Kpɔ Dedienɔnɔ Le Mawu Ƒe Amewo Dome
‘Manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo dome.’—PS. 35:18.
1-3. (a) Nu kawoe ate ŋu ana Kristotɔ aɖe nage ɖe gbɔgbɔmefɔku me? (b) Afi kae Mawu ƒe amewo ate ŋu anɔ dedie le?
ESIME Joe kple srɔ̃a nɔ mɔkeke ɖum la, woyi ɖanɔ tsi ƒum le atsiaƒu me le teƒe aɖe si adzakpo dzeaniwo le, afi si ƒumelã siwo le amadede vovovowo me, suewo kple gãwo, sɔ gbɔ ɖo fũu. Woƒu tsia yi ŋgɔ vie be yewoate ŋu agalé ŋku ɖe adzakpo dzeaniawo ŋu geɖe wu le tsia gɔme. Esi wova ɖo teƒe aɖe si atsiaƒua goglo le la, Joe srɔ̃ gblɔ nɛ be: “Ewɔ nam be míegale ŋgɔ yim akpa.” Joe ɖo eŋu nɛ be: “Mègatsi dzi o, menya nu si wɔm mele.” Joe ɖo ŋku edzi be ema megbe kpuie la, yemegava nɔ ƒumelã aɖeke kpɔm o, eye yebia ye ɖokui be, ‘Afi kae ƒumelãwo katã yi?’ Dzidzi ƒoe esime wòkpɔ nu si tae. Agblolui aɖee nye ema tso tsia ƒe gogloeƒe lũ ɖe edzi. Naneke meli wòawɔ o. Esi agbloluia gogoe keŋ abe meta ɖeka ene la, edze to eŋu hebu ɖe tsia me.
2 Ate ŋu adzɔ be nudzroame siwo le Satana ƒe nuɖoanyi sia me—modzakaɖeɖe, dɔwɔɖui, nunɔamesiwo—nahe Kristotɔ aɖe ƒe susu ale gbegbe be made dzesii be yele gegem ɖe afɔku me o. Joe, si nye Kristotɔ hamemetsitsi la, gblɔ be: “Nu si dzɔ ɖe dzinye la na meyi ŋugble me le ame siwo wòle be míade ha kpli ŋu.” Egblɔ be: “Ƒu tsi le afi si nànɔ dedie eye wò dzi adze eme le—si nye le hamea me!” Mègaƒu tsia yi ɖe eƒe gogloeaƒe, ne nàva kpɔ ɖokuiwò le adzɔge tso hamea gbɔ, si awɔe be nàva ɖo afɔku me o. Ne èva kpɔe dze sii be yele nɔnɔme sia tɔgbi me la, ekema trɔ ɖe hamea ŋu enumake be nànɔ dedie. Ne menye nenema o la, agblolui avuvu wò le gbɔgbɔmegɔmesese nu.
3 Afɔku le xexea me na Kristotɔwo egbea. (2 Tim. 3:1-5) Satana nyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si, eye ele tsatsam be yeavuvu ame siwo mele ŋudzɔ o. (1 Pet. 5:8; Nyaɖ. 12:12, 17) Ke hã, wokpɔa mía ta. Yehowa na gbɔgbɔmededienɔƒe aɖe eƒe amewo—eyae nye Kristo hamea.
4, 5. Aleke ame geɖe sena le wo ɖokui me ku ɖe woƒe etsɔme ŋu, eye nu ka tae?
4 Dedienɔnɔ aɖe si nu koe ate ŋu asu ame si le nuɖoanyi sia me—eɖanye le ŋutilã me alo seselelãme gome o. Ame geɖe sena le wo ɖokui me be nu vlo wɔwɔ, ŋutasesẽ, nuwo ƒe asixɔxɔ, kple nutoa me ƒe ɖiƒoƒo gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu le yewo ŋu bɔbɔe. Tsitsimekuxiwo kple dɔléle ɖea fu na ame sia ame. Eye ame siwo si dɔwɔɖuiwo, aƒewo, ga, kple lãmesẽ aɖe si nu le gɔ̃ hã mekana ɖe edzi be nu mawo anɔ anyi eteƒe nadidi o.
5 Nenema kee le seselelãme gome hã la, ame geɖe mekpɔ dedienɔnɔ si dim wole o. Nublanuitɔe la, ame geɖe siwo kpɔ mɔ be ne yewoɖe srɔ̃ eye yewodzi viwo la, yewoakpɔ dzidzeme eye nu adze edzi na yewo la va kpɔe be nuwo meva nɔ abe ale si yewokpɔ mɔe ene o. Le mawusubɔsubɔnyawo gome la, sɔlemedela geɖe tɔtɔ eye womenya nu si woawɔ o, elabena wokea ɖi mɔfiame siwo wonaa wo le woƒe sɔlemewo la ƒe nuvãnyenye. Nu si ta koŋ ye wosena le wo ɖokui me nenema ɖoe nye agbe maɖɔʋu si woƒe hakplɔlawo nɔna kple woƒe aʋatsonufiafiawo. Eya ta ame geɖe kpɔe be nu bubu aɖeke megali yewoawɔ wu be yewoaɖo ŋu ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya alo wo hati amegbetɔwo ƒe nyuiwɔwɔ kple nunya ŋu o. Eya ta mewɔ nuku o be, ame siwo dome míele la sena le wo ɖokuiwo me be yewomele dedie kura o, alo womedina gɔ̃ hã be yewoade ŋugble le yewoƒe etsɔme ŋu fũu o.
6, 7. (a) Nu kae na vovototo le ame siwo subɔa Mawu kple ame siwo mesubɔnɛ o la ƒe nuŋububu dome? (b) Nu kawo mee míadzro?
6 Vovototo si le ame siwo nye Kristo hamea me tɔwo ƒe nuŋububu kple xexea me nɔlawo ƒe nuŋububu dome la ɖe dzesi ŋutɔ! Togbɔ be mí, Yehowa ƒe amewo, míetoa nɔnɔme sesẽwo kple kuxi siwo ɖea fu na mía haviwo la ke me hã la, ale si míewɔa nui la to vovo kura. (Mixlẽ Yesaya 65:13, 14; Maleaxi 3:18.) Nu ka tae? Elabena Biblia kpe ɖe mía ŋu míese nu si tae amegbetɔwo le nɔnɔme sia me tom la gɔme nyuie, eye esia na míele dzadzraɖo ɖi be míate ŋu anɔ te ɖe agbemekuxiwo kple nɔnɔme sesẽwo nu. Esia wɔe be míetsia dzimaɖi fũu akpa ɖe míaƒe etsɔme ŋu o. Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, esia wɔe be míevo tso nukpɔsusu totrowo kple nukpɔsusu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple nu gbegblẽ siwo dona tso nu siawo me la me. Esia wɔe be tomefafa kple dzidzeme si xexea me nɔlawo di do kpoe la sua ame siwo le Kristo hamea me la si.—Yes. 48:17, 18; Flp. 4:6, 7.
7 Kpɔɖeŋu aɖewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble le dedienɔnɔ si sua ame siwo subɔa Yehowa si la ŋu eye míade dzesi dediemanɔmanɔ ƒe nɔnɔme si me ame siwo mesubɔnɛ o la le. Kpɔɖeŋu siawo akpe ɖe mía ŋu míalé ŋku ɖe míawo ŋutɔwo míaƒe nuŋububu kple nuwɔnawo ŋu ahakpɔe ɖa be ɖe wòahiã be míawɔ ɖe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo li hena mía ta kpɔkpɔ la, dzi geɖe wu mahã.—Yes. 30:21.
“Ekpɔtɔ Ʋɛ Nye Afɔ Da Kloe”
8. Tso blema ke la, nu kae wònɔna na Yehowa subɔlawo be woanɔ wɔwɔm?
8 Tso keke amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, ame siwo tiae be yewoaɖo to Yehowa ahasubɔe la ƒoa asa na hadede kplikplikpli kple ame siwo mesubɔnɛ o. Le nyateƒe me la, Yehowa na eme kɔ be adikã anɔ ye subɔlawo kple ame siwo dze Satana yome la dome. (1 Mose 3:15) Esi wònye be Mawu ƒe amewo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ agbe ɖe mawumegɔmeɖosewo nu ta la, woƒe nuwɔna toa vovo na ame siwo dome wole la tɔ. (Yoh. 17:15, 16; 1 Yoh. 2:15-17) Esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe na wo ɣesiaɣi o. Le nyateƒe me, ɣeaɖewoɣi la, Yehowa subɔlawo dometɔ aɖewo megava nɔ kakam ɖe edzi nenye be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbe si nɔm yewonɔ lae nye tiatia nyuitɔ o.
9. Ƒo nu tso nu siwo ŋu Psalmo 73 lia ŋlɔla va nɔ bubum la ŋu.
9 Yehowa subɔla aɖe si va nɔ ɖi kem nenye be yewɔ nyametsotso nyuiwo lae nye Psalmo 73 lia ŋlɔla, eye anɔ eme be Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖekae wònye. Hakpalaa di be yeanya nu si tae wòdzena zi geɖe be nu dzea edzi na ame vɔ̃ɖiwo, wokpɔa dzidzɔ, eye eme nyona na wo, evɔ ame siwo dzea agbagba be yewoasubɔ Mawu ya toa fukpekpe kple xaxawo me.—Mixlẽ Psalmo 73:1-13.
10. Nu ka tae nya siwo hakpalaa bia la le vevie na wò?
10 Ðe wòdzɔ kpɔ be wò hã èva nɔ nya siwo hakpalaa ŋlɔ ɖi la tɔgbi biam ɖokuiwòa? Ne nenemae la, mehiã be nàbu fɔ ɖokuiwò fũu akpa alo nànɔ susum be yegbɔdzɔ le xɔse me o. Le nyateƒe me la, Yehowa subɔla geɖe bia nya mawo wo ɖokuiwo kpɔ, eye ame siwo wòzã woŋlɔ Biblia la dometɔ aɖewo hã le wo dome. (Hiob 21:7-13; Ps. 37:1; Yer. 12:1; Xab. 1:1-4, 13) Le nyateƒe me la, ele be ame siwo katã subɔa Yehowa la nade ŋugble le nyabiase si gbɔna la ŋu vevie ahalɔ̃ ɖe eƒe ŋuɖoɖoa dzi: Mawu subɔsubɔ kple toɖoɖo eyama ye nye nu nyuitɔ kekeake si wòle be ame nawɔa? Biabia sia do ƒome kple nya si Satana fɔ ɖe te le Eden bɔa me. Eyae nye nya vevitɔ le nya si fɔ ɖe te ku ɖe Mawu ƒe dzedze be wòaɖu xexea me katã dzi ŋu la me. (1 Mose 3:4, 5) Eya ta anyo be mí katã míade ŋugble le nya siwo hakpalaa bia la ŋu. Ðe wòle be míaʋã ŋu ame vɔ̃ɖi adegbeƒola siwo wòdzena abe nu le edzi dzem na wo fuɖename aɖeke manɔmee ene la? Ðe wòle be míatrɔ ɖa le Yehowa yome adzudzɔ eyama subɔsubɔ ava nɔ agbe nɔm abe ame mawo enea? Le nyateƒe me la, nu ma tututue Satana adi be míawɔ.
11, 12. (a) Aleke hakpalaa wɔ te ŋu ɖu ɖikeke si nɔ eme la dzi, eye nu kawoe míesrɔ̃ tso eme? (b) Nu kae kpe ɖe wò hã ŋuwò nèƒo nya ta abe hakpalaa ene?
11 Nu kae kpe ɖe hakpalaa ŋu wòte ŋu ɖu ɖikeke si nɔ eme la dzi? Togbɔ be elɔ̃ ɖe edzi be ekpɔtɔ ʋɛ yedzudzɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ kloe hã la, eƒe nuŋububu va trɔ esime wòge ɖe “Mawu ƒe kɔkɔeƒe la”—si fia, esime wòyi ɖade ha kple hati tadeagulawo le Mawu ƒe avɔgbadɔa alo gbedoxɔ me hede ŋugble le Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu. Hakpalaa va kpɔe dze sii azɔ be yemedi be nu si adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi la nadzɔ ɖe ye dzi o. Ete ŋu kpɔe dze sii be woƒe agbenɔnɔ kple tiatia siwo wowɔna le agbe me la na wole “ɖiɖiƒe.” Hakpalaa de dzesii be ame siwo katã trɔ le Yehowa yome la ‘atsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me’ godoo, ke Yehowa akpɔ ame siwo subɔnɛ la ta. (Mixlẽ Psalmo 73:16-19, 27, 28.) Ðikeke mele eme o be èkpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Ame ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le agbe me Mawu ƒe sewo ŋu mabumabui ate ŋu adzro ame geɖe, gake womate ŋu asi le emetsonu gbegblẽawo nu gbeɖe o.—Gal. 6:7-9.
12 Nu bubu kae míegasrɔ̃ tso nu si me hakpalaa to me? Mawu ƒe amewo dome nɔnɔ na wòse le eɖokui me be yele dedie eye esia na wòdze nunya. Esi wòyi afi si wodea ta agu na Yehowa le la, eva te nuwo ŋu bubu nyuie. Nenema kee egbea hã, míexɔa aɖaŋuɖoɖo nyuiwo eye míeɖua gbɔgbɔmenu nyuiwo ne míede hamea ƒe kpekpewo. Eya ta susu nyuiwo tae Yehowa gblɔ na esubɔlawo be woanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem ɖo. Wodoa ŋusẽ wo le kpekpe siawo me eye wodea dzi ƒo na wo be woawɔ nu le nunya me.—Yes. 32:1, 2; Heb. 10:24, 25.
Tia Wò Zɔhɛwo Le Nunya Me
13-15. (a) Nu kae dzɔ ɖe Dina dzi, eye nu ka dzie esia ɖo kpee? (b) Nu ka tae hadede kple hati Kristotɔwo nye takpɔkpɔ na mí?
13 Ame aɖe si ɖo kuxi sesẽwo me le esi wònɔ ha dem kple xexea me tɔwo ta lae nye Yakob vinyɔnu Dina. Ŋutinya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la gblɔ na mí be elɔ̃a hadede kple Kanaan nyɔnuvi siwo le nuto si me eƒe ƒomea nɔ me. Kanaantɔwo menɔa agbe ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ siwo nu Yehowa subɔlawo nɔa agbe ɖo la nu o. Ke boŋ nu siwo ŋu tomenukulawo va ke ɖo la ɖee fia be Kanaantɔwo ƒe agbenɔnɔ na be woƒe anyigbaa dzi yɔ fũu kple trɔ̃subɔsubɔ, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ le tadedeagu me si nye ŋunyɔnu, kpakple ŋutasẽnuwɔwɔ. (2 Mose 23:23; 3 Mose 18:2-25; 5 Mose 18:9-12) Azɔ kpɔ nu si dzɔ ɖe Dina dzi le esi wònɔ ha dem kple dukɔ sia me tɔwo ta la ɖa le susu me.
14 Ðekakpui aɖe si nɔ nutoa me, si ŋkɔe nye Sixem, si ŋu wogblɔ le be ‘fofoa ƒemetɔwo bunɛ ŋutɔ la,’ kpɔ Dina “eye wòlée de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.” (1 Mose 34:1, 2, 19) Nublanuinya kae nye esi! Èsusu be ava susu me na Dina kpɔ be nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe ye dzia? Ðewohĩ ɖeko wònɔ didim be yeadze xɔlɔ̃ nutoa me sɔhɛwo, eye mesusui be woate ŋu awɔ nu vevi ye o. Ke hã, Dina ble eɖokui ŋutɔ.
15 Nufiame kawoe le nudzɔdzɔ sia me na mí? Míekpɔe be míate ŋu anɔ ha bɔm kple dzimaxɔsetɔwo ahasusu be nu vevi aɖeke mawɔ mí o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be “hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Kor. 15:33) Le go bubu me la, takpɔkpɔe wòanye na wò be nànɔ ha dem kple haxɔsetɔwo, ame siwo nɔa agbe ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu eye wolɔ̃ Yehowa abe wò ke ene. Hadede nyui siawo ƒomevi ade dzi ƒo na wò be nàwɔ nu le nunya me.—Lod. 13:20.
“Wole Tsi Na Mi Nyuie”
16. Nya kae apostolo Paulo gblɔ tso ame aɖewo siwo nɔ Korinto hamea me ŋu?
16 Kristo hamea kpe ɖe ame geɖe ŋu wokɔ wo ɖokuiwo ŋu tso agbenɔnɔ makɔmakɔwo me. Esi apostolo Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔa na Korinto hamea la, eƒo nu tso tɔtrɔ siwo Kristotɔ siwo nɔ afi ma la wɔ be woƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenuwo la ŋu. Wo dometɔ aɖewo nye matrewɔlawo, trɔ̃subɔlawo, ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, fiafitɔwo, ahamulawo, kple bubuawo tsã. Paulo gblɔ na wo be: “Ke wole tsi na mi nyuie.”—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11.
17. Alekee Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ na ame geɖewo ƒe agbenɔnɔ trɔe?
17 Gɔmeɖose siwo fiaa mɔ nyuitɔ ame mele ame siwo si xɔse mele o la si o. Woawo ŋutɔwo ɖoa agbenɔnɔ ƒe dzidzenu na wo ɖokuiwo, alo ate ŋu anye be ɖeko wodzea ame siwo dome wole ƒe agbe maɖɔʋu nɔnɔ yome, abe ale si blema Korintotɔ mawo nɔ ewɔm hafi va zu xɔsetɔwo ene. (Ef. 4:14) Gake ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ la ŋu be wòana ame siwo katã nɔa agbe ɖe Ŋɔŋlɔawo nu la ƒe agbenɔnɔ nanyo wu. (Kol. 3:5-10; Heb. 4:12) Ame siwo le Kristo hamea me egbea la dometɔ geɖe agblɔ na wò be, hafi yewoava srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo ŋu ahanɔ agbe ɖe wo nu la, ɖeko yewonɔa agbe abe ale si yewodii ene. Ke hã, woƒe dzi medze eme o, eye womenɔ dzidzɔ hã kpɔm o. Esi wova te hadede kple Mawu ƒe amewo hele agbe nɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu ko hafi woƒe dzi dze eme.
18. Nu ka mee sɔhɛ aɖe to, eye nu ka dzi esia ɖo kpee?
18 Gake ame siwo dzudzɔ hadede kple Kristo hamea si nye dedienɔƒe la ɣeyiɣi aɖewo va yi la dometɔ aɖewo le veve sem egbea ɖe afɔ ma si woɖe ta. Nɔvinyɔnu aɖe si míayɔ be Tania la gblɔ be, ‘ame siwo le nyateƒea me la domee yenɔ tso yeƒe ɖevime,’ gake esi wòxɔ ƒe 16 la, edzudzɔ hadede kple hamea. Egblɔ be, “Meti xexea ƒe nudzodzrowo yome.” Nu gbegblẽ siwo do tso eme nɛ la dometɔ aɖewoe nye be efɔ gbɔmeyafu eye wòɖe fu hã. Fifia egblɔ be: “Nu siwo me meto le ƒe etɔ̃ siwo metsɔ nɔ adzɔge tso hamea gbɔ me la de abi si nyemate ŋu aŋlɔ be gbeɖe o la nye seselelãme ŋu. Nane si gakpɔtɔ ɖea fu nam vevie ye nye be mewu vinye si ƒe fu nɔ ƒonye la. . . . Medi be magblɔ na sɔhɛ siwo katã dzrom wòle be ‘yewoaɖɔ’ xexea kpɔ vie ko gɔ̃ hã la be: ‘Migawɔe o!’ Ate ŋu avivi le gɔmedzedzea me, gake emegbe la, evena ale gbegbe. Nu nyui aɖeke mele xexea me o, negbe aɖukliɖuɖu sɔŋ. Mekpɔe dze sii, elabena meɖɔe kpɔ. Minɔ Yehowa ƒe habɔbɔa me! Mɔ sia dzi ko ame ate ŋu ato akpɔ dzidzɔ.”
19, 20. Nu kawo mee Kristo hamea kpɔa mía ta tso, eye alekee?
19 Wò ya bu ale si wò agbe anɔ ne èdzudzɔ hadede kple Kristo hamea si nye takpɔkpɔ na wò la ŋu kpɔ. Le ame geɖe gome la, ne woɖo ŋku tofloko ƒe agbe si ƒomevi wonɔ hafi va xɔ nyateƒea dzi la, womedina gɔ̃ hã be yewoabu nya ma ŋu o. (Yoh. 6:68, 69) Ne èdea ha kple nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu Kristotɔwo kplikplikpli la, esia akpɔ tawò tso fukpekpe kple xaxa siwo bɔ ɖe Satana ƒe xexea me la me. Hadede kple nɔviawo kple hamea ƒe kpekpewo dede edziedzi ana nànɔ ŋku ɖom nunya si le Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔ me la dzi eye ado ŋusẽ wò be nànɔ agbe nɔm ɖe wo nu. Susu geɖewo li siwo tae nàdi be ‘yeanyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le ameha gãwo dome,’ abe ale si hakpalaa wɔe ene.—Ps. 35:18.
20 Enye nyateƒe be le susu vovovowo ta la, Kristotɔwo katã toa nɔnɔme sesẽ, siwo me wòwɔna na wo be asesẽ be yewoayi edzi awɔ nuteƒe la me. Ðewohĩ nu si woahiã ɣemaɣi koe nye be ame aɖe nafia mɔ nyuitɔa wo. Nu kae wò ŋutɔ, kple hamea me tɔwo katã, miate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu le nɔnɔme siawo tɔgbi me? Nyati si kplɔe ɖo adzro ale si nàte ŋu ‘ayi edzi anɔ akɔ fam na nɔviwòwo ahanɔ wo tum ɖo’ la me.—1 Tes. 5:11.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nu kawoe míesrɔ̃ tso nu siwo me Psalmo 73 lia ŋlɔla to la me?
• Nufiame kawoe le nu si dzɔ ɖe Dina dzi la me na mí?
• Nu ka tae nàte ŋu anɔ dedie le Kristo hamea me?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Ƒu tsi le afi si nànɔ dedie le; nɔ hamea me!