INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/15 axa 15-19
  • ‘Yi Edzi Nànɔ Nu Vɔ̃ɖi Dzi Ðum’ To Dziku Dzi Ðuɖu Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Yi Edzi Nànɔ Nu Vɔ̃ɖi Dzi Ðum’ To Dziku Dzi Ðuɖu Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míele Xexe Si Me Dzikudodo Bɔ Ðo Me
  • Kpɔɖeŋu Nyuiawo Kple Gbegblẽawo
  • Ale Si Wòle Be Kristotɔ Nawɔ Nui
  • Nuwɔwɔ Ðe Amewo Katã Ŋu Tufafatɔe Ðea Vi Geɖe
  • ‘Ame Si Sea Nu Gɔme Nyuie La, Medoa Dziku Kabakaba O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzikudodo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mègana Dziku Nazu Nukikli Na Wò o
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Ɣesiaɣi be Woado Dzikua?
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/15 axa 15-19

‘Yi Edzi Nànɔ Nu Vɔ̃ɖi Dzi Ðum’ To Dziku Dzi Ðuɖu Me

‘Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke boŋ miyi edzi miatsɔ nu nyui la anɔ nu vɔ̃ɖi la dzi ɖum.’—ROM. 12:19, 21.

1, 2. Kpɔɖeŋu nyui kae Ðasefo aɖewo siwo nɔ mɔ zɔm la ɖo?

ESI Yehowa Ðasefo 34 aɖewo ɖo yameʋu yina alɔdzedɔwɔƒe aɖe ŋu kɔƒe la, eva hiã be woaɖɔ nane ɖo le yameʋua ŋu si wɔe be wotsi megbe. Gbã la, woyi ɖadze ɖe yameʋudzeƒe tsoabo aɖe be woade ami yameʋua me, eye wosusu be gaƒoƒo ɖeka aɖe koe esia axɔ. Ke hã, kuxi aɖe va do mo ɖa le yameʋua ŋu si wɔe be wotsi teƒe ma, si nuɖuɖu, tsi, kple nugododeƒe nyui aɖeke mele o la, gaƒoƒo 44 sɔŋ. Mɔzɔla geɖewo do dziku eye wodo ŋɔdzi na yameʋudzeƒea ƒe dɔwɔlawo. Gake mía nɔviawo ya lé wo ɖokuiwo kpoo.

2 Mlɔeba la, Ðasefoawo ɖo xɔŋukɔƒea hafi wowu wɔnaa ƒe akpa mamlɛa nu. Togbɔ be ɖeɖi te wo ŋu hã, esi wɔnaa wu enu la, wotsi afi ma sẽe hede ha kple nutoa me nɔviwo. Emegbe la, wova see be amewo de dzesi dzigbɔɖi kple ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu nyui si woɖo la. Mɔzɔlaawo dometɔ ɖeka gblɔ na yameʋu si woɖo la ƒe dɔwɔƒe be, “Ne menye Kristotɔ 34 siwo nɔ mɔa zɔm kpli mí ye o la, anye ne zi tɔ le yameʋudzeƒea.”

Míele Xexe Si Me Dzikudodo Bɔ Ðo Me

3, 4. (a) Alekee dzikudodo le nu gblẽm le ameƒomea ŋu, eye ɣeyiɣi didi kae nye esia? (b) Ðe Kain ate ŋu aɖu eƒe dzikua dzi hafia? Ðe eme.

3 Agbemekuxi siwo le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me ate ŋu awɔe be amewo nanɔ dziku dom. (Nyagb. 7:7) Zi geɖe la, dzikudodo sia hea fuléle kple ŋutasẽnuwɔwɔ vanɛ. Dukɔ tsia tsitre ɖe dukɔ ŋuti, dukɔ ɖeka me tɔwo wɔa aʋa kple wo nɔewo, eye ƒometɔwo dome masɔmasɔwo nana dzre dzɔna le aƒe geɖe me. Tso keke gbe aɖe gbe kee dzikudodo kple ŋutasẽnuwɔwɔ dze egɔme. Ŋuʋaʋã kple dziku ye wɔe be Kain, si nye Adam kple Xawa ƒe viŋutsu gbãtɔa, wu nɔvia Habel. Kain wɔ nu vɔ̃ɖi sia togbɔ be Yehowa xlɔ̃ nui be wòaɖu eƒe gbɔgbɔ dzi eye wòdo ŋugbe nɛ be yeayrae ne ewɔe nenema.—Mixlẽ 1 Mose 4:6-8.

4 Togbɔ be Kain nyi blibomademade ƒe dome hã la, ate ŋu atso nya me be yeaɖu yeƒe dziku dzi loo alo yeaɖe mɔ ɖe eŋu. Esia tae ŋutasẽnu si wòwɔ la ŋuti fɔbubu le eya ŋutɔ ƒe ta dzi ɖo. Nenema kee, blibomademade si ƒe dome míenyi la wɔnɛ be wòsesẽna na mí be míaƒo asa na dzikudodo kple nuwɔwɔ dzikutɔe. Eye kuxi sesẽ bubuwo hã nana nu gatena ɖe mía dzi geɖe wu le “ɣeyiɣi sesẽ” siawo me. (2 Tim. 3:1) Le kpɔɖeŋu me, gakuxiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãme dzi. Kpovitɔwo kple habɔbɔ siwo kpɔa ƒomenyawo gbɔ la gblɔ be ƒomedodo aɖe le ganyawo ƒe tɔtɔa kple amewo ƒe dzikudodo kpakple ŋutasẽnuwɔwɔwo le aƒe me ƒe dzidziɖedzi dome.

5, 6. Xexea me ƒe nukpɔsusu le dzikudodo ŋu kae ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

5 Gakpe ɖe eŋu la, ame geɖe siwo míedoa goe gbe sia gbe la nye “ɖokuilɔ̃lawo,” “ɖokuidoɖedzilawo,” kple “ame wɔadãwo” gɔ̃ hã. Ele bɔbɔe ŋutɔ be nɔnɔme gbegblẽ siawo naɖe ɖe mía ŋu eye woana míanɔ dziku dom. (2 Tim. 3:2-5) Le nyateƒe me la, sinimawo kple television dzi wɔnawo ɖea hlɔ̃biabia fiana abe nu nyui aɖe ene, eye woɖea ŋutasesẽ hã fiana abe nu si ŋu naneke megblẽ le o kple kuxiwo gbɔ kpɔnu si sɔ ene. Zi geɖe le television dzi wɔna siawo me la, wonana nukpɔlawo nɔa mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me nu gbegblẽ wɔlaa “akpɔ etɔnua”—eye ale si esia dzɔna zi geɖee nye be, wɔna la me ame vevitɔa va wunɛ ŋutasesẽtɔe.

6 Menye Mawu ƒe mɔwoe television dzi wɔna mawo dona ɖe ŋgɔ o, ke boŋ “xexea ƒe gbɔgbɔ” kple edziɖula si nye dzikutɔ, Satana, ƒe mɔwoe. (1 Kor. 2:12; Ef. 2:2; Nyaɖ. 12:12) Gbɔgbɔ ma doa kɔɖiɖi na ŋutilã madebliboa ƒe nudzodzrowo ɖe ŋgɔ, eye etsia tsitre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la kple eƒe kutsetse la ŋu le goawo katã me. Le nyateƒe me la, Kristotɔwo ƒe nufiafia vevi aɖee nye be, ne wodo dziku na mí la, míagawɔ wɔɖenui o. (Mixlẽ Mateo 5:39, 44, 45.) Ekema, alekee míate ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi geɖe wu?

Kpɔɖeŋu Nyuiawo Kple Gbegblẽawo

7. Esi Simeon kple Lewi meɖu woƒe dziku dzi o la, nu kae do tso eme?

7 Aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe dziku dzi ɖuɖu ŋu la sɔ gbɔ ɖe Biblia me fũu, eye kpɔɖeŋu siwo ku ɖe nu si dona tso eme ne ame aɖe ɖu eƒe dziku dzi alo meɖu edzi o la hã le eme. Bu nu si dzɔ esi Yakob viŋutsuwo, Simeon kple Lewi, bia hlɔ̃ Sixem le esi wògblẽ wo nɔvinyɔnu Dina sesẽe ta la ŋu kpɔ. “[Wobi] dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ.” (1 Mose 34:7) Eyome Yakob viŋutsu susɔeawo dze du si me Sixem tso la dzi, eye woha dua me nuwo heɖe aboyo nyɔnuwo kple ɖeviwo. Menye Dina ta ko wowɔ nu siawo katã ɖo o, ke boŋ anye le dada ta, alo esi wobui be woklo bubu le yewo ŋu hã tae. Wose le wo ɖokuiwo me be Sixem dze agɔ le yewo kple yewo fofo, Yakob, dzi. Gake aleke Yakob ya bu woƒe nuwɔnae?

8. Nu kae ŋutinya si ku ɖe Simeon kple Lewi ŋu ɖe fia ku ɖe hlɔ̃biabia ŋu?

8 Togbɔ be vɔ̃ si dzɔ ɖe Dina dzi la ate ɖe Yakob dzi vevie hã la, ebu fɔ viaŋutsuawo ɖe woƒe hlɔ̃biabia la ta. Ke Simeon kple Lewi ya dze agbagba kokoko be yewoaɖe yewo ɖokuiwo nu hegblɔ be: ‘Ðe ame aɖe kpɔ mɔ awɔ nu ɖe mía nɔvi ŋu abe gboloe wònye enea?’ (1 Mose 34:31) Gake nya la mese ɖe afi ma o, elabena nu si wowɔ la medze Yehowa ŋu o. Ƒe geɖe megbe la, Yakob gblɔ ɖi be, le Simeon kple Lewi ƒe ŋutasẽnuwɔnaa kple woƒe nuwɔwɔ dzikutɔe ta la, woakaka woƒe dzidzimeviwo ɖe Israel ƒe toawo dome. (Mixlẽ 1 Mose 49:5-7.) Vavãe, woƒe dziku si nu womelé o la wɔe be Mawu kple wo fofo siaa mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o.

9. Ɣekaɣie wòsusɔ vie ko David nawɔ nu dzikutɔe?

9 Menɔ alea le Fia David ya gome o. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo su esi be wòabia hlɔ̃ na eɖokui, ke hã, mewɔe o. (1 Sam. 24:4-8) Gake gbe ɖeka la, ekpɔtɔ vie wòwɔ nu dzikutɔe kloe. Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Nabal la da gbe ɖe David ƒe amewo gbɔ, togbɔ be wokpɔ Nabal ƒe alẽhawo kple eƒe alẽkplɔlawo ta hã. Ðewohĩ esi nu sia ve dɔme na David, vevietɔ ɖe eƒe amewo ta ta la, eɖoe be yeatu nu kplii ɖe eteƒe. Esi David kple eƒe amewo nɔ mɔ dzi yina Nabal kple eƒe aƒemetɔwo dzi dze ge la, ɖekakpui aɖe yi ɖagblɔ nu si dzɔ la na Abigail, Nabal srɔ̃ dzeaɖaŋu la, eye wòde dzi ƒo nɛ be wòawɔ nane tso eŋu. Enumake Abigail ƒo nunana gbogbo aɖewo nu ƒu eye wòtsɔe yi ɖakpe David le mɔa dzi. Eɖe kuku na David ɖokuibɔbɔtɔe ɖe Nabal ƒe amemabumabua ta, eye wògblɔ nya siwo ana Yehowa vɔvɔ̃ si le David me la naʋãe wòaɖe asi le nyaa ŋu. David nyɔ le eɖokui me, eye wògblɔ nɛ be: ‘Woakafu wò, ame si xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe o.’—1 Sam. 25:2-35.

Ale Si Wòle Be Kristotɔ Nawɔ Nui

10. Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ Kristotɔwo si ɖe hlɔ̃biabia ŋu?

10 Nu si dzɔ le Simeon kple Lewi gome kpakple ale si nuwo yii le David kple Abigail gome la ɖee fia kɔtɛ be Yehowa tsia tsitre ɖe nuwɔwɔ dzikutɔe kple ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu eye wòyrana ɖe agbagbadzedze be woawɔ ŋutifafa dzi. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me. Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ; elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.’ Ke boŋ ‘ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu; ne tsikɔ le ewum la, na nanee wòano; elabena ne èwɔ esia la, àlɔ dzoka xɔxɔwo akɔ ɖe eƒe ta dzi.’ Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.”—Rom. 12:18-21.a

11. Aleke nɔvinyɔnu aɖe srɔ̃ ale si wòaɖu eƒe dziku dzi?

11 Míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo ma dzi. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe fa konyi na hamemetsitsi aɖe tso ale si eƒe aƒenɔ si nye woƒe dɔmemegã yeyea wɔa nu ɖe eŋui la ŋu. Egblɔ be, ewɔa nu ameŋkumekpɔkpɔtɔe eye mekɔa dɔme ɖe ye ŋu o. Dzi kui ɖe eƒe aƒenɔa ŋu eye wòdi be yeaɖe asi le dɔa ŋu. Hamemetsitsia de dzi ƒo nɛ be wòagatsɔ dzitsitsi awɔ naneke o. Hamemetsitsia de dzesii be ale si nɔvinyɔnua wɔa nu dzikutɔe ne eƒe aƒenɔa wɔ nu manyomanyowo ɖe eŋu lae gagblẽ nyaa ɖe edzi. (Tito 3:1-3) Hamemetsitsia gblɔ nɛ be, nenye be eyi ɖadi dɔ bubu gɔ̃ hã la, anɔ nɛ kokoko be wòasrɔ̃ mɔ nyuitɔ si nu wòle be wòawɔ nu ɖo ne amewo wɔ nu ɖe eŋu ameŋumabumabutɔe. Eɖo aɖaŋu nɛ be wòawɔ nu ɖe eƒe aƒenɔa ŋu abe ale si eya ŋutɔ adi be woawɔ nu ɖe ye ŋui ene, abe ale si Yesu fia mí be míawɔe ene. (Mixlẽ Luka 6:31.) Nɔvinyɔnua lɔ̃ be yeatee kpɔ. Nu kae do tso eme? Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe aƒenɔa ƒe nɔnɔme va trɔ, eye wòdaa akpe nɛ gɔ̃ hã ɖe dɔ si wòwɔna ta.

12. Nu ka tae wòate ŋu ave mí vevie ne mía nɔvi Kristotɔ aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o?

12 Mewɔa nuku na mí ne kuxi siawo tɔgbi do mo ɖa le mía kple ame aɖe si menye Kristo hamea me tɔ o la dome o. Míenya be nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖe Satana ƒe nuɖoanyi sia me, eye ehiã be míaʋli be nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe nuwɔnawo nagado dziku na mí o. (Ps. 37:1-11; Nyagb. 8:12, 13; 12:13, 14) Ke hã, ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o la, ate ŋu ave mí vevie. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be, “Nu si gɔme sese sesẽ nam wu esime menɔ nyateƒea srɔ̃m lae nye be malɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe amewo mede blibo o.” Nyateƒee, xexe malɔ̃ame manyodɔme aɖe mee míedo le, eye míekpɔa mɔ be hamea me tɔwo katã nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu dɔmenyotɔe abe ale si wòdze Kristotɔwo ene. Eya ta ne hati Kristotɔ aɖe, vevietɔ ame aɖe si le agbanɔamedzinɔƒe le hamea me, wɔ nu ameŋumabumabutɔe alo wɔ nane si medze Kristotɔ o la, ate ŋu ate ɖe mía dzi vevie alo ana míado dziku. Ðewohĩ míabia be, ‘Aleke wɔ nu sia tɔgbi nadzɔ le Yehowa ƒe amewo dome?’ Le nyateƒe me la, nu mawo tɔgbi dzɔ le Kristotɔ amesiaminawo gɔ̃ hã dome le apostoloawo ŋɔli. (Gal. 2:11-14; 5:15; Yak. 3:14, 15) Aleke wòle be míawɔ nui ne womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o?

13. Nu ka tae wòle be míadze agbagba akpɔ mía kple mía nɔviwo dome masɔmasɔwo gbɔ, eye aleke míawɔe?

13 Nɔvinyɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe fifi laa la gblɔ be: “Nu si meva wɔnae nye be medoa gbe ɖa ɖe ame sia ame si wɔ nu wòvem la ta. Esiae kpena ɖe ŋunye.” Abe ale si míexlẽe va yi ene la, Yesu fia mí be míado gbe ɖa ɖe ame siwo le mía yome tim la ta. (Mat. 5:44) Ekema ɖe mele be míado gbe ɖa ɖe mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ta geɖe wu oa? Abe ale si ko vifofo dina be ye viwo nalɔ̃ wo nɔewoe ene la, nenema kee Yehowa hã dina be ƒomedodo nyui nanɔ ye subɔla siwo le anyigba dzi la dome. Míele mɔ kpɔm be míava nɔ anyi kple mía nɔewo le ŋutifafa kple dzidzɔ me tegbee, eye Yehowa le mía fiam egbea be míawɔe nenema. Edi be míawɔ nu aduadu kple mía nɔewo le dɔ gã si wòde mía si la wɔwɔ me. Eya ta mina míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ, alo kura gɔ̃ hã, ‘míaɖe kɔ ɖa’ le dzidadawo ŋu eye míayi ŋgɔ le ɖekawɔwɔ me. (Mixlẽ Lododowo 19:11.) Ne kuxi aɖe do mo ɖa le mía kple mía nɔvi aɖe dome la, le esi míaɖe mía ɖokui ɖe aga teƒe la, nu si wòle be míawɔ boŋue nye be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu be míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe amewo dome, be míanɔ dedie le Yehowa ƒe “abɔ mavɔwo” me.—5 Mose 33:27.

Nuwɔwɔ Ðe Amewo Katã Ŋu Tufafatɔe Ðea Vi Geɖe

14. Aleke míate ŋu atsi tsitre ɖe agbagba siwo dzem Satana le be yeade mama mía dome la ŋu?

14 Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo le agbagba dzem vevie be yewoagblẽ dzidzɔkpɔkpɔ si le ƒomewo kpakple hameawo me la dome ahato esia dzi axe mɔ na mí be míagakaka nya nyui la o. Wodzea agbagba be yewoade mama mía dome, elabena wonya be ne mama le mía dome la, agblẽ nu le mía ŋu. (Mat. 12:25) Esi míele agbagba dzem be míatsi tsitre ɖe woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia ŋu la, anyo be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: “Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ ele be wòafa tu na amewo katã.” (2 Tim. 2:24) Ðo ŋku edzi be ‘míele kame tem, menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo.’ Be míaɖu dzi le kametete sia me la, ehiã be míawɔ gbɔgbɔmeʋawɔnu siwo dome “ŋutifafa ƒe nya nyui la” hã le la ŋu dɔ.—Ef. 6:12-18.

15. Aleke wòle be míawɔ nui ne futɔwo dze mía dzi?

15 Yehowa ƒe futɔwo dzea eƒe amewo, siwo nye ŋutifafamewo la, dzi ŋɔdzitɔe. Futɔ siawo dometɔ aɖewo dzea Yehowa ƒe Ðasefowo dzi hewɔa nu vevi wo. Bubuwo gblẽa mía ŋu le nyadzɔdzɔgbalẽwo me alo le ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woakpɔ mɔ na esia. (Mat. 5:11, 12) Alekee wòle be míawɔ nu le nɔnɔme siawo me? Mele be míatsɔ ‘vɔ̃ aɖo vɔ̃ teƒe,’ le nyagbɔgblɔ me loo alo le nuwɔna me, gbeɖe o.—Rom. 12:17; mixlẽ 1 Petro 3:16.

16, 17. Tetekpɔ kae dze ŋgɔ míaƒe hame aɖe?

16 Nu ka kee Abosam ɖahe va mía dzi o, ne ‘míetsɔ nu nyui la le nu vɔ̃ɖi la dzi ɖum’ la, ate ŋu anye ɖaseɖiɖi nyui aɖe. Le kpɔɖeŋu me, hame aɖe si le Pacific ƒukpo aɖe dzi la haya akpata aɖe si me woɖoe be yewoawɔ Ŋkuɖodzia le. Esi subɔsubɔhakplɔla aɖewo see la, wogblɔ na woƒe hameviwo be woava ƒo ƒu ɖe akpata la me le ɣeyiɣi si nɔviawo ɖo be yewoawɔ Ŋkuɖodzia la dzi ne yewoawɔ sɔleme. Ke hã, kpovitɔwo ƒe amegã de se na subɔsubɔhakplɔlawo be woana akpataa ŋu navo na Ðasefoawo le ɣeyiɣi ma dzi. Gake esi ɣeyiɣia de la, sɔlemea me tɔwo yɔ akpataa taŋ eye wodze woƒe subɔsubɔwɔnaa gome.

17 Esime kpovitɔwo nɔ dzadzram ɖo be yewoanya wo le xɔa me la, sɔlemehaa ƒe ŋgɔnɔla te ɖe míaƒe hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka ŋu hebiae be: “Ðe wɔna tɔxɛ aɖe le mia si miele wɔwɔ ge fiẽ sia?” Nɔviŋutsua ƒo nu tso Ŋkuɖodzia ƒe wɔnaa ŋu nɛ, eye ŋutsua ɖo eŋu be: “Oo, nyemenya o ɖe!” Esi wògblɔ esia la, kpovitɔ ɖeka xɔ edzi gblɔ nɛ be: “Gake míegblɔe na wò ŋdi sia ɖe!” Ŋutsua gatrɔ ɖe hamemetsitsia ŋu eye wòte ayemenukoko hegblɔ be: “Ke nu ka wɔ ge miala fifia? Míaƒe hameviwo yɔ akpataa taŋ. Ðe miele nana ge kpovitɔwo nanya mí ado goea?” Ðe ŋutsua trɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu ayetɔe be yeana wòadze na amewo be Ðasefoawoe le yewo yome tim! Aleke mía nɔviawo awɔ nu le nɔnɔme sia me?

18. Alekee nɔviwo wɔ nui esi wodi nya le wo ŋu, eye nu kae do tso eme?

18 Ðasefoawo ɖe mɔ be sɔlemeha la me tɔwo nawɔ woƒe sɔlemea hena gaƒoƒo afã, eye esia megbe la, nɔviawo adze Ŋkuɖodziwɔnaa gɔme. Woƒe sɔlemea va gbɔ game dzi, gake esi wodo go le xɔa me mlɔeba la, nɔviawo wɔ Ŋkuɖodzia. Esi ŋu ke la, dumegãwo yɔ takpekpe aɖe be yewoaku nyaa gɔme. Esi dumegãwo de ŋugble tso nu siwo dzɔ ŋu vɔ la, wobia tso sɔlemehaa si be wòaɖe gbeƒãe be menye Ðasefoawo gbɔe kuxia tso o, ke boŋ sɔlemehaa ƒe ŋgɔnɔla la gbɔe wòtso. Dumegãwo da akpe na Yehowa Ðasefoawo ɖe ale si wokpɔ nɔnɔme sesẽ ma gbɔ le dzigbɔɖeanyi me ta. Nu nyuiwo do tso agbagba si Ðasefoawo dze be yewoanɔ “anyi kple amewo katã le ŋutifafa me” la me.

19. Nu ka hãe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ ƒomedodo nyui me kple amewo?

19 Nu vevi bubu aɖe si nana ame nɔa ŋutifafa me kple ame bubuwoe nye nya dzetowo gbɔgblɔ. Nyati si kplɔe ɖo adzro nu si nya dzetowo gbɔgblɔ fia kple ale si míamla mía ɖokuiwo be míanɔ nya siawo ƒomevi gblɔm la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a ‘Dzoka xɔxɔ’ si woyɔ le afi sia la he susu yi ale si wolóloa tomenu le blemae heɖea ga tso eme la dzi. Wodaa tomenua ɖe dzoka xɔxɔwo dzi hegakɔa dzoka xɔxɔ bubuwo ɖe edzi hetoa esia me lóloa tomenua hekena ɖe gaa ŋu. Nenema kee dɔmenyonyo na ame siwo wɔa nu ɖe mía ŋu ameŋumabumabutɔe ate ŋu ana woatrɔ woƒe nɔnɔme eye wòana woaɖe nɔnɔme nyuiwo afia.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu kawoe na be amewo doa dziku le xexea me egbea ŋutɔ?

• Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖe nu siwo dona tso eme ne ame ɖu eƒe dziku dzi alo meɖu edzi o la fia?

• Ne mía hati Kristotɔ aɖe wɔ nu wòve mí la, aleke wòle be míawɔ nui?

• Aleke wòle be míawɔ nui ne míaƒe futɔwo dze mía dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Simeon kple Lewi yi ɖawɔ nu dzikutɔe hafi trɔ gbɔ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe ate ŋu ana woƒe nɔnɔme natrɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe