekuxiwo doa míaƒe dzonɔameme kple ɖokuitsɔtsɔna le dɔ si Mawu de mía si la wɔwɔ me kpɔna. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le akɔ kpem kple gakuxi sesẽwo. Nu te ɖe nɔvi bubuwo dzi le esi dɔléle sesẽ aɖe na womegate ŋu le geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me o ta. Togbɔ be ele alea hã la, mí katã míate ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ egbɔ be dzo si le mía me tso gɔmedzedzea la nakpɔtɔ anɔ mía me eye míanɔ Kristo la yome bliboe. Taflatsɛ, de ŋugble le aɖaŋuɖoɖo kple mawunyakpukpui siwo le aɖaka si nye “Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàyi Edzi Anɔ Kristo La Yome?” me la ŋu. De ŋugble le ale si nàte ŋu azã wò ŋutete katã le wo ŋu dɔ wɔwɔ mee ŋu. Ne èwɔe alea la, aɖe vi na wò geɖe ŋutɔ. Ne míele geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me la, ekpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe kuxiwo nu, enaa míaƒe agbenɔnɔ nyona ɖe edzi, eye wònaa dzidzɔ kple ŋutifafa geɖe wu sua mía si. (1 Kor. 15:58) Gakpe ɖe eŋu la, ne míewɔa subɔsubɔdɔ si Mawu de mía si la tso luʋɔ blibo me la, ekpena ɖe mía ŋu ‘míaƒe susu nɔa Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu.’—2 Pet. 3:12.
Dzro Ðokuiwò Me Kpɔ Anukwaretɔe
13. Aleke míawɔ anya nenye be subɔsubɔdɔ si wɔm míele la tso luʋɔ blibo me loo alo metso luʋɔ blibo me o?
13 Anyo be wòanɔ susu me na mí be menye gaƒoƒo agbɔsɔsɔme si míetsɔ wɔa subɔsubɔdɔa ye ɖenɛ fiana be míele subɔsubɔm tso luʋɔ blibo me o. Nɔnɔme si me ame sia ame le la le vovovo. Ame si zãa gaƒoƒo ɖeka alo eve le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɣleti sia ɣleti ƒe nu ate ŋu adze Yehowa ŋu nenye be vavãe esia koe eƒe lãmesẽ aɖe mɔ nɛ be wòawɔ. (Tsɔe sɔ kple Marko 12:41-44.) Eya ta hafi míate ŋu anya nenye be subɔsubɔdɔ si wɔm míele na Mawu la tso luʋɔ blibo me loo alo metso luʋɔ blibo me o la, ele be míadzro mía ɖokui me kpɔ anukwaretɔe akpɔe ɖa be ɖe míele míaƒe ŋutete katã wɔm le ale si míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔe nu hã. Esi míenye Kristo yomedzelawo ta la, míedina hã be míaƒe tamesusu nasɔ kple etɔ. (Mixlẽ Romatɔwo 15:5; 1 Kor. 2:16) Nu kae nye nu vevitɔ na Yesu le agbe me? Egblɔ na ameha aɖe si tso Kapernaum la be: “Ele be magblɔ Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la . . . , elabena esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:43; Yoh. 18:37) Esi dzo si nɔ Yesu me ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu le susu me na wò la, lé ŋku ɖe wò nɔnɔmewo ŋu kpɔ be ɖe nàte ŋu agawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me hã.—1 Kor. 11:1.
14. Mɔ kawo nue míagate ŋu adzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le?
14 Ne míede ŋugble tso míaƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie la, ɖewohĩ míakpɔe be míate ŋu agazã ɣeyiɣi geɖe wu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. (Mat. 9:37, 38) Le kpɔɖeŋu me, mía nɔvi sɔhɛ siwo do le suku nyitsɔ laa la dometɔ akpe geɖe dzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi heƒo wo ɖokuiwo ɖe mɔɖeɖedɔa me eye woawo hã wole dzidzɔ si mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe hena vanɛ la kpɔm. Ðe medzro wò hã be nàkpɔ dzidzɔ sia oa? Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo de ŋugble le woƒe nɔnɔmewo ŋu eye wotso nya me be yewoate ŋu aʋu ayi yewoƒe dukɔa ƒe nuto aɖe me, alo duta gɔ̃ hã, afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu. Nɔvi bubuwo hã srɔ̃ gbe bubu aɖe be yewoate ŋu akpe ɖe dutagbedolawo ŋu. Togbɔ be míate ŋu ado go kplamatsɛdonu aɖewo esi míele agbagba dzem be míadzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi hã la, yayra geɖewo dona tso eme, eye míate ŋu akpe ɖe ame geɖe wu ŋu be “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.”—1 Tim. 2:3, 4; 2 Kor. 9:6.
Biblia Me Kpɔɖeŋu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃
15, 16. Ame kawo ƒe kpɔɖeŋue míate ŋu asrɔ̃ le Kristo la yome dzedze dzonɔamemetɔe gome?
15 Aleke ame aɖewo siwo va zu apostolowo wɔ nui esime Kristo kpe wo be woadze ye yome? Nuŋlɔɖia gblɔ le Mateo ŋu be: “[Egblẽ] nu sia nu ɖi hetso dze eyome.” (Luka 5:27, 28) Míexlẽ tso Petro kple Andrea, siwo nɔ tɔƒo, la ŋu be: “Enumake wogblẽ woƒe ɖɔawo ɖi, eye wodze eyome.” Emegbe Yesu kpɔ Yakobo kple Yohanes, woa kple wo fofo wonɔ woƒe ɖɔwo sam. Aleke wowɔ nui esi Yesu kpe wo? “Enumake wogblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi, eye wodze eyome.”—Mat. 4:18-22.
16 Ame bubu aɖe si hã ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi ye nye Saul, si va zu apostolo Paulo. Togbɔ be enye ame aɖe si tia Kristo yomedzelawo yome kutɔkutɔe tsã hã la, etrɔ le eƒe mɔwo yome eye wòva zu “dɔwɔnu tiatia aɖe” be wòatsɔ Kristo ƒe ŋkɔ la ayi na dukɔwo. “Enumake [Paulo te] gbeƒãɖeɖe Yesu le ƒuƒoƒewo, be Ame siae nye Mawu ƒe Vi la.” (Dɔw. 9:3-22) Eye togbɔ be Paulo to fukpekpe kple yometiti geɖe me hã la, dzo si nɔ eme la nu metsi gbeɖe o.—2 Kor. 11:23-29; 12:15.
17. (a) Nu kae nye wò didi ku ɖe Kristo la yome dzedze ŋu? (b) Yayra kawoe sua mía si le esi míewɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu tso dzi blibo kpakple ŋusẽ blibo me ta?
17 Kakaɖedzitɔe la, míawo hã míedi be míasrɔ̃ nusrɔ̃la mawo ƒe kpɔɖeŋu nyuiawo eye míawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi enumake megbemakpɔmakpɔe. (Heb. 6:11, 12) Ne míeyi edzi ku kutri vevie le Kristo la yome dzedze dzonɔamemetɔe me tso dzi blibo me la, yayra kawoe sua mía si? Míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me eye dzidzeme si sua ame si ne elɔ̃ xɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi bubuwo le hamea me la sua mía si. (Ps. 40:8; mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 4:1.) Ɛ̃, ne míeyi edzi le ʋiʋlim vevie hele Kristo la yome la, yayra manyagblɔ siawo siwo nɔa anyi ɖaa, abe susu ƒe akɔdzeanyi, dzidzeme, dzidzɔ, Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu, kple agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ene, sua mía si.—1 Tim. 4:10.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Dɔ vevi kae wode mía si, eye aleke wòle be míabui?
• Amegbetɔ ƒe nɔnɔme ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo, eye nu ka tae?
• Nu ka ŋue wòle be míadzro mía ɖokui me anukwaretɔe le?
• Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ Kristo la yome?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]
Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàyi Edzi Anɔ Kristo La Yome?
▪ Xlẽ Mawu ƒe Nya la gbe sia gbe, eye nàde ŋugble le nu si nèxlẽ la ŋu.—Ps. 1:1-3; 1 Tim. 4:15.
▪ Do gbe ɖa edziedzi nàbia Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia.—Zax. 4:6; Luka 11:9, 13.
▪ De ha kple ame siwo wɔa subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe tso dzi blibo me.—Lod. 13:20; Heb. 10:24, 25.
▪ Ale si nuwɔwɔ kpata hiã le míaƒe ɣeyiɣia me nenɔ susu me na wò.—Ef. 5:15, 16.
▪ Afɔku siwo dona tso “taflatsɛdodo” me nenɔ susu me na wò.—Luka 9:59-62.
▪ Nɔ ŋugble dem tso adzɔgbe si nèɖe na Mawu la kpakple yayra geɖe siwo dona tso Yehowa subɔsubɔ kple Kristo la yome dzedze tso dzi blibo me me la ŋu edziedzi.—Ps. 116:12-14; 133:3; Lod. 10:22.