Nɔ Game Dzi Ɣesiaɣi
1. Kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo le gamedzinɔnɔ gome?
1 Yehowa nɔa game dzi ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, ekpena ɖe esubɔlawo ŋu ‘le hiahiãgbe.’ (Heb. 4:16) Enaa gbɔgbɔ me “nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” (Mat. 24:45) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be eƒe dzikudogbe si gbɔna la “mahe ɖe megbe o.” (Hab. 2:3) Aleke gbegbe Mawu ƒe gamedzinɔnɔ ɖea vi na míe nye esi! (Ps. 70:6) Gake esesẽna na mí amegbetɔ madeblibo siwo ŋu vovo menɔna o la be míanɔ game dzi. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ gamedzinɔnɔ?
2. Nu ka tae gamedzinɔnɔ hea kafukafu vɛ na Yehowa?
2 Ame akpa gãtɔ megatsia dzi ɖe gamedzinɔnɔ ŋu le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me ame geɖe nye ɖokuilɔ̃lawo kple ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o la me. (2 Tim. 3:1-3) Eya ta amewo dea dzesii ne Kristotɔwo wɔna ɖe game si woɖo na amewo dzi hedea dɔme kple kpekpewo ɖe game dzi, eye esia nyea kafukafu na Yehowa. (1 Pet. 2:12) Ðe míedea dɔme ɖe game dzi evɔ míetsia megbe na teokrasiwɔnawoa? Ne míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖe game dzi, si fia be míeva ɖona hafi wodzia ha doa gbe ɖa tsɔ dzea kpekpea gɔmee la, eɖenɛ fiana be míedi vevie be míasrɔ̃ mía Fofo si le dziƒo, si wɔa nuwo ɖe ɖoɖo nu.—1 Kor. 14:33, 40.
3. Nu ka tae gamedzinɔnɔ ɖenɛ fiana be míebua amewo ŋu?
3 Gamedzinɔnɔ ɖenɛ fiana hã be míebua amewo ŋu. (Flp. 2:3, 4) Le kpɔɖeŋu me, ne míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo, siwo dome kpekpe hena gbeadziyiyi hã le, ɖe game dzi la, mímaɖe fu na mía nɔviwo alo ahe woƒe susu madzemadzee o. Ke hã, ne megbetsitsi va zu numame na mí la, amewo abui be míebua míaƒe ɖoɖowɔɖiwo be wole vevie wu yewo tɔ. Gamedzinɔnɔ ɖenɛ fiana be míenye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, míedoa vevie nu, eye be woate ŋu aɖo ŋu ɖe mía ŋu. Esiawo nye nɔnɔme siwo ŋu amewo dea asixɔxɔe.
4. Ne míetsia megbe edziedzi la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ asitɔtrɔ?
4 Ne ètsia megbe edziedzi la, anyo be nàde ŋugble le nu si tae ŋu. Wɔ ɖoɖowɔɖi aɖe koŋ ɖe nu siwo nàwɔ ŋu be nàte ŋu awu wo nu ɖe ɣeyiɣi dzi. (Nyagb. 3:1; Flp. 1:10) Bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. (1 Yoh. 5:14) Gamedzinɔnɔ nye mɔ siwo dzi míato aɖee afia be míewɔna ɖe Se la me sedede gãtɔ eveawo dzi, si nye be míalɔ̃ Mawu ahalɔ̃ mía havi.—Mat. 22:37-39.