Dzi Nedzɔ Wò Le Mɔkpɔkpɔ Si Le Asiwò La Ta
“Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ƒe ŋugbe Mawu, ame si mate ŋu aka aʋatso o la, do hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze egɔme [la li].”—TITO 1:2.
NUMETOTO
Nu kae ɖee fia be wokpɔa dzidzɔ le dziƒo ne amesiamina aɖe wɔ nuteƒe va se ɖe ku me?
Aleke alẽ bubuawo ƒe mɔkpɔkpɔa me vava do ƒome kple amesiaminawo ƒe mɔkpɔkpɔa?
Be míaƒe mɔkpɔkpɔa nava eme na mí la, “agbenɔnɔ kɔkɔe” kple “dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le” kawoe wòle be woaɖe dzesi le mía ŋu?
1. Aleke mɔkpɔkpɔ si Yehowa na mí la kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi?
APOSTOLO Paulo gblɔ be, Yehowa nye “Mawu si naa mɔkpɔkpɔ.” Egblɔ kpee be, Yehowa ate ŋu ‘atsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã ayɔ mí fũu le esi míexɔe se ta, bene mɔkpɔkpɔ nasɔ gbɔ ɖe edzi na mí le gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.’ (Rom. 15:13) Ne mɔkpɔkpɔ yɔ mí fũu la, míate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si ava mía dzi me, míaƒe dzi ayɔ fũu kple dzidzɔ kpakple ŋutifafa. Nɔnɔme sesẽ siwo vaa mía dzi la le abe ahom ene. Míeɖanye amesiaminawo alo alẽ bubuawo o, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, míaƒe mɔkpɔkpɔa nɔna abe “seke ene na míaƒe luʋɔwo, eye wòli dedie heli ke.” (Heb. 6:18, 19) Ne míelé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe la, ‘míatra mɔ o.’ Míaƒe mɔkpɔkpɔa akpe ɖe mía ŋu míaƒe xɔse nasẽ eye míake ɖi aɖeke o.—Mixlẽ Hebritɔwo 2:1; 6:11.
2. Mɔkpɔkpɔ eve kawoe le Kristotɔwo si egbea, eye nu ka tae ‘alẽ bubuawo’ tsɔ ɖe le mɔkpɔkpɔ si le amesiaminawo si la me?
2 Kristotɔ siwo le agbe le nuwuɣi sia me la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe susu le mɔkpɔkpɔ eve siwo wotsɔ ɖo mía ŋkume la dometɔ ɖeka dzi. Mɔkpɔkpɔ le Kristotɔ amesiaminawo ƒe “alẽha sue” la me tɔ susɔeawo si be makumakunyenye asu yewo si le dziƒo eye yewoanye fiawo kple nunɔlawo kple Kristo le eƒe Fiaɖuƒe la me. (Luka 12:32; Nyaɖ. 5:9, 10) ‘Alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” si sɔ gbɔ wu kura la anɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi, abe Mesia Fiaɖuƒea te viwo ene. (Nyaɖ. 7:9, 10; Yoh. 10:16) Mele be alẽ bubuawo naŋlɔ be gbeɖe o be ne yewokpe ɖe Kristo ‘nɔvi’ amesiamina siwo gakpɔtɔ le anyigba dzi la ŋu veviedodotɔe ko hafi yewoate ŋu akpɔ ɖeɖe. (Mat. 25:34-40) Amesiaminawo axɔ woƒe teƒeɖoɖoa le dziƒo, gake kakaɖedzi li be alẽ bubuawo hã axɔ wo tɔ godoo. (Mixlẽ Hebritɔwo 11:39, 40.) Gake gbã la, na míadzro mɔkpɔkpɔ si wotsɔ ɖo amesiaminawo ŋkume la me.
KRISTOTƆ AMESIAMINAWO ƑE “MƆKPƆKPƆ GBAGBE” LA
3, 4. Aleke ‘wodzia’ Kristotɔ amesiaminawo “yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe,” eye mɔkpɔkpɔ kae nye ema?
3 Apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ eve na Kristotɔ amesiamina siwo wòyɔ be “ame tiatiawo.” (1 Pet. 1:1) Eɖe nu me tsitotsito ku ɖe mɔkpɔkpɔ wɔnuku si wotsɔ ɖo alẽ ha sue la ŋkume ŋu. Petro ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ gbãtɔa me be: “Woayra Mawu, ame si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, elabena le eƒe nublanuikpɔkpɔ gã me la, wodzi mí yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, hena domenyinu magblẽmagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o. Wodzrae ɖo ɖe dziƒo na mi, ame siwo ta kpɔm Mawu ƒe ŋusẽ la le to xɔse me, hena xɔxɔ si woaɖe ɖe go kpuie le ɣeyiɣi mamlɛa me. Miele aseye tsom le esia ta.”—1 Pet. 1:3-6.
4 Wogbugbɔ ‘dzi’ Kristotɔ ʋɛ siwo Yehowa tia be woawɔ ɖeka kple Kristo le Dziƒofiaɖuƒe dziɖuɖua me la “yeyee” abe Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo ene. Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo be woazu fiawo kple nunɔlawo kple Kristo. (Nyaɖ. 20:6) Petro gblɔ be esi ‘wodzi wo yeyee’ ta la, esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be “mɔkpɔkpɔ gbagbe,” si wòyɔ be “domenyinu magblẽmagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o,” si wodzra ɖo ɖi na wo “ɖe dziƒo” la nasu wo si. Eya ta mewɔ nuku o be amesiaminawo le “aseye tsom” le woƒe mɔkpɔkpɔa ta! Ke hã hafi mɔkpɔkpɔ sia nava eme na wo la, ele be woayi edzi awɔ nuteƒe.
5, 6. Nu ka tae wòle be Kristotɔ amesiaminawo nawɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be woali ke woƒe dziƒoyɔyɔ la sesĩe?
5 Le Petro ƒe lɛta evelia me la, ede dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo be ‘woawɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be woali ke wo yɔyɔ kple wo tiatia la sesĩe.’ (2 Pet. 1:10) Ele be woaʋli vevie be woatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo, abe xɔse, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu, nɔvilɔlɔ̃, kple lɔlɔ̃ ene ɖo. Petro gblɔ be: “Ne nu siawo le mia me, eye wogba go la, awɔe be mianye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo loo alo ame matsekuwo o.”—Mixlẽ 2 Petro 1:5-8.
6 Le gbedeasi si Kristo si wofɔ ɖe tsitre la ɖo ɖe hamemetsitsi amesiamina siwo nɔ Filadelfia hame si nɔ Asia Sue, le ƒe alafa gbãtɔ me la me la, egblɔ be: “Esi nèlé nye dzidodo ŋuti nya la me ɖe asi ta la, nye hã makpɔ tawò tso tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si ava anyigba dzi tɔwo katã dzi, be wòado ame siwo katã le anyigba dzi kpɔ, la me. Megbɔna kaba. Yi edzi nàlé nu si le asiwò la me ɖe asi goŋgoŋ, bene ame aɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.” (Nyaɖ. 3:10, 11) Ne Kristotɔ amesiamina aɖe mewɔ nuteƒe o la, maxɔ “ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ” si ŋugbe wodo na ame tiatia siwo alé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi va se ɖe ku me la o.—1 Pet. 5:4; Nyaɖ. 2:10.
GEGE ÐE FIAÐUƑE LA ME
7. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka dzie Yuda he susu yi le eƒe lɛtaa me?
7 Le ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo la, Yesu dadavi Yuda ŋlɔ agbalẽ aɖe na ehati Kristotɔ amesiaminawo. Egblɔ be wonye “ame siwo woyɔ.” (Yuda 1; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 3:1.) Gbã la, eɖoe be yeaŋlɔ agbalẽ na wo tso woƒe ŋutikɔkɔe ƒe xɔxɔmɔkpɔkpɔ la ŋu. Mɔkpɔkpɔ sia kee su Kristotɔ siwo “katã” woyɔ hena Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me yiyi la si. (Yuda 3) Ke hã ekpɔe be ehiã be yeaŋlɔ agbalẽ na wo tso nya vevi aɖewo siwo hiã kpata la ŋu boŋ; gake ehe susu yi mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le Kristotɔ amesiaminawo si la dzi le eƒe lɛta kpuia ƒe nuwuwu heŋlɔ be: “Ke ame si ate ŋu akpɔ mia ta be miagakli nu o, eye wòana mianye ame maƒoɖiwo le eƒe ŋutikɔkɔe la ŋkume le dzidzɔ gã me, Mawu ɖeka kolia, si nye mía Ðela to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, tɔ nanye ŋutikɔkɔe, gãnyenye, ŋusẽ gã kple dziɖuɖu hena ɣeyiɣi mavɔmavɔ siwo va yi, fifia, kple yi mavɔmavɔ me.”—Yuda 24, 25.
8. Le Yuda 24 ƒe nya nu la, nu kae ɖee fia be wokpɔa dzidzɔ le dziƒo ne amesiamina aɖe wɔ nuteƒe va se ɖe ku me?
8 Kakaɖedzitɔe la, Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒeawo dina be Mawu nakpɔ yewo dometɔ ɖe sia ɖe ta be wòagakli nu adze anyi ahayi ɖe tsɔtsrɔ̃ me o. Mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi si le wo sie nye be Yesu Kristo afɔ yewo tso ku me yewoazu gbɔgbɔmeme deblibowo, ale be yewoate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume kple dzidzɔ geɖe. Ne amesiamina aɖe wɔ nuteƒe va se ɖe ku me la, kakaɖedzi li be ‘woafɔe ɖe tsitre ahana gbɔgbɔŋutilãe’; woafɔe ɖe tsitre “le magblẽmagblẽ me . . . le ŋutikɔkɔe me.” (1 Kor. 15:42-44) Ne wokpɔa “dzidzɔ geɖe le dziƒo ɖe nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me” ta la, ke bu dzidzɔ si gbegbe woakpɔ le dziƒo ne Kristo nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la dometɔ ɖeka wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu kpɔ. (Luka 15:7) Yehowa kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒewo akpɔ dzidzɔ kple amesiamina si wofɔ ɖe tsitre, si le eƒe teƒeɖoɖoa xɔm le “dzidzɔ gã” aɖe me la.—Mixlẽ 1 Yohanes 3:2.
9. Aleke woana gege ɖe Fiaɖuƒe la me amesiamina wɔnuteƒewo “wòasɔ gbɔ fũu,” eye ŋusẽ kae mɔkpɔkpɔ sia kpɔna ɖe amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la dzi?
9 Abe Yuda ke ene la, Petro hã ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ amesiaminawo tso teƒeɖoɖo si woaxɔ ne woyi edzi wɔ nuteƒe la ŋu. Egblɔ na wo be: “Woana gege ɖe mía Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me mi wòasɔ gbɔ fũu.” (2 Pet. 1:10, 11, Eʋegbe Biblia) Esi Petro gblɔ be woana gege ɖe Fiaɖuƒe la me wo “wòasɔ gbɔ fũu” la, ate ŋu anye be nyateƒe si wònye be woayi dziƒo le ŋutikɔkɔe gã aɖe me lae wòwɔnɛ. Ðewohĩ enɔ nu susu hem yi yayra gbogbo siwo woaxɔ le dziƒo la hã dzi. Amesiaminawo ƒe dzi ayɔ fũu kple dzidzɔ kpakple akpedada ne woɖo ŋku woƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe dzi. Esi Kristotɔ amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la le mɔ kpɔm na nu siawo ta la, ɖikekemanɔmee la, esia doa ŋusẽ wo be ‘woadzra woƒe susuwo ɖo hena dɔ geɖe wɔwɔ.’—1 Pet. 1:13.
ALẼ BUBUAWO ƑE “MƆKPƆKPƆ”
10, 11. (a) Mɔkpɔkpɔ kae wona alẽ bubuawo? (b) Aleke anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa me vava do ƒome kple Kristo kpakple “Mawu ƒe viwo ƒe ɖeɖe fia la”?
10 Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na ‘Mawu ƒe vi’ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la tso woƒe ŋutikɔkɔe mɔkpɔkpɔ si nye be woazu Kristo ƒe “hati domenyilawo” la ŋu. Eyome eƒo nu tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku si Yehowa na alẽ bubuawo, siwo xexlẽme meli na o, la ŋu ale: “Nuwɔwɔ [siwo nye amegbetɔwo] la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le Mawu ƒe viwo [siwo nye amesiaminawo] ƒe ɖeɖe fia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe toflokonyenye te, menye to ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ le ame si bɔbɔe ɖe anyi la ta, hena mɔkpɔkpɔ, be woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la.”—Rom. 8:14-21.
11 Yehowa na mɔkpɔkpɔ amegbetɔwo esime wòdo ŋugbe be yeaɖe ameƒomea tso “da xoxo,” si nye Satana Abosam si me to ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wòdo la dzi. (Nyaɖ. 12:9; 1 Mose 3:15) Yesu Kristo ye nye ‘dzidzimevi’ ma ƒe akpa vevitɔ. (Gal. 3:16) To Yesu ƒe ku kple tsitretsitsia dzi la, mɔkpɔkpɔ su ameƒomea si azɔ be woava vo tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. Mɔkpɔkpɔ sia me vava do ƒome kple “Mawu ƒe viwo ƒe ɖeɖe fia.” Amesiamina siwo wodo ŋutikɔkɔe na lae nye ‘dzidzimevia’ ƒe akpa evelia. ‘Woaɖe wo afia’ ne wowɔ ɖeka kple Kristo le Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi la tsɔtsrɔ̃ me. (Nyaɖ. 2:26, 27) Esia ahe ɖeɖekpɔkpɔ avae na alẽ bubuawo, siwo atsi agbe le xaxa gã la me.—Nyaɖ. 7:9, 10, 14.
12. Yayra wɔnuku kawoe amesiaminawo ƒe ɖeɖe fia ahe avae na ameƒomea?
12 Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi “nuwɔwɔ” siwo nye amegbetɔwo akpɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me! Ɣemaɣi la, woagaɖe ‘Mawu ƒe vi’ siwo wodo ŋutikɔkɔe na la afia ake le mɔ bubu nu ne wole nunɔladɔ wɔm kpe ɖe Kristo ŋu be woawɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ŋu dɔ wòaɖe vi na ameƒomea. Abe Dziƒofiaɖuƒea te viwo ene la, woaɖe “nuwɔwɔ” siwo nye amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple ku me tsonuwo me. “Woaɖe” amegbetɔ toɖolawo “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me” vivivi. Ne woyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa le Ƒe Akpe Ðeka la katã me eye wowɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛ si ava le eƒe nuwuwu me la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe ‘agbegbalẽ’ la me tegbee. Woayi ɖe “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le” la me. (Nyaɖ. 20:7, 8, 11, 12) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖee nye esia vavã!
LÉ MƆKPƆKPƆ SI LE ASIWÒ LA ME ÐE ASI SESĨE
13. Nu kae na mɔkpɔkpɔ su mía si, eye ɣekaɣie woaɖe Kristo la afia?
13 Nya siwo le Petro ƒe lɛta eve siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ me la kpena ɖe amesiaminawo kple alẽ bubuawo ŋu be woalé mɔkpɔkpɔ si le wo si la me ɖe asi sesĩe. Eɖe eme be menye woawo ŋutɔwo ƒe dɔwɔwɔ ye na mɔkpɔkpɔ sia su wo si o, ke boŋ Yehowa ƒe amenuvevee. Eŋlɔ bena: “Minɔ mo xexi bliboe; mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve si woahe avae na mi le Yesu Kristo ƒe ɖeɖe fia me la dzi.” (1 Pet. 1:13) Woaɖe Kristo la afia ne eva be yeana teƒeɖoɖo ye yomedzela wɔnuteƒewo ahatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo.—Mixlẽ 2 Tesalonikatɔwo 1:6-10.
14, 15. (a) Be míate ŋu alé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe la, nu ka ŋue wòle be míaƒe susu katã nanɔ? (b) Aɖaŋu kae Petro ɖo?
14 Be míate ŋu alé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe la, ele be míaƒe susu katã nanɔ “Yehowa ƒe ŋkeke” si gbɔna la ŋu eye esia nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ katã dzi. Yehowa atsrɔ̃ fifi “dziƒowo,” si le tsitre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo, kple fifi “anyigba,” si le tsitre ɖi na ameƒome gblẽku la, kpakple “wo me nuawo” katã. Petro ŋlɔ bena: “Ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye . . . eye mialala, eye miaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu, esime woalólo dziƒowo le dzo me, eye wo me nuwo, siwo xɔ dzo gbãgbãgbã la, alólo!”—2 Pet. 3:10-12.
15 “Dziƒo yeye [Kristo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua] kple anyigba yeye [anyigba dzi ƒome yeye]” la axɔ ɖe fifi “dziƒowo” kple fifi “anyigba” la teƒe. (2 Pet. 3:13) Eyome Petro gblɔ nu si wòle be míawɔ be míayi edzi anɔ xexe yeye sia si ŋugbe wodo na mí la “lalam,” alo ana míaƒe susu nanɔ edzi la, eme kɔ nyuie ale: “Eya ta lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nu siawo lalam ta la, miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be wòakpɔ mi mlɔeba ɖimaƒomaƒoe kple mokaka manɔŋui le ŋutifafa me.”—2 Pet. 3:14.
ZƆZƆ LE ÐEKAWƆWƆ ME KPLE MÍAƑE MƆKPƆKPƆ LA
16, 17. (a) “Agbenɔnɔ kɔkɔe” kple “dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le” kawoe wòle be woaɖe dzesi le mía ŋu? (b) Nu kae wòle be míawɔ be míaƒe mɔkpɔkpɔa nava eme na mí?
16 Menye ɖeko wòle be míalé míaƒe mɔkpɔkpɔa me ɖe asi sesĩe ko evɔ o, ke ele be míanɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kplii hã. Ele be míanɔ ŋku lém ɖe ame siwo ƒomevi míenye le Mawu ŋkume la ŋu. “Agbenɔnɔ kɔkɔe” bia be ‘míana míaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome’ to nu si Mawu gblɔ be ele eteƒe la wɔwɔ me. (2 Pet. 3:11; 1 Pet. 2:12) Ele be ‘míalɔ̃ mía nɔewo.’ Esia bia hã be míawɔ nu siwo katã míate ŋui be míakpɔ ɖekawɔwɔ si le míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me kple esi le hame si me míele me la ta. (Yoh. 13:35) “Dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le” la nye nu siwo míewɔna be mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi la. Esia lɔ míaƒe gbedodoɖawo ƒe nyonyome, Biblia xexlẽ gbe sia gbe, ɖokuisinusɔsrɔ̃ deto wɔwɔ, ƒometadedeagu, kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la me veviedodotɔe siaa ɖe eme.—Mat. 24:14.
17 Mía dometɔ ɖe sia ɖe dina be yeanye ame si ŋu Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖo, ame si wòaɖe ne ‘wolólo’ fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia. Ne míenye ame siawo ƒomevi la, míaƒe mɔkpɔkpɔ si nye “agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ƒe ŋugbe Mawu, ame si mate ŋu aka aʋatso o la, do hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze egɔme” la ava eme na mí.—Tito 1:2.
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
‘Wodzia’ Kristotɔ amesiaminawo “yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe” aɖe
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Kpe ɖe wò ƒomea ŋu woalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe