INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 20
  • Dina Ge Ðe Xaxa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dina Ge Ðe Xaxa Me
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsri Hadede Vɔ̃!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • ‘Si Le Gbɔdɔdɔ Ƒe Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Nu’
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Ƒome Gã Aɖe Le Yakob Si
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Kpɔ Dedienɔnɔ Le Mawu Ƒe Amewo Dome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 20
Dina kple Sikem

ŊUTINYA 20

Dina Ge Ðe Xaxa Me

ÈKPƆ amesiwo gbɔ Dina yina la? Eyina nyɔnuvi, siwo le Kanaan-nyigba dzi la dometɔ aɖewo gbɔ. Ðe fofoa Yakob akpɔ dzidzɔ ɖe esia ŋutia? Be nàte ŋu aɖo nyabiabia sia ŋuti la, dze agbagba nàɖo ŋku alesi Abraham kple Isak wosusu le Kanaan-nyɔnuwo ŋu la dzi.

Kanaan nyigba dzi nyɔnuvi etɔ̃

Ðe Abraham di be ye vi Isak naɖe Kanaan-nyɔnuvi aɖe mahã? Ao, medi o. Ðe Isak kple Rebeka wodi be wo vi Yakob naɖe Kanaan-nyɔnuvi aɖe mahã? Ao, womedi o. Ènya nusitaea?

Elabena Kanaantɔ siawo dea ta agu na alakpamawuwo. Womenye ame ɖɔʋuwo be woadze xɔlɔ̃ wo vevie o. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be manyo Yakob ŋu be vianyɔnuvia nanɔ xɔlɔ̃ wɔm kple Kanaantɔwo ƒe nyɔnuvi siawo o.

Eva dzɔ vavã be Dina ge ɖe xaxa me. Èkpɔ Kanaan-ŋutsu ma, si le Dina kpɔm tututu le nɔnɔmetataa me la? Eŋkɔe nye Sixem. Gbeɖeka esi Dina ɖi tsa va la, Sixem lé Dina hezi edzi, eye wòdɔ kplii. Esia nye nu gbegblẽ, elabena ŋutsu kple nyɔnu, siwo nye srɔ̃tɔwo koe kpɔ mɔ adɔ wo nɔewo gbɔ. Nu baɖa sia, si Sixem wɔ ɖe Dina ŋuti la he afɔku bubuwo vɛ.

Esi Dina nɔviŋutsuwo se nusi dzɔ la, wodo dziku vevie ŋutɔ. Wo dometɔ eve, Simeon kple Lewi do dziku vevie ale gbegbe be wotsɔ yiwo, eye woge ɖe dua me hedze ŋutsuawo dzi le vo me. Wo kple wo nɔvi ŋutsuawo wu Sixem, kple ŋutsu bubuawo katã. Yakob do dziku le esi viaŋutsuawo wɔ nu vlo sia ta.

Nukae he afɔku siawo katã vɛ? Esi Dina dze xɔlɔ̃ amesiwo meɖoa to Mawu ƒe se o la tae. Ðe míadi be míadze xɔlɔ̃ mawo ƒomevia?

Mose I, 34:1-31.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe