Nu Ka Tae Wòle Be Míanye Gamedzinɔlawo?
GAMEDZINƆNƆ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Kplamatsedonu siwo dzi wòahiã be míaɖu hafi ate ŋu anɔ game dzi la dometɔ aɖewo ate ŋu anye mɔ legbewo zɔzɔ hafi aɖo teƒe si yim míele, ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ le mɔ dzi, kple nu geɖewo gbɔ kpɔkpɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Ke hã, gamedzinɔnɔ le vevie ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, le dɔwɔƒewo la, zi geɖe la, wobua ame si nɔa game dzi la be enye ame si dzi woate ŋu aka ɖo kple veviedola. Gake ne ame aɖe tsia megbe la, eƒe megbetsitsia ate ŋu agblẽ nu le ame bubuwo ƒe dɔ ŋu, eye wòana adzɔnuwo kple dɔ siwo dɔwɔlaawo wɔna la ƒe nyonyome dzi naɖe akpɔtɔ. Sukunusɔsrɔ̃ aɖewo ate ŋu ato sukuvi si tsia megbe la ŋu, eye wòahe eƒe ŋgɔyiyi le suku ɖe megbe. Ne ɖɔkta aɖe alo aɖudɔdala aɖe ɖo game na wò eye nètsi megbe la, esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si wòakpɔ gbɔwò la dzi.
Gake le teƒe aɖewo la, amewo mebua gamedzinɔnɔ nu vevii o. Ne míele teƒe siawo tɔgbi la, megbetsitsi ate ŋu azu numame na mí bɔbɔe. Ne aleae wòle le mía gome la, ke ele be míawo ŋutɔwo míadi vevie be míanye gamedzinɔlawo. Ne míekpɔ gamedzinɔnɔ ƒe vevienyenye dze sii la, akpe ɖe mía ŋu godoo be míanye gamedzinɔlawo. Susu siwo tae wòle be míanye gamedzinɔlawo la dometɔ aɖewo ɖe? Alekee míawɔ be míanye gamedzinɔlawo? Eye viɖe kawoe ate ŋu asu mía si ne míenɔa game dzi?
Yehowa Nye Mawu Si Nɔa Game Dzi
Susu vevitɔ si tae míedina be míanye gamedzinɔlawoe nye be, míedi be míasrɔ̃ Mawu si míedea ta agu na la. (Ef. 5:1) Yehowae ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le gamedzinɔnɔ me. Metsia megbe gbeɖe o. Ezɔna ɖe eƒe ɖoɖowɔɖi dzi pɛpɛpɛ le eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ xexe mavɔ̃mawu aɖe kple tsiɖɔɖɔ la, egblɔ na Noa be: “Tsɔ dzatiwo kpa aɖakaʋu na ɖokuiwò.” Esi xexe ma ƒe nuwuwu gogo la, Yehowa gblɔ na Noa be wòage aɖakaʋua me eye wògblɔ nɛ be: ‘Esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nu sia nu, si mewɔ ɖe anyigba dzi.’ Eye wòva me le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi pɛpɛpɛ, “le ŋkeke adreagbe bena, tsi dza ɖe anyigba la dzi.” (1 Mose 6:14; 7:4, 10) Kpɔ nu si ate ŋu dzɔ ɖe Noa kple eƒe ƒomea dzi ne ɖe womege ɖe aɖakaʋua me ɖe ɣeyiɣi dzi o la le susu me ɖa! Enɔ na wo be woanɔ game dzi abe ale si Mawu si wodea ta agu na la nɔa game dzi ene.
Ƒe 450 aɖewo le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Yehowa gblɔ na blemafofo Abraham be adzi ŋutsuvi aɖe si me Dzidzimevi si ŋugbe wodo la ado tso. (1 Mose 17:15-17) Mawu gblɔ be woadzi Isak “le ƒe, si gbɔna ƒe woalewoɣi.” Ðe nya sia va emea? Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be: “Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi.”—1 Mose 17:21; 21:2.
Kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me siwo ɖee fia be Mawu nye gamedzinɔla. (Yer. 25:11-13; Dan. 4:20-25; 9:25) Biblia gblɔ na mí be, míanɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe si gbɔna la si nu kpɔm. Ne edze abe “etsi megbe” le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu gɔ̃ hã la, woka ɖe edzi na mí be, “mahe ɖe megbe o.”—Xab. 2:3.
Gamedzinɔnɔ Le Vevie Le Tadedeagu Me
Wobia tso Israel ŋutsuwo katã si be woayi teƒe si wotia be woaɖu “Yehowa ƒe ŋkekenyuie, siwo [woyɔ] le woƒe azãgbewo dzi” la le, eye woanɔ game dzi. (3 Mose 23:1, 4) Mawu ɖo ɣeyiɣi si woasa vɔ aɖewo hã ɖi. (2 Mose 29:38, 39; 3 Mose 23:37, 38) Ðe esia meɖee fia be Mawu di be ye subɔlawo nanɔ game dzi le woƒe tadedeagu nɛ me oa?
Esime apostolo Paulo nɔ mɔfiame nam Korintotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me ku ɖe ale si wòle be woawɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewoe ŋu la, ede dzi ƒo na wo be: “Mina nuwo katã nanɔ ɖoɖo nu ale si dze.” (1 Kor. 14:40) Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, enɔ na wo be woadze Kristotɔwo ƒe kpekpewo gɔme le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi. Ale si Yehowa bua gamedzinɔnɔ la metrɔ o. (Mal. 3:6) Ekema, afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míade Kristotɔwo ƒe kpekpe siawo ɖe game dzi?
Ale Si Míawɔ Anye Gamedzinɔlawo
Ame aɖewo kpɔe be ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ kpena ɖe ame ŋu geɖe ŋutɔ. (Lod. 21:5) Le kpɔɖeŋu me, ne ahiã be míazɔ mɔ aɖo teƒe aɖe le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi la, ɖe nunya anɔ eme be míalala wòasusɔ ɣeyiɣi si tututu mɔzɔzɔa axɔ hafi míadzo le aƒe mea? Ðe manyo wu be míadzo kaba vie do ŋgɔ na ɣeyiɣi si mɔzɔzɔa axɔ, ale be, ne “nuɖiɖeame” aɖe va do mo ɖa le mɔa dzi gɔ̃ hã la, míate ŋu aɖo ɖe game dzi oa? (Nyagb. 9:11) Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye José, si nɔa game dzi la gblɔ be: “Nu si ate ŋu akpe ɖe ame sia ame ŋu be wòanɔ game dzi ye nye be wòanya ɣeyiɣi si mɔzɔzɔa axɔ.”a
Le ame aɖewo gome la, ɖewohĩ ahiã be woakpa le dɔ me kaba ale be woate ŋu aɖo Kristotɔwo ƒe kpekpewo hafi woadze wɔnawo gɔme. Nu siae Ðasefo aɖe si le Ethiopia la wɔ esi wòkpɔ be yeava nɔ megbe tsim miniti 45 na hamea ƒe kpekpewo le eƒe dɔwɔɣiwo ƒe tɔtrɔ ta. Ewɔ ɖoɖo kple eƒe dɔwɔhati aɖe be wòanɔ dɔ me vam kaba ava ɖɔ li ye le fiẽsi siwo wòdea kpekpewo. Eye Ðasefoa lɔ̃ be yeanɔ dɔ wɔm gaƒoƒo adre atsɔ akpe ye tɔ le ŋkeke bubu dzi atsɔ aɖo eteƒe na yeƒe dɔwɔhatia.
Ne ɖevi dzaawo le mía si la, menɔa bɔbɔe kura be míaɖo kpekpeawo ɖe game dzi o. Zi geɖe la, vidadaa ƒe ŋkumee wòkpɔna be wòadzra ɖo na ɖeviawo, ke hã, ƒomea me tɔ bubuwo ate ŋu akpe asi ɖe eŋu, eye ele be woawɔe hã. Vidada aɖe si nye Mexicotɔ, si ŋkɔe nye Esperanza, la ɖeka koe le vi enyi dzi kpɔm. Fifia ɖeviawo xɔ tso ƒe 5 va ɖo ƒe 23. Esperanza gblɔ nu si eƒe ƒomea wɔna hafi tea ŋu nɔa game dzi la ale: “Vinyenyɔnu tsitsiawo kpea asi ɖe ŋunye le dzadzraɖo na ɖevi sueawo me. Esia wɔnɛ be metea ŋu wua aƒemedɔwo nu hedzrana ɖo be míadzo le aƒe me le game si míeɖo be míadze mɔ na kpekpeawo la dzi.” Ƒome sia ɖo game aɖe koŋ ɖi si dzi woɖoe be yewoadzo le aƒe me, eye ame sia ame kpea asi ɖe dɔ ŋu be woanɔ game dzi.
Viɖe Siwo Míekpɔna Ne Míenɔa Game Dzi Le Míaƒe Tadedeagu Me
Ne míede ŋugble le yayra siwo Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɖe game dzi hena vanɛ ŋuti la, ate ŋu ado ŋusẽ didi si le mía me be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe anye gamedzinɔlawo la. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Sandra, si kpekpeawo dede kaba zu numame na la gblɔ be: “Nu si doa dzidzɔ nam le kpekpeawo yiyi kaba ŋue nye be, mɔnukpɔkpɔ sua asinye medoa gbe na nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, meɖoa dze kpli wo, eye medzea si wo nyuie wu.” Ne míeɖo Fiaɖuƒe Akpataa me do ŋgɔ na kpekpeawo gɔme dzedze la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be kpekpea vala bubuwo naɖo dze tso nu siwo me tom wole kple subɔsubɔdɔ si wɔm wole nuteƒewɔwɔtɔe ŋu na mí eye wòaɖe vi na mí. To míaƒe afi ma ɖoɖo kaba kple dze tuameɖowo ɖoɖo me la, míate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dzi, eye “míado ŋusẽ [wo] hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.”—Heb. 10:24, 25.
Hadzidzi kple gbedodoɖa si míetsɔ dzea Kristotɔwo ƒe kpekpe ɖe sia ɖe gɔme la nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe. (Ps. 149:1) Míaƒe hawo kafua Yehowa, woɖoa ŋku nɔnɔme siwo wòle be míatu ɖo la dzi na mí, eye wodea dzi ƒo na mí be míakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me dzidzɔtɔe. Ke gbe siwo wodona ɖa tsɔ dzea kpekpeawo gɔme ya ɖe? Le blema la, Yehowa yɔ eƒe tadeaguƒe la be “gbedoxɔ.” (Yes. 56:7) Egbea hã, míeƒoa ƒu doa gbe ɖa na Mawu le míaƒe kpekpewo me. Menye Yehowa ƒe mɔfiafia kple gbɔgbɔ kɔkɔe la koe wobiana le gbe siwo wodona ɖa tsɔ ʋua kpekpeawo nui la me o, ke gbedodoɖa siawo kpena ɖe mía ŋu míedzraa míaƒe susu kple dzi ɖo be míaxɔ nufiame siwo me dzro ge woala la ade eme. Ele be míaɖoe kplikpaa be míava ɖo míaƒe kpekpeawo hafi woadzi ha ado gbe ɖa.
Esi Helen si xɔ ƒe 23 nɔ nu ƒom tso susu si tae wòvaa kpekpeawo kaba ŋu la, egblɔ be: “Mekpɔe be esi wònye be Yehowae wɔ ɖoɖo ɖe nufiame siwo katã wonaa mí le kpekpeawo me, tsɔ kpe hadzidziawo kple gbedodoɖa hã, ŋu ta la, esia nye mɔ aɖe si dzi mato aɖee afia be melɔ̃ Yehowa.” Ðe manyo be nukpɔsusu ma ke nanɔ míawo hã si oa? Ɛ̃, nenemae wòle be wòanɔ. Eya ta mina míadze agbagba ana gamedzinɔnɔ nazu numame na mí le míaƒe dɔwɔnawo katã me, vevietɔ esiwo ku ɖe tadedeagu si míetsɔna naa Mawu vavã la ŋu me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Midze dzadzraɖo gɔme kaba
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Na ɣeyiɣi geɖe ɖokuiwò le esi ‘nuɖiɖeamewo’ ate ŋu adzɔ ta
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Na kpekpeawo vava kaba naɖe vi na wò