Metsi Megbe Akpa O
Le Málaga, le Spain ƒe anyiehe gome la, vidada aɖe kple vianyɔnu, siwo kple evea siaa woyɔna be Ana la xɔ nyɔnyrɔ le December 19, 2009 dzi. Wonɔ ame 2,352 siwo ɖe afɔ ma le ƒe 2009 me le Spain la dome. Gake nane ɖe dzesi ŋutɔ le vidada sia kple vianyɔnua ŋu—eyae nye woƒe ƒewo. Woxɔ ƒe 107 kple ƒe 83!
Nu kae ʋã wo woxɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi? Le ƒe 1970 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, aƒelika aɖe kpea Ana—vinyɔnua—be wòade Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe le Ðasefo aɖe ƒe aƒe me. Ana dea nusrɔ̃ƒea ɣeaɖewoɣi. Ke hã, Ana ƒe dɔwɔɖuia wɔe be mete ŋu wɔ ŋgɔyiyi aɖeke o.
Anɔ abe ƒe ewo ene megbe la, Ana vinyɔnu la ƒe vi aɖewo va te Biblia sɔsrɔ̃, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova zu Yehowa subɔlawo. Mlɔeba la, wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye, Mari Carmen, ganyɔ dadaa ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia me nyateƒea ŋu ake, eye wòkpe ɖe eŋu wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Esia megbe la, Mari Carmen mama, si nye Ana gãtɔ la hã va te ɖetsɔtsɔ le Biblia me nyawo me. Mlɔeba la, ƒomea me tɔ ewo va xɔ nyɔnyrɔ.
Le ŋkeke si dzi Ana eveawo xɔ nyɔnyrɔ la, wogli kple dzidzɔ. Ana si xɔ ƒe 107 la gblɔ be: “Yehowa nyo dɔme nam ŋutɔ be ena meva dzesii.” Ana vinyɔnua hã gblɔ be: “Hafi Paradisoa nava la, medi be masubɔ Yehowa eye mawɔ nye ŋutete katã le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me.”
Nu si doa dzidzɔ na ahosi eve siawo wue nye kpekpewo dede. Woƒe hamemetsitsiwo dometɔ aɖe gblɔ be: “Kpekpe aɖeke metoa wo ŋu o. Wonɔa klalo ɣesiaɣi be yewoaɖo nya ŋu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me.”
Woƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋua na míeɖo ŋku Hana si “medzona le gbedoxɔa me gbeɖe o, eye wòwɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe zã kple keli, le nutsitsidɔ kple kokoƒoƒowo me” la dzi. Esia na mɔnukpɔkpɔ su esi wòkpɔ Yesu ɖevi la. (Luka 2:36-38) Togbɔ be Hana xɔ ƒe 84 hã la, metsi akpa be mate ŋu asubɔ Yehowa o, eye nenema kee wòle le Ana siawo hã gome egbea.
Ðe wò ƒometɔ aɖewo li siwo dina be yewoaɖo to Biblia me gbedeasia? Alo ɖe nèke ɖe ame tsitsi aɖe ŋu, si ne èyi egbɔ le aƒe me la, elɔ̃na be yeaɖo to wòa? Ame siawo ate ŋu ava wɔ ŋgɔyiyi abe Ana siawo ke ene, elabena ame aɖeke metsi akpa be mate ŋu asubɔ Yehowa, Mawu vavã la o.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]
“Yehowa nyo dɔme nam ŋutɔ”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]
“Hafi Paradisoa nava la, medi be masubɔ Yehowa”