Lɔlɔ̃ Na Wowɔ Ðeka—Habɔbɔa Ƒe Ƒe Sia Ƒe Takpekpe Me Nyatakakawo
DZI nɔ ame siwo va ƒo ƒu ɖe Yehowa Ðasefowo Ƒe Takpexɔ si le Jersey City, New Jersey, U.S.A. la dzɔm vevie. Ame siwo wu 5,000 ye va ƒo ƒu hena Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ Si Le Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe 125 lia, le October 3, 2009, dzi. Ame akpe geɖe bubuwo se takpekpea me nyawo hekpɔ wɔnawo hã to video kple telefonkadodo dzi le Betel-ƒe etɔ̃ siwo le United States (États-Unis) la kple Canada alɔdzedɔwɔƒea hã. Ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu la, ame 13,235 siwo ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa na wowɔ ɖeka la, se vivi le gaƒoƒo etɔ̃ ƒe takpekpe sia me.
Geoffrey Jackson, si nye Dziɖuha la me tɔ, ye nɔ zi me na wɔnawo. Ekpe hadziha si me tɔwo nye Betel ƒomea me tɔwo la wodzi hawo tso míaƒe hadzigbalẽ yeyea me tsɔ ʋu kpekpea nui. David Splane, si nye Dziɖuhaa me tɔ ye nɔ ŋgɔ na hadziha la. Eɖe akpa vevi si hadzidzi wɔna le tadedeagu dzadzɛa me la me kpuie. Wokpe vavalawo katã hã be woakpɔ gome le ha yeyeawo dometɔ etɔ̃ siwo wodzi le kpekpea me la me; hadziha la dzi wo gbã, eyome hadzihaa kpakple vavalawo katã dzi haawo ɖekae. Takpekpe tɔxɛ sia me koe wozã hadziha le; menye ɖe woɖoe be woanɔ ewɔm alea le hame ƒe kpekpewo, nutome suewo, alo nutome gã takpekpewo me o.
Nyatakaka Siwo Tso Alɔdzedɔwɔƒewo
Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo va takpekpea la ka nya ta tso alɔdzedɔwɔƒe atɔ̃ ŋu. Kenneth Little gblɔ be eteƒe madidi o, Canada ƒe alɔdzedɔwɔƒea anɔ United States kple Canada ƒe magazineawo akpa gãtɔ tam na wo, si awɔe be alɔdzedɔwɔƒe ma ava nɔ magazine agbɔsɔsɔme si tam wòle fifia la ƒe teƒe ewo tam. Be woaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, woƒle agbalẽtamɔ̃ yeye aɖe, eye ahiã be dɔwɔlawo ƒe hatsotso eve nanɔ dɔ wɔm ɖe wo nɔewo yome gbe sia gbe, eye hatsotsoa dometɔ ɖe sia ɖe awɔ dɔ gaƒoƒo enyi; ye katã anye gaƒoƒo 16 gbe ɖeka.
Reiner Thompson ka nya ta tso ale si Fiaɖuƒedɔa le edzi yim le Dominican Republic ŋu, eye Albert Olih ƒo nu tso ale si míaƒe dɔa le edzi yim le Nigeria ŋu. Emile Kritzinger, si tso Mozambique la gblɔ be, esi woti mía nɔviwo yome ƒe blananewo le dukɔ ma me megbe la, wova de Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkɔ agbalẽ me mlɔeba le ƒe 1992 me. Gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ le dukɔ etɔ̃ siawo katã me le ƒe ʋɛ siwo va yi me. Viv Mouritz, si tso alɔdzedɔwɔƒe si le Australia la, ƒo nu tso ale si dɔa le dzidzedze kpɔm le East Timor ŋu. Alɔdzedɔwɔƒe si le Australia ye kpɔa dɔa dzi le afi ma.
Dziɖuha La Ƒe Kɔmitiwo
Le ƒe 1976 me la, Dziɖuha la ƒe kɔmiti adeawo va te Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo katã dzi kpɔkpɔ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotia alẽ bubuawo me tɔ aɖewo be woanye woƒe kpeɖeŋutɔwo. Kpeɖeŋutɔ 23 ye le asi kpem ɖe woƒe dɔa ŋu fifia. Wobia gbe wo dometɔ ade. Ne wotsɔ ƒe siwo ame ade siawo tsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒo ƒui la, ele ƒe 341—si fia be, le mama dedie nu la, wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔ dɔ sia ƒe 57 sɔŋ.
Don Adams, si dze Betel subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe 1943 me la, ɖe nu me be Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo ƒe Kɔmiti la nye kɔmiti si me kɔmiti atɔ̃ bubuawo ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔlawo le, eye kɔmiti sia kpɔa egbɔ be kɔmiti atɔ̃ bubuawo katã wɔa dɔ le ɖekawɔwɔ me be nuwo nayi edzi nyuie. Kɔmiti sia ye kpɔa kuxi sesẽ siwo gbɔ wòle be woakpɔ kpata, yometitiwo, ʋɔnudrɔ̃nyawo, dzɔdzɔmefɔkuwo, kple nu bubu siwo lɔ Yehowa Ðasefowo ɖe eme siwo gbɔ wòle be woakpɔ enumake la gbɔ.
Dan Molchan ƒo nu tso dɔ si Dɔwɔlawo ƒe Kɔmiti la wɔna ŋu. Kɔmiti sia ye kpɔa Betel dɔwɔla 19,851 siwo le xexea me godoo la ƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilãme nuhiahiãwo gbɔ. David Sinclair ƒo nu tso ale si Agbalẽtata Kɔmitia kpɔa alɔdzedɔwɔƒewo ƒe nuzazãwo kple dɔwɔnuwo ƒeƒle ƒe nyawo gbɔe ŋu. Eyome, Robert Wallen, si le subɔsubɔm le Betel ƒe 60 kloe ye nye esia la ƒo nu tso ale si Subɔsubɔ Kɔmitia kpɔa dɔ si Yehowa ƒe amewo wɔna le gbeadzi kple hameawo me gbɔe la ŋu. William Malenfant ƒo nu tso ale si Nufiafia Kɔmitia wɔa dɔ sesĩe trɔa asi le nufiame siwo míexɔna le takpekpewo me ŋui la ŋu. Mlɔeba, John Wischuk ƒo nu tso ale si Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia kpɔa dɔ siwo katã wowɔna beléletɔe tsɔ trɔa asi le nya siwo adze le míaƒe agbalẽawo me ŋui la ŋu.a
Ƒe 2010 Ƒe Mawunyakpukpuia Te Gbe Ðe Lɔlɔ̃ Dzi
Dziɖuha la me tɔwoe ƒo nuƒo etɔ̃ siwo kplɔe ɖo. Gerrit Lösch dze eƒe nuƒoa gɔme kple biabia si nye, “Èdi be ame bubuwo nalɔ̃ yea?” Eɖe nu me be lɔlɔ̃ nye amegbetɔwo ƒe nuhiahiã vevi aɖe, eye mí katã míaƒe dzi dzea eme ne wolɔ̃ mí. Lɔlɔ̃ manɔmee la, anye ne míeli o, elabena ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃e ʋã Yehowa wòwɔ mí. Nu vevitɔ si ʋãa mí míeɖea gbeƒã hefiaa nu amewo ye nye lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa.
Menye mía haviwo koe wòle be míaɖe lɔlɔ̃ si mawumegɔmeɖose fiaa mɔe la afia o, ke ele be míaɖee afia míaƒe futɔwo hã. (Mat. 5:43-45) Wode dzi ƒo na nyaselawo be woade ŋugble le nu siwo me Yesu to le mía ta la ŋu—woƒoe, woɖu fewu le eŋu, woɖe ta ɖe eŋu, eye woƒo nu ɖee. Togbɔ be wowɔ nu siawo katã ɖe eŋu hã la, edo gbe ɖa ɖe asrafo siwo klãe la ta. Ðe esia meʋã mí be míalɔ̃e geɖe wu oa? Azɔ Nɔviŋutsu Lösch ɖe gbeƒãe be ƒe 2010 ƒe mawunyakpukpuia me nyawoe nye: ‘Lɔlɔ̃ doa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o,’ si wotu ɖe 1 Korintotɔwo 13:7, 8 dzi. Menye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ koe le mía si o, ke mɔnukpɔkpɔ asu mía si hã be míalɔ̃ amewo eye woawo hã nalɔ̃ mí yi ɖe mavɔmavɔ me.
Ðe Ami Le Vɔvɔm Le Wò Ʋua Mea?
Samuel Herd wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ dze eƒe nuƒoa gɔme. Tsɔe be xɔ̃wò aɖe kɔ wò ɖe ʋu me be miazɔ mɔ aɖe si didi kilometa 50. Ènɔ zikpui si le eƒe axadzi la me eye ède dzesii le ʋua ƒe nyatakakafiaƒe be ami le vɔvɔm le ʋua me. Ègblɔ na xɔ̃wòa be esusɔ vie ami navɔ le ʋua me. Eɖo eŋu na wò be mègatsi dzi o, ami lita ene gakpɔtɔ le ʋua me. Ke hã, eteƒe medidi o, amia vɔ le ʋua me keŋkeŋ. Gake ɖe nunya anɔ eme be miayi edzi anɔ ʋu si me ‘ami le vɔvɔm le’ la kum togbɔ be mienyae be miate ŋu atsi mɔ ta? Ðe manyo wu be miadze ami ade ʋua me wòayɔ oa! Abe ale si ko wòle vevie be woadze ami ade ʋua me wòayɔe ene la, nenema kee wòle be míawo hã míana Yehowa ŋuti sidzedze nayɔ mí fũu.
Eya ta ehiã be míade ami míaƒe ʋua me nyuie eye míanɔ edem eme edziedzi. Míate ŋu ato mɔ ene dzi awɔ esia. Gbãtɔe nye ɖokuisinusɔsrɔ̃. Ele be míanɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe be míanya emenyawo nyuie. Menye nyaawo xexlẽ koe nye nyaa o, ele be míase nu si xlẽm míele la gɔme. Eveliae nye be míawɔ míaƒe Ƒometadedeagu ƒe fiẽsi la ŋu dɔ nyuie. Ðe míedia ɣeyiɣi dzea ami dea míaƒe ʋua me kwasiɖa sia kwasiɖa wòyɔnaa, alo sue aɖe ko míedea emea? Mɔ etɔ̃liae nye hamea ƒe kpekpeawo katã dede kple gomekpɔkpɔ le wo me. Eneliae nye ŋugbledede le Yehowa ƒe mɔwo ŋu le ɖoɖoezizi kple tomefafa me. Psalmo 143:5 gblɔ be: “Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu.”
“Ame Dzɔdzɔewo Aklẽ”
John Barr ye ƒo nuƒo etɔ̃awo ƒe mamlɛtɔ. Le eƒe nuƒoa me la, eɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe lu kple gbe wuwluiawo ŋu la me. (Mat. 13:24-30, 38, 43) Kpɔɖeŋu ma ku ɖe “nuŋeɣi” aɖe si me woƒo “fiaɖuƒe la ƒe viwo” nu ƒu le eye woɖe gbe wuwluiawo ɖe vovo hetɔ dzo wo la ŋu.
Nɔviŋutsu Barr na eme kɔ be luawo nu ƒoƒo ƒu mayi edzi tegbee o. Ehe susu yi Mateo 24:34 si gblɔ be, “Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme,” la dzi. Exlẽ nya siwo gbɔna la zi eve sɔŋ be: “Edze ƒãa be nu si Yesu wɔnɛ ye nye be amesiamina siwo anɔ agbe akpɔ xaxa gã la ƒe gɔmedzedze la atso amesiamina siwo nɔ anyi esime nuwuɣia ƒe dzesia dze egɔme le ƒe 1914 me la ɖo, eye woƒe agbenɔƒewo ade nu wo nɔewo me.” Míenya ɣeyiɣi ƒe didime si tututu “dzidzime sia” axɔ ya o, gake elɔ ƒuƒoƒo eve siawo siwo dometɔ ɖeka va tso nɔvia ɖo la siaa ɖe eme. Togbɔ be amesiaminawo xɔ ƒe vovovo hã la, wo dometɔ siwo le ƒuƒoƒo eve siawo me, siwo nye dzidzime sia me tɔwo, la nɔ agbe le ɣeyiɣi ɖeka aɖe me le nuwuɣia me. Amesiamina yeyeawo, siwo va tso amesiamina tsitsi siwo kpɔ dzesia dze sii esime wòte emevava le ƒe 1914 me ɖo la, katã maku avɔ hafi xaxa gã la nadze egɔme o. Aleke gbegbe esia nyanya fa akɔ na míi enye esi!
“Fiaɖuƒe la ƒe viwo” le mɔ kpɔm na woƒe dziƒofetua vevie, gake ele be mí katã míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ahanɔ keklẽm nyuie va se ɖe nuwuwu. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mía si be míele ‘luawo’ nu ƒoƒo ƒu teƒe kpɔm le míaƒe ɣeyiɣi sia me!
Esi wodzi ha mamlɛtɔa vɔ la, Theodore Jaracz, si nye Dziɖuha la me tɔ la, va do gbe ɖa tsɔ ƒo wɔnaa tae. Aleke gbegbee ƒe sia ƒe ƒe takpekpe sia ƒe wɔnawo tu ame ɖoe nye esi!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ May 15, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 29, be nàkpɔ numeɖeɖe geɖe wu ku ɖe dɔ siwo Dziɖuhaa ƒe kɔmiti adeawo wɔna ŋu.
[Aɖaka si le axa 5]
HAMEMETSITSIWO ƑE SUKU
Le takpekpea me la, Anthony Morris, si nye Dziɖuhaa me tɔ la, ɖe gbeƒãe be woayi edzi anɔ hehe nam hamemetsitsiwo. Woɖo suku yeye aɖe anyi na hamemetsitsi siwo le United States la le habɔbɔa ƒe hehenaƒe si le Patterson, New York, eye suku sia dze egɔme le ƒe 2008 ƒe gɔmedzedze. Ðeko wowu sukua ƒe klass 72 lia nu teti koe nye ema, eye hamemetsitsi 6,720 de sukua xoxo. Ke hã, dɔ geɖe gali. Le United States ɖeɖe dzaa la, hamemetsitsi siwo wu 86,000 ye li. Eya ta Dziɖuha la da asi ɖe edzi be woawɔ suku sia le Brooklyn, New York, hã, eye woadze egɔme tso December 7, 2009, dzi.
Wowɔ ɖoɖo be woana hehe dzikpɔla mɔzɔla ene hena ɣleti eve le Patterson be woava zu nufialawo. Emegbe woaɖo dzikpɔla siawo ɖe Brooklyn be woaɖanɔ nu fiam le sukua me le afi ma, eye woagana hehe ame ene bubuwo. Emegbe ame ene siawo ayi aɖanɔ nu fiam le sukua me le Brooklyn, eye ame ene gbãtɔawo aɖanɔ nu fiam le sukua me le Takpexɔwo kple Fiaɖuƒe Akpatawo me. Woayi esia dzi va se ɖe esime woana hehe nufiala 12 be woanɔ nu fiam le suku ade me kwasiɖa sia kwasiɖa, le Eŋlisigbe me, le United States. Emegbe woana hehe nufiala ene bubuwo be woate ŋu afia nu le Spaingbe me. Suku sia maxɔ ɖe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si li fifia la teƒe o; taɖodzinua ye nye be woakpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woayi edzi anɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm. Alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godoo la adze sukua wɔwɔ gɔme le Takpexɔwo kple Fiaɖuƒe Akpatawo me le ƒe 2011 subɔsubɔƒea me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]
Wodzi ha siwo le míaƒe hadzigbalẽ yeye si nye, “Midzi Ha Na Yehowa,” me tsɔ ʋu takpekpea nui