“Mixɔ Dzo Le Gbɔgbɔ La Me”
1. Nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia le míaƒe subɔsubɔdɔa me?
1 Mele be míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖeke nazu nane si míanɔ wɔwɔm ŋgɔyiyi aɖeke mawɔmawɔ o. Ke boŋ wode dzi ƒo na mí be: “Mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me. Miwɔ dɔ na Yehowa abe kluviwo ene.” (Rom. 12:11) Ke hã, nu geɖewo li siwo ate ŋu ana be míaƒe dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu dzi naɖe akpɔtɔ. Aleke míate ŋu ‘ade dzo’ didi vevie kple dzonɔameme si míetsɔ wɔa míaƒe Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔae la me?—2 Tim. 1:6, 7.
2. Ƒomedodo kae le ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe dome?
2 Ðokuisi Biblia Sɔsrɔ̃: Fiaɖuƒegbeƒãɖela si kpɔa dzidzedze nyea ame si lɔ̃a Mawu ƒe se la, eye wònana nyateƒe siwo ŋu wòke ɖo le eme la wɔa dɔ ɖe edzi vevie. (Ps. 119:97) Ne míeke ɖe nya vevi aɖewo ŋu le míaƒe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me la, edea dzi gbɔ na mí, eye wògadea dzo mía me geɖe wu. Lɔlɔ̃ si le mía si na Ame si gbɔ nyateƒe mawo tso kple didi be míagblɔ nya nyuia na amewo ʋãa mí míekafua Mawu eye míeʋua eƒe ŋkɔ me le dutoƒo. (Heb. 13:15) Edze ƒãa be gbeƒãɖeɖe nya nyuia veviedodotɔe ɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe asixɔxɔ si le eŋu la ŋu.
3. Ŋusẽ kae Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa dzi?
3 Do Gbe Ða Nàbia Mawu Ƒe Gbɔgbɔa: Míate ŋu akpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi mɔxeɖenu aɖeke manɔmee gbɔe dzonɔameme akuakua tsona. (1 Pet. 4:11) Tete ɖe Ame si nye “ŋusẽ geɖe” tsoƒe la ŋu ana ŋusẽ naɖo mía ŋu le gbɔgbɔ me bene míate ŋu aɖi ɖase dzinɔameƒotɔe. (Yes. 40:26, 29-31) Esime apostolo Paulo do go nɔnɔme sesẽwo le eƒe subɔsubɔdɔa me la, exɔ “kpekpeɖeŋu si tso Mawu gbɔ.” (Dɔw. 26:21, 22) Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si doa ŋusẽ ame la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaxɔ dzo le míaƒe subɔsubɔdɔa me, eya ta ele be míado gbe ɖa abiae.—Luka 11:9-13.
4. Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso dzonɔameme ɖeɖe fia me, gake nu kawo ŋue wòle be míakpɔ nyuie le?
4 Zi geɖe la, dzonɔameme si míeɖena fiana le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me la nana be dzo gaɖoa mía nɔvi Kristotɔ bubuwo me geɖe wu. (2 Kor. 9:2) Míaƒe anyigbamama me tɔwo alɔ̃ aɖo to gbedeasi si míetsɔ dzonɔameme kple kakaɖedzi gblɔ. Ke hã, ele be míaɖɔ ŋu ɖo ahafa tu le dzonɔameme ɖeɖe fia me ɣesiaɣi. (Tito 3:2) Míedina ɣesiaɣi be míawɔ nu le aƒemenɔlawo ŋu bubutɔe ahade bubu gome si le wo si be woawo ŋutɔ nawɔ tiatia la ŋu.
5. Nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me ka dzie wòle be míadze agbagba awɔ ɖo?
5 Abe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ene la, mina ‘míaxɔ dzo le gbɔgbɔ la me’ ɣesiaɣi. Mina míatu dzonɔameme ɖo to ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa na Yehowa, ame si ate ŋu ana gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la mí la, vevie dzi. To esia wɔwɔ me la, míate ŋu atsɔ “gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzi sẽŋu” awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe.—1 Tes. 1:5.