Ðe Nàsrɔ̃ Yehowa Kple Yesu Ƒe Dzonɔameme Le Ŋkuɖodziɖuɣi Sia?
1. Nu kae Yehowa Ðasefowo dzea agbagba etɔxɛ be yewoawɔ le Ŋkuɖodziɖuɣia?
1 Yehowa tsɔa dzo ɖe nu siwo wòawɔ be eƒe tameɖoɖowo nava eme ŋu. Yesaya 9:7 gblɔ le yayra siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ ŋu be: ‘Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe dzonɔameme awɔ esia ade goe.’ Nenema ke esime Mawu ƒe Vi la nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, etsɔ dzo ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu ale gbegbe. (Yoh. 2:13-17; 4:34) Ƒe sia ƒe la, gbeƒãɖela miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo dzea agbagba srɔ̃a Yehowa kple Yesu ƒe dzonɔameme hedzia woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le Ŋkuɖodziɖuɣia. Wò hã àsrɔ̃ woa?
2. Nu kae dzotsɔtsɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu aʋã mí be míawɔ tso March 7 lia dzi?
2 Amewo Kpekpe Na Ŋkuɖodzia: Le ƒe sia me la, míadze amewo kpekpe na Ŋkuɖodzia gɔme tso Memleɖa, March 7 lia dzi. Dzra ɖo fifia be nàtsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Dzidzɔ ayɔ hamewo me esime wole agbagba dzem be yewoakpe hamea ƒe anyigbamamaa ɖo. Dze agbagba ɖe sia ɖe nàkpe wò Biblia nusrɔ̃viwo, ame siwo gbɔ nètrɔna yina, wò dɔwɔhatiwo, ƒometɔwo kple sukuhatiwo ahana amekpegbalẽvia wo alo ahe woƒe susu ayi amekpegbalẽvi si le jw.org dzi.
3. Aleke míate ŋu adzi míaƒe subɔsubɔdɔ ɖe edzi le March kple April me?
3 Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔ: Veviedodonu aʋã mí hã be míadzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Ðikeke mele eme o be nɔvi geɖe awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ le March kple April me elabena míate ŋu atiae be míana gaƒoƒo 30. Anyo ŋutɔ be miadzro ale si ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ esia le miaƒe ƒometadedeagu me alo le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me ahado gbe ɖa tso eŋu. (Lod. 15:22) Wò veviedodonu ana dzo naɖo ame bubuwo hã me ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu. Ne ètrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu be nàwɔ geɖe la, esia afia be èle Yesu ƒe veviedodo srɔ̃m.—Marko 6:31-34.
4. Ne míesrɔ̃ Yehowa kple Yesu la, yayra kawoe míakpɔ tso eme?
4 Yayra geɖe asu mía si ne míesrɔ̃ Yehowa kple Yesu le Ŋkuɖodziɖuɣi sia. Míaɖi ɖase na ame geɖe wu le míaƒe anyigbamamaa me. Míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme si dona tso Yehowa subɔsubɔ kple nunana amewo me. (Dɔw. 20:35) Vevietɔ wu la, míaƒe nu adze mía Mawu kple Via veviedola la ŋu.