INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 12/1 axa 30-31
  • Wona Ŋkɔ Wo Be “Dziɖegbeviwo”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wona Ŋkɔ Wo Be “Dziɖegbeviwo”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèdina Be Yeanɔ Nɔƒe Gbãtɔ Ɣesiaɣia?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Srɔ̃ Nu Tso Yesu Nɔvi Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ame Siwo Ŋlɔ Nu Tso Yesu Ŋu
    Fia Nu Viwòwo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 12/1 axa 30-31

Fia Nu Viwòwo

Wona Ŋkɔ Wo Be “Dziɖegbeviwo”

NE TSI le dzadzam sesĩe, eye ya le ƒoƒom la, ɖewohĩ àse dziɖegbe ŋkɔ. Ðe esia na vɔvɔ̃ ɖo wò kpɔa?—a Enyo, Yesu na ŋkɔ eyomedzela eve be “Dziɖegbeviwo.” Na míakpɔ ɖa be míate ŋu anya nu si tae hã.

Yesu yomedzela eve mawoe nye Yakobo kple Yohanes. Nɔviwo wonye, eye wo fofo kple wo dadae nye Zebedeo kple Salome. Anɔ eme be Salome nɔvinyɔnue nye Yesu dada Maria. Eya ta anɔ eme be Yesu, Yakobo kple Yohanes wonye dagãdaɖiviwo, eye ɖewohĩ wonye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo tso woƒe ɖevime ke.

Zebedeo nye tɔƒodela, nenema kee nye Yakobo kple Yohanes hã. Yakobo kple Yohanes nɔ ame siwo Yesu tia gbã be woanye ye yomedzelawo la dome. Esi Yesu yɔ wo la, wodzudzɔ lãɖeɖedɔ si wɔm wonɔ la enumake hedze eyome. Emegbe Yesu tia eyomedzela 12 be woanye yeƒe apostolowo. Yakobo kple Yohanes hã nɔ wo dome.

Ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, wo kple eƒe apostolowo wonɔ mɔ zɔm to Samaria ƒe tonutowo me. Zã nɔ dodom, eye ɖeɖi te wo ŋu ŋutɔ. Gake Samariatɔwo gblɔ be yewomedi be Yesu kple eƒe apostolowo natsi yewoƒe dua me adɔ o. Ènya nu si taea?— Na míakpɔe ɖa.

Yesu kple eƒe apostolowo nye Yudatɔwo, eye Yudatɔ geɖe melɔ̃a Samariatɔwo ƒe nya o. Gake Yesu ya mele nenema o. Yesu wɔa nu ɖe Samariatɔwo ŋu dɔmenyotɔe, eye nenemae wòle be Yakobo kple Yohanes hã nawɔ nui hafi. Gake esi Samariatɔwo medi be yewoaxɔ wo o ta la, dzi ku nusrɔ̃la eve siawo, eye wobia Yesu be: “Èlɔ̃ bena, míagblɔ na dzo be wòage tso dziƒo ava tsrɔ̃ woa?” Aleke nèsusu be Yesu ɖo eŋui?— Egblɔ na wo be mesɔ kura be woagblɔ nya ma o! Ehiã be Yakobo kple Yohanes nasrɔ̃ ale si woakpɔ nublanui geɖe wu.

Kuxi gã bubu si nɔ Yakobo kple Yohanes ŋue nye be wodina be yewoaxɔ nɔƒe gbãtɔ, eye woabu yewo ame vevitɔwoe. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, wodɔ wo dada ɖe Yesu gbɔ be wòagblɔ nɛ bena: “Ðe gbe be vinyeŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka nabɔbɔ anɔ anyi ɖe wò ɖusi me, eye ɖeka ɖe wò mia me, le wò fiaɖuƒe la me.” Ke esi apostolo mamlɛawo se nu si Yakobo kple Yohanes wɔ la, wodo dziku. Ne wòe ɖe, àdo dzikua?—

Ðewohĩ àdo dziku. Ame siwo dina be yewoaxɔ nɔƒe gbãtɔ hedina be woabu yewo ame vevitɔwoe la ƒe nu medzɔa dzi na mí o. Emegbe Yakobo kple Yohanes de dzesii be nu si yewowɔ la mesɔ o, eye wònye ameŋumabumabu, eya ta wotrɔ dzi me. Wova zu apostolo lɔ̃ame siwo nyoa dɔme na ame. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?—

Nu si míate nu asrɔ̃ tso Yesu gbɔe nye be ele be míawo hã míanyo dɔme na mía nɔewo. Yesu nyo dɔme na amewo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo. Èle agbagba dze ge aɖo ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋu nyui sia dzi ɣesiaɣi ahasrɔ̃ea?—

Xlẽe le wò Biblia me

Marko 3:17

Mateo 27:55, 56; Marko 15:40, 41

Mateo 4:18-22

Yohanes 4:4-15, 21-26; Luka 9:51-55

Mateo 20:20-24; Marko 10:35-37, 41

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe