INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/1 axa 31
  • Nu Kae Nye Fiaɖuƒe Akpata?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Fiaɖuƒe Akpata?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Esiae Nye Míaƒe Tadeaguƒe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tadeaguƒewo Ŋuti Ðoɖowo
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Dzidziɖedzi Wɔnuku na Kekeɖenu Hiã Kpata
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nu Ka Tae Míetua Fiaɖuƒe Akpatawo, Eye Aleke Míewɔna Tua Wo?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/1 axa 31

Exlẽlawo Bia Be . . .

Nu Kae Nye Fiaɖuƒe Akpata?

▪ Fiaɖuƒe Akpata nye xɔ aɖe si Yehowa Ðasefowo zãna le woƒe tadedeagu me. Fiaɖuƒe Akpata akpe geɖewoe le xexea me godoo. Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 105,000 sɔŋ kpena le akpata mawo me kwasiɖa sia kwasiɖa.

Fiaɖuƒe Akpata ɖe sia ɖe nyea kpekpewɔƒe, afi si dutoƒonuƒowo kple Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖiwo yia edzi le. Wowɔa nuƒolanɔƒe ɖe kpekpexɔ siawo me, afi si wonɔna kpɔa kpekpeawo dzi. Zi geɖe la, wowɔa ɖoɖo be ame 100 va se ɖe 300 ya teti nakpɔ nɔƒe le xɔ siawo me. Nusrɔ̃xɔ sue ɖeka alo eve bubuwo, kpakple agbalẽdzraɖoƒe sue si Biblia srɔ̃gbalẽwo kple numekugbalẽ siwo hamea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu azã atsɔ awɔ numekuku la hã nɔa Fiaɖuƒe Akpataa me.

Ke hã, màkpɔ mawusubɔsubɔ dzesiwo kple nɔnɔmetata siwo bɔ le Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo me la dometɔ aɖeke le Fiaɖuƒe Akpatawo me o. Vɔsamlekpuiwo, nɔnɔmewɔwɔewo, alo atitsogawo hã menɔa afi ma o. Nu ka tae? Yehowa Ðasefowo xɔe se be nu mawo zazã tsi tsitre ɖe Biblia ƒe sedede be “misi le trɔ̃subɔsubɔ nu” ŋu. (1 Korintotɔwo 10:14; Yohanes 4:24) Amewo tu sɔlemexɔ kple gbedoxɔ gãgãwo heɖo atsyɔ̃ na wo kpeɖii. To vovo na ema la, wotua Fiaɖuƒe Akpatawo be woƒe akpa ɖe sia ɖe naɖe vi na amewo, eye wotua wo kpokploe be woagatɔ ŋku o. Biblia nufiafia si yia edzi le afi ma ŋue wotsia dzi ɖo, ke menye ale si xɔa loloe alo dzeanii o.

Nu ka tae woyɔnɛ be Fiaɖuƒe Akpata? Dutoƒo kpekpe siwo yia edzi le Fiaɖuƒe Akpatawo me hea amewo ƒe susu yia Biblia me nufiafiawo kple eme gbedeasi vevitɔ si ku ɖe “Mawu fiaɖuƒe” la ŋu, si nye nyati si koŋ dzi Yesu te gbe ɖo le eƒe subɔsubɔdɔa me la dzi. (Luka 4:43) Eya ta ŋkɔ Fiaɖuƒe Akpata si wotsɔ na tadeaguƒe siawo le ƒe 1930 ƒe ƒeawo me la ɖɔ tameɖoɖo si koŋ le xɔ siawo ŋu nyuie—si nye be woado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ ahanye teƒe si woado ŋusẽ amewo le “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia.” (Mateo 24:14) Esia tae womezãa Fiaɖuƒe Akpatawo na hadomenuwɔnawo alo asitsatsa o. Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna tua xɔ siawo hedzraa wo ɖo ɣesiaɣi. Wometsɔa agbawo tsana le kpekpeawo me be woadzɔ ga ade wo me o. Ke boŋ aɖakawo nɔa xɔa ƒe afi aɖe koŋ bene ame siwo di be yewoadzɔ nu la, natsɔe ade wo me.

Togbɔ be tameɖoɖo ɖeka koe le Fiaɖuƒe Akpatawo katã ŋu le xexea me hã la, woƒe lolome kple atsyã nɔa vovovo. Ale si wotua woe la nɔa te ɖe xɔtunu siwo le nutoa me, yame ƒe nɔnɔme, kple Yehowa Ðasefo siwo le afi ma ƒe ganyawo dzi. Wozãa siminti, ati, kple kpe tsɔ tua wo dometɔ aɖewoe. Ðewo hã nyea pamproxɔ siwo wotsɔa be gbana, eye womexea woƒe axa aɖewo o.

Amedzro ɖe sia ɖe ate ŋu ade kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata ɖe sia ɖe me faa. (Hebritɔwo 10:25) Le nyateƒe me la, woƒoa dutoƒonuƒo si nɔa te ɖe Biblia me nyati vovovowo dzi, siwo ɖea vi na hamea me tɔwo kple amedzrowo siaa kwasiɖa sia kwasiɖa. Míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàɖi tsa ayi Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Malawi, Afrika

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

England, Great Britain

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe