INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 1/1 axa 5-6
  • Abraham—Ame Si Si Xɔse Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Abraham—Ame Si Si Xɔse Le
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kae Nye Abraham?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yehowa Yɔ Abraham Be “Xɔ̃nye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Mawu Do Abraham Ƒe Xɔse Kpɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Abraham Kple Sara Ðo To Mawu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 1/1 axa 5-6

Abraham—Ame Si Si Xɔse Le

Abraham tɔ ɖe gota le fiẽ aɖe si yame kɔ nyuie. Esi wòfɔ ta dzi kpɔ ɣletivi siwo nɔ keklẽm la, nu bubu aɖeke meva susu me nɛ tsɔ wu ŋugbe si Mawu do nɛ be eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene o. (1 Mose 15:5) Ɣesiaɣi si Abraham kpɔ ɣletiviwo la, eɖoa ŋku ŋugbe si Yehowa do nɛ la dzi, eye wo kpɔkpɔ ganyea kpeɖodzi hã nɛ. Ne Yehowa te ŋu wɔ xexe gã sia kple emenuwo katã la, ɖe mate ŋu ana Abraham kple Sara nadzi vi oa? Xɔse ma tututue nɔ Abraham si.

NU KAE NYE XƆSE? Abe ale si Biblia gblɔe ene la, “xɔse” nye kakaɖedzi sẽŋu si nɔa ame si ɖe nu si womekpɔ o ŋu. Kpeɖodzi sẽŋue nana kakaɖedzi sia sua ame si. Ame si xɔ Mawu dzi se la ƒe ŋku nɔa Yehowa ƒe tameɖoɖowo me vava ŋu, eye kakaɖedzi sẽŋu aɖe nɔa esi abe ɖe wòva eme vɔ ene.

ALEKE ABRAHAM ÐE XƆSE FIAE? Abraham ɖee fia be yeka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi. Le xɔse me Abraham ʋu le wo de, eye wòka ɖe edzi be Yehowa awɔ ɖe ŋugbe si wòdo na ye be yeana teƒe bubu aɖe ye la dzi. Le xɔse me Abraham tsa le Kanaan-nyigba dzi, eye wòka ɖe edzi be yeƒe dzidzimeviwo anyi anyigba ma dome. Le xɔse me Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ ye via asa vɔe, eye wòka ɖe edzi be Yehowa agbɔ agbee ne ehiã.—Hebritɔwo 11:8, 9, 17-19.

Abraham ƒe ŋku nɔ nu siwo ava va la ŋu tsɔ wu nu siwo va yi. Togbɔ be nuwo de Abraham kple Sara dzi le wo de Ur wu Kanaan hã la, “womeyi edzi tsɔ susu ɖo du si me woʋu le la ŋu o.” (Hebritɔwo 11:15, Today’s English Version) Ke boŋ woƒe susu nɔ ale si Mawu ava yra woa kple woƒe dzidzimeviwo le etsɔme la ŋu.—Hebritɔwo 11:16.

Ðe xɔse sẽŋu si nɔ Abraham si la ɖe vi nɛa? Ɛ̃. Yehowa wɔ ŋugbe siwo katã wòdo nɛ la dzi. Abraham ƒe dzidzimeviwo dzi ɖe edzi va zu dukɔ si nye Israel. Emegbe Israel viwo va nɔ Kanaan-nyigba, anyigba si tututu ƒe ŋugbe Yehowa do na Abraham, la dzi.—Yosua 11:23.

NU KAE MÍESRƆ̃ TSO EME? Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa awɔ ŋugbe siwo katã wòdo la dzi. Ne ewɔ na mí be eƒe ŋugbedodo aɖewo mate ŋu ava eme o la, ele be kakaɖedzi nanɔ mía si be le “Mawu gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu.”—Mateo 19:26.

Abraham ƒe kpɔɖeŋua na míesrɔ̃e be mele be míaƒe susu nanɔ ale si nuwo nɔ va yi la ŋu o, ke boŋ wòanɔ ale si nuwo ava nɔ le etsɔme la ŋu. Esiae ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Jason la srɔ̃. Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe va dze Jason dzi si wɔe be eƒe lãme tu keŋkeŋ. Jason gblɔ be: “Le nyateƒe me la, mebua ale si nuwo nɔ nam va yi la ŋu ɣeaɖewoɣi.” Egblɔ hã be: “Nu suesue aɖewo siwo mewɔna tsãe gadzroam wu, abe asikpakpla kɔ na srɔ̃nye Amanda ene.”

Ke hã, xɔse sẽŋu aɖe le Jason si be Yehowa awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi; ŋugbedodo siawo dometɔ ɖekae nye be, míaƒe anyigba sia katã ava zu paradiso kpuie eye be nuteƒewɔlawo anɔ agbe tegbee le lãmesẽ blibo me.a (Psalmo 37:10, 11, 29; Yesaya 35:5, 6; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Jason gblɔ be: “Megblɔna na ɖokuinye be ɣeyiɣi nyuiwo le ŋgɔ gbɔna. Madidi o, nuteɖeamedzi, dzimaɖitsitsi, blanuiléle, kple fɔbuameɖokui siawo katã nu ava yi tegbee.” Xɔse sẽŋu ka gbegbee nye esi, abe Abraham tɔ ene!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi numeɖeɖe geɖe tso anyigba dzi paradiso si gbɔna ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3, 7, kple 8 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe