INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 12/1 axa 26
  • “Kɔkɔe, Kɔkɔe, Kɔkɔe Enye Yehowa”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Kɔkɔe, Kɔkɔe, Kɔkɔe Enye Yehowa”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Mawu Le Eƒe Gbedoxɔ Kɔkɔe la Me
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • ‘Kɔkɔe, Kɔkɔe, Kɔkɔe Nye Yehowa’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • “Nye Yehowa, Mia Mawu La, Mele Kɔkɔe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Minɔ Kɔkɔe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 12/1 axa 26

Te Ðe Mawu Ŋu

“Kɔkɔe, Kɔkɔe, Kɔkɔe Enye Yehowa”

NE ÀZÃ nya ɖeka atsɔ aɖɔ Yehowa Mawu ƒe amenyenye la, nya kae nàzã? Le ƒe alafa enyilia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la, nyagblɔɖila Yesaya kpɔ ŋutega aɖe si me wòse ale si gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowae. Eye nya si wotsɔ nɔ ekafum la he susu yi Eƒe amenyenye ƒe akpa vevi aɖe dzi. Eyae nye eƒe kɔkɔenyenye. Ele be nu si Yesaya kpɔ hese la nawɔ dɔ ɖe mía dzi míade bubu deto Yehowa ŋu, eye wòana míate ɖe eŋu. Esime míele Yesaya 6:1-3 me dzrom la, kpɔe ɖaa le susu me be yele eteƒe.

Nu kae Yesaya kpɔ? Egblɔ be: “Mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gã aɖe dzi.” (Kpukpui 1) Menye ɖe Yesaya nɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ŋutɔ kpɔm o. Amegbetɔ ƒe ŋku mate ŋu akpɔ gbɔgbɔwo o. Biblia gblɔe kɔtɛ be: “Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” (Yohanes 1:18) Ŋutegae Yesaya kpɔ.a Ke hã, ŋutegaa dze nu ŋutɔŋutɔ ale gbegbe be Yesaya ƒe nu ku, eye wòwɔ nɛ abe ɖe wònɔ Yehowa ŋutɔ kpɔm ene.

Nu si Yesaya kpɔ le ema yome la nye nu si ɖewohĩ amegbetɔ bubu aɖeke mekpɔ kpɔ le ŋutega me o. Eŋlɔ bena: “Serafiwo le [Yehowa tame]. Wo dometɔ ɖe sia ɖe to aʋala ade. Wotsɔ eve tsyɔ mo, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ eve dzona.” (Kpukpui 2) Serafiwo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo si ɖoƒe kɔkɔ ŋutɔ le. Yesaya koe nye Biblia ŋlɔla si ƒo nu tso wo ŋu. Serafiwo le tsitrenu le klalo ɣesiaɣi be yewoatso ɖe dɔ ŋu awɔ nu sia nu si Yehowa ɖo na yewo. Wotsɔ woƒe aʋalawo tsyɔ mo kple afɔ, si fia be wodea bubu deto Ame si mɔnukpɔkpɔ su wo si wole subɔsubɔm la ŋu hesinɛ ɖa.

Nu si Yesaya kpɔ kple nya si wòse la siaae wɔ dɔ ɖe edzi. Dziƒo ƒe hadziha aɖe si me tɔwo nye serafiwo la kɔ gbe dzi le ha dzim. Yesaya ŋlɔ bena: “Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot!’” (Kpukpui 3) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “kɔkɔe” la fia dzadzɛnyenye. Nya sia gafia hã be “nu vɔ̃ mele eŋu kura o, eye wòte ɖa xaa tso nu vɔ̃ gbɔ.” Edze abe serafiwo ƒe ha la nye haxe si wole dzidzim enuenu ene, eye ale si wole “kɔkɔe” gblɔm zi etɔ̃ la le gbe tem ɖe edzi be Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ƒo ɖe sia ɖe ta. (Nyaɖeɖefia 4:8) Esia fia be kɔkɔenyenye nye nɔnɔme aɖe si ɖe dzesi le Yehowa ƒe amenyenye ŋu. Yehowa le dzadzɛ hele kɔkɔe le go sia go me, eye fɔɖiɖi aɖeke mele eŋu o.

Esi míenya be Yehowa le kɔkɔe la, ele be esia naʋã mí míate ɖe eŋu geɖe wu. Nu ka tae? Yehowa mele abe dziɖula amegbetɔwo, siwo wɔa nu gbegblẽ hetafaa ame la ene o, eye nu vɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖeke kura mele eyama me o. Eya ta eƒe kɔkɔenyenyea nye kpeɖodzi be eya koe anye Fofo nyuitɔ na mí ɖaa, eye wònye Dziɖula dzɔdzɔe kple Ʋɔnudrɔ̃la si mekpɔa ame ŋkume o. Míeka ɖe edzi bliboe be Mawu, si ƒe kɔkɔenyenye ɖe dzesi alea gbegbe la, mana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí gbeɖe o.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le December me:

◼ Yesaya 1-23

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Agbalẽ si nye Insight on the Scriptures ɖe eme be: “Ne ame aɖe ƒe ŋutenɔɣi mee wòkpɔ ŋutega si tso Mawu gbɔ la, esusuna be nu si kpɔm yele la le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ. Emegbe aɖo ŋku nu si wòkpɔ la dzi ahaɖɔe alo aŋlɔe ɖi le ye ŋutɔ ƒe nyagbewo me.”—Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 26]

Esi míenya be Yehowa le kɔkɔe la, ele be esia naʋã mí míate ɖe eŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe