INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 3/15 axa 25-29
  • Mèganɔ “Nu Siwo Le Megbe La Kpɔm” O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mèganɔ “Nu Siwo Le Megbe La Kpɔm” O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MÈGAGBLƆ BE TSÃ ŊKEKEWO NYO WU FIFITƆWO O
  • NU SIWO MÍETSƆ SA VƆE
  • NU GBÃDZINAME SIWO ME MÍETO VA YI
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Wò Ŋkuwo Nekpɔ Ŋgɔ Tẽe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Nu Kae Wòbia Be Ame Nadze Yesu Yome?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 3/15 axa 25-29

Mèganɔ “Nu Siwo Le Megbe La Kpɔm” O

“Ame si tsɔ eƒe asi da ɖe kodzi dzi, gake wògale nu siwo le megbe kpɔm la, medze na Mawu fiaɖuƒe la o.”—LUKA 9:62.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

Nu ka tae wòle be ‘míaɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi’?

Nu etɔ̃ kawo ŋue mele be míanɔ bubum o?

Aleke míate ŋu anɔ zɔzɔm le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa?

1. Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ, eye nyabiase kae fɔ ɖe te?

“MIÐO ŋku Lot srɔ̃ dzi.” (Luka 17:32) Nuxlɔ̃amenya sia si Yesu Kristo gblɔ ƒe 2,000 kloe nye esi va yi la le vevie egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Gake nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ nuxlɔ̃amenya vevi sia? Mehiã be woaɖe nya sia me na Yudatɔ siwo nɔ to ɖomee la o. Wonya nu si dzɔ ɖe Lot srɔ̃ dzi. Esi eya kple eƒe ƒomea wonɔ sisim tso Sodom la, etri to trɔ kpɔ megbe eye wòtrɔ zu dzekɔ.—Mixlẽ 1 Mose 19:17, 26.

2. Nu kae anya na be Lot srɔ̃ trɔ kpɔ megbe, eye nu kae do tso eƒe tomaɖomaɖoa me nɛ?

2 Gake nu ka tae Lot srɔ̃ trɔ kpɔ megbe? Ðe wòdi be yeakpɔ nu si nɔ dzɔdzɔma? Ðe wòanye be meka ɖe edzi be dua nɔ tsɔtsrɔ̃m ŋutɔŋutɔ oa, alo xɔsemanɔamesi ye na wòtrɔ kpɔ megbea? Alo ɖe wòdzroe boŋ be yeatrɔ ayi nu siwo yegblẽ ɖe megbe le Sodom dua me la gbɔa? (Luka 17:31) Susu ka ke tae wòtrɔ kpɔ megbe ɖo o, ebu eƒe agbe le eƒe tomaɖomaɖoa ta. Bu eŋu kpɔ ko! Eya hã ku gbe si gbe tututu wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora tɔ vɔ̃ɖiawo. Eya ta mewɔ nuku o be Yesu gblɔ be: “Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi”!

3. Aleke Yesu ɖee fia be masɔ be míanɔ nu siwo le megbe la kpɔm o?

3 Míawo hã míele agbe le ɣeyiɣi aɖe si me wòle vevie be míagatrɔ kpɔ megbe o la me. Yesu te gbe ɖe nya vevi sia dzi esime wòɖo nya ŋu na ŋutsu aɖe si bia be yeate ŋu ayi aɖaklã yeƒe ƒomea hafi ava zu eƒe nusrɔ̃la mahã. Yesu gblɔ be: “Ame si tsɔ eƒe asi da ɖe kodzi dzi, gake wògale nu siwo le megbe kpɔm la, medze na Mawu fiaɖuƒe la o.” (Luka 9:62) Ðe ale si Yesu ɖo nya ŋu na ŋutsua la nu sẽ akpa, alo ɖe mese nu gɔme nɛ oa? Ao, elabena enya be ɖeko ŋutsua tsɔ nya ma nɔ taflatsɛ dom be yeasi le nusrɔ̃lanyenye ƒe agbanɔamedzia nu. Yesu gblɔ be heheɖemegbe sia tɔgbi nye “nu siwo le megbe” la kpɔkpɔ. Ne ame aɖe le agble ŋlɔm la, ɖe wògblẽ be wòatrɔ anɔ nu siwo le emegbe la kpɔm alo aɖe asi le kodzia ŋu ada ɖi kura atrɔ megbe anɔ nu kpɔma? Nuwɔna siawo dometɔ ɖe sia ɖe ahe eƒe susu ɖa le nu si wòle be wòanɔ wɔwɔm la dzi, eye esia awɔe be mawɔ dɔa nyuie o.

4. Nu ka ŋue wòle be míaƒe susu nanɔ?

4 Le esi míanɔ nu siwo dzɔ va yi ŋu bum teƒe la, ele be míaƒe susu nanɔ nu siwo le ŋgɔ gbɔna la ŋu boŋ. Kpɔ ale si wogblɔ nya sia eme kɔ nyuie le Lododowo 4:25 ɖa; afi ma gblɔ be: “Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe, eye wò aɖabawo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò.”

5. Susu kawo tae mele be míatrɔ akpɔ nu siwo le megbe la o?

5 Susu nyui aɖe li si tae mele be míanɔ nu siwo le megbe kpɔm o. Eyae nye eka? Eyae nye be “ŋkeke mamlɛawo” mee míele. (2 Tim. 3:1) Fifia la, menye du vɔ̃ɖi eve aɖewo ko tsrɔ̃ ge wole o, ke boŋ xexemenuɖoanyi blibo aɖe tsrɔ̃ gee woala. Nu kae míawɔ be nu si dzɔ ɖe Lot srɔ̃ dzi la tɔgbi nagadzɔ ɖe mía dzi o? Gbã la, ele be míade dzesi nu siwo míegblẽ ɖe megbe, siwo ate ŋu adzro mí la. (2 Kor. 2:11) Ekema mina míadzro nu si nu siawo nye kple ale si míawɔ aƒo asa na wo ŋu bubu la me akpɔ.

MÈGAGBLƆ BE TSÃ ŊKEKEWO NYO WU FIFITƆWO O

6. Nu ka tae mele be míaɖo ŋu ɖe ale si míeɖoa ŋku tsã ŋkekewo dzii ŋu ɣesiaɣi o?

6 Nu siwo ate ŋu anye afɔku na mí la dometɔ ɖekae nye nukpɔsusu gbegblẽ si nye be tsã ŋkekewo nyo wu fifitɔwo. Míetea ŋu ɖoa ŋku ale si tututu nuwo dzɔ va yii la dzi nyuie ɣesiaɣi o. Ate ŋu adzɔ be míasusui be kuxi siwo me míeto va yi la nɔ ʋɛe eye míabui be míekpɔa dzidzɔ tsã wu fifia, eye wòawɔ na mí be ɣemaɣi la, nuwo de mía dzi sãsãsã wu. Ŋkuɖoɖo ŋkeke siwo va yi dzi alea evɔ wònye menye nenema tututue nuwo nɔ hafi o la ate ŋu awɔe be míava nɔ didim be nuwo naganɔ na mí abe tsã ene. Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mègagblɔ be, nu ka ta tsã ŋkekewo nyo wu fifitɔwo hã o, elabena mèle biabiam ɖe nunya me o.” (Nyagb. 7:10) Nu ka tae afɔku le nuŋububu alea me ŋutɔ?

7-9. (a) Nɔnɔme ka mee Israel viwo to le Egipte? (b) Nu kawo teƒee Israel viwo kpɔ siwo tae wokpɔ dzidzɔ ɖo? (d) Nu ka ŋue Israel viwo to nyatoƒoe heli liʋiliʋi le?

7 Bu nu si dzɔ ɖe Israel viwo dzi le Mose ŋɔli ŋu kpɔ. Togbɔ be le gɔmedzedzea me la, woxɔ Israel viwo nyuie le Egiptenyigba dzi hã la, le Yosef ƒe ku megbe la, Egiptetɔwo tsɔ “dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo.” (2 Mose 1:11) Emegbe la, Farao ɖo tame be yeana Mawu ƒe amewo nagasɔ gbɔ ɖe edzi o, eya ta ede se be woawu ŋutsuvi ɖe sia ɖe si Israel viwo adzi la. (2 Mose 1:15, 16, 22) Eya ta mewɔ nuku o be Yehowa gblɔ na Mose bena: “Mekpɔ ale si wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo tso yewo dzikpɔlawo si me la; ɛ̃, menya woƒe fukpekpewo.”—2 Mose 3:7.

8 Àte ŋu akpɔ dzidzɔ si gbegbe Israel viwo kpɔ esi woʋu tso anyigba si dzi wonye kluviwo le tsã la dzi hezu ablɔɖeviwo la le susu mea? Wokpɔ ale si Yehowa zã eƒe ŋusẽ nukutɔe esime wòhe Fukpekpe Ewoawo va Farao dadala la kple eƒe dukɔa dzii la teƒe. (Mixlẽ 2 Mose 6:1, 6, 7.) Mlɔeba la, Egiptetɔwo ɖe mɔ na Israel viwo be woadzo, le nyateƒe me la, menye ɖeko woɖe mɔ na wo ko o, ke woƒo du ɖe wo te be woadzo kaba, eye wona sika kple klosalo gbogbo aɖewo Mawu ƒe amewo ale gbegbe be woate ŋu agblɔ be “woha Egiptetɔwo.” (2 Mose 12:33-36) Israel viwo gakpɔ dzidzɔ wu esi wokpɔ eteƒe wotsrɔ̃ Farao kple eƒe aʋakɔwo le Ƒudzĩa me. (2 Mose 14:30, 31) Aleke gbegbe wòle be nudzɔdzɔ wɔnuku mawo teƒe kpɔkpɔ nado ŋusẽ woƒe xɔsee nye esi!

9 Gake esesẽ ŋutɔ be míaxɔe ase be esi Yehowa ɖe Israel viwo nukutɔe ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Israel vi siawo ke va nɔ nyatoƒoe tom henɔ liʋiliʋi lim. Le nu ka ŋu? Le nuɖuɖu ŋu! Womegava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe nu siwo Yehowa nɔ wo nam ŋu o, eye woto nyatoƒoe gblɔ be: “Míeɖo ŋku tɔmelã, siwo míeɖuna le Egipte dzodzro, kpakple adzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple gbegãdziwo dzi. Azɔ míaƒe veme ƒu; naneke mele afi sia o, negbe mana sia ko kpɔm míele.” (4 Mose 11:5, 6) Le nyateƒe me la, woƒe nukpɔsusu va tro ale gbegbe be wova di gɔ̃ hã be yewoatrɔ ayi anyigba si dzi wonye kluviwo le tsã la dzi! (4 Mose 14:2-4) Israel viwo trɔ kpɔ nu siwo wogblẽ ɖe megbe la, eye Yehowa megakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o.—4 Mose 11:10.

10. Nusɔsrɔ̃ kae le Israel viwo ƒe kpɔɖeŋua me na mí?

10 Nusɔsrɔ̃ kae le eme na mí egbea? Ne míedo go nya sesẽwo kple kuxiwo la, migana míanɔ susum be nuwo nyo na mí tsã wu fifia, ɖewohĩ do ŋgɔ na míaƒe nyateƒea xɔxɔ, o. Togbɔ be menye nu gbegblẽe wònye be míasrɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ ɖe mía dzi va yi la me alo abu dzidzɔɣi siwo me míeto va yi la ŋu o hã la, ele be míada asɔ eye míabu nu siwo dzɔ va yi la ŋu abe ale si tututu wonɔ ene. Ne menye nenema o la, míagava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe nu siwo le mía si fifia la ŋu kura o, eye míava nɔ didim be nuwo nanɔ na mí abe ale si wonɔ tsã ene.—Mixlẽ 2 Petro 2:20-22.

NU SIWO MÍETSƆ SA VƆE

11. Aleke ame aɖewo bua nu siwo wotsɔ sa vɔe va yi la?

11 Ewɔ nublanui ŋutɔ be ame aɖewo trɔna kpɔa nu siwo wotsɔ sa vɔe la eye wòvea wo be yewotsɔ nu mawo sa vɔe. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ su asiwò kpɔ be nàde suku ayi ŋgɔe, nàzu ame xɔŋkɔ, alo ga geɖe nasu asiwò, gake ètiae be yemati nu mawo yome o. Mía nɔvi geɖewo hã nɔ dɔ siwo hea ga geɖe vae na wo la wɔm tsã le asitsatsa, modzakaɖenuwo, nufiafia, alo kamedefefewo me, gake woɖe asi le nu siawo ŋu. Ke hã ɣeyiɣi geɖe va yi eye nuwuwua meva haɖe o. Ðe nènɔa ale si nɔnɔmea anya nɔ na wò ne ɖe mètsɔ nu mawo sa vɔe o la ŋu buma?

12. Aleke Paulo se le eɖokui me ku ɖe nu siwo wògblẽ ɖe megbe la ŋu?

12 Apostolo Paulo tsɔ nu geɖe sa vɔe heva zu Kristo yomedzela. (Flp. 3:4-6) Aleke wòse le eɖokui me ku ɖe nu siwo wògblẽ ɖe megbe la ŋu? Egblɔ na mí be: “Nu siwo nye viɖe nam tsã la, mebu nu siawo nu búbu le Kristo la ta.” Nu ka tae? Eyi edzi be: “Nyateƒee, le esia ta mebua nuwo katã hã be wonye nu búbu le nye Aƒetɔ Kristo Yesu ŋuti sidzedze ƒe asixɔxɔ, si nyo wu sãsãsã la ŋuti. Le eyama ta melɔ̃ nuwo katã zu nu búbu, eye mebua wo abe gbeɖuɖɔ dzro aɖe ko ene, bene Kristo nasu asinye.”a (Flp. 3:7, 8) Ne ame aɖe tsɔ gbeɖuɖɔ ƒu gbe la, meva nɔa nu xam ɖe eta emegbe o, nenema kee meve Paulo be yeɖe asi le mɔnukpɔkpɔ siwo su ye si le xexea me la ŋu o. Megade asixɔxɔ aɖeke wo ŋu o.

13, 14. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua?

13 Nu kae míawɔ ne míegava le mɔnukpɔkpɔ siwo ŋu míeɖe asi le tsã la ŋu bum? Ele be míasrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua. Aleke míawɔ esiae? De ŋugble le ale si gbegbe nu si le asiwò fifia la xɔ asii ŋu. Ƒomedodo xɔasi aɖe va le mia kple Yehowa dome eye enya wò be ènye nuteƒewɔla. (Heb. 6:10) Nu kae xexea ate ŋu ana mí si ƒe asixɔxɔ agogo nu siwo Yehowa na mí fifia kple esiwo wòava na mí le etsɔme la?—Mixlẽ Marko 10:28-30.

14 Eyome Paulo ƒo nu tso nu si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe la ŋu. Egblɔ be ‘meŋlɔ nu siwo le megbenye la be, eye mele nu siwo le ŋgɔnye la minyam.’ (Flp. 3:13) De dzesii be Paulo te gbe ɖe afɔɖeɖe eve, siwo dometɔ ɖe sia ɖe le vevie, la dzi. Gbã la, ele be míaŋlɔ nu siwo míegblẽ ɖe megbe la be, míaganɔ míaƒe ɣeyiɣi veviwo dome gblẽm ɖe nu mawo ŋu bubu ŋu ahanɔ dzi tsim ɖe wo ŋu o. Evelia, abe duƒula si va ɖo duɖimekeke ƒe nuwuwu ene la, ele be míaʋli vevie anɔ nu siwo le mía ŋgɔ la minyam.

15. Viɖe kawoe míakpɔ ne míedea ŋugble tso kpɔɖeŋu si Mawu subɔla wɔnuteƒewo ɖo ɖi la ŋu?

15 Ne míedea ŋugble le kpɔɖeŋu siwo Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li egbea ɖo ɖi ŋu la, ado ŋusẽ mí be míanɔ nu siwo le mía ŋgɔ la minyam, ke menye be míatrɔ anɔ nu siwo le megbe la kpɔm o. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖe Abraham kple Sara nɔ Ur ŋu bum la, “anye ne mɔnukpɔkpɔ su wo si wogbugbɔ yi.” (Heb. 11:13-15) Gake wometrɔ yi afi ma o. Esi Mose dzo le Egipte zi gbãtɔ la, nu siwo wògblẽ ɖe megbe la ƒo nu si Israel vi ɖe sia ɖe va gblẽ ɖi emegbe la ta sãsãsã. Ke hã nuŋlɔɖi aɖeke meli si ɖee fia be nu mawo gava nɔ edzrom o. Ke boŋ Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ na mí be “ebu ŋukpe si wodo Kristo la be enye kesinɔnu siwo ƒo Egipte ƒe nu xɔasiwo ta; elabena eƒe ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la ŋu tututu.”—Heb. 11:26.

NU GBÃDZINAME SIWO ME MÍETO VA YI

16. Aleke nu siwo me míeto va yi la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

16 Nu siwo me míeto va yi la dometɔ aɖewo anya gbã dzi na mí. Ðewohĩ nu vɔ̃ alo vodada siwo míewɔ va yi la ŋu bubu na míetsi dzimaɖi alo lé blanui. (Ps. 51:5) Dzi ate ŋu anɔ mía kum alo míanɔ nu xam le esi woka mo na mí va yi ta. (Heb. 12:11) Ðewohĩ míete ŋu dzudzɔ nu madzɔmadzɔ aɖe si wowɔ ɖe mía ŋu alo esi míesusu be wowɔ ɖe mía ŋu la ŋu bubu o. (Ps. 55:3) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ nu siwo me míeto va yi la ŋu bum madzudzɔmadzudzɔe o? Bu nɔnɔme etɔ̃ siwo gbɔna ŋu kpɔ.

17. (a) Nu ka tae Paulo gblɔ be yenye “ame si le sue wu ame kɔkɔewo katã ƒe suetɔ”? (b) Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu be meɖe mɔ seselelãme gbegblẽwo ɖe fu nɛ akpa o?

17 Vodada siwo míewɔ va yi. Apostolo Paulo gblɔ be yenye “ame si le sue wu ame kɔkɔewo katã ƒe suetɔ.” (Ef. 3:8) Nu ka tae wòse le eɖokui me nenema? Egblɔ be: “Elabena meti Mawu ƒe hame la yome.” (1 Kor. 15:9) Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe Paulo anya se vevee esime wòdo go ame aɖewo siwo yome wòti va yi la ŋkume kple ŋkume la le susu mea? Ke hã Paulo meɖe mɔ seselelãme mawo ɖe fu nɛ akpa o, ke boŋ eƒe susu katã nɔ amenuveve si woɖe fiae la ŋu. (1 Tim. 1:12-16) Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe esia ŋu ʋãe wòwɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Nu vɔ̃ siwo Paulo wɔ va yi la hã nɔ nu siwo wòɖo kplikpaa be yeaŋlɔ be la me. Ne míawo hã míaƒe susu le amenuveve si Yehowa ɖe fia mí la ŋu la, míaɖe mɔ be dzimaɖitsitsi akpa ɖe vodada siwo míewɔ va yi, siwo míate ŋu atrɔ o, ŋu naxɔ ŋusẽ le mía si o. Míate ŋu azã míaƒe ŋusẽ ɖe dɔ si wode mía si fifia la ŋu boŋ.

18. (a) Ne míeyi edzi le ale si woka mo na mí la ŋu bum la, nu kae ado tso eme? (b) Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋu si Salomo ɖo na mí be míaxɔ amehehe la dzi?

18 Mokaname. Ke ne míegakpɔtɔ le ale si woka mo na mí va yi la ŋu bum ya ɖe? Menye ɖeko esia ado nuxaxa na mí o, ke ana míanɔ dziku dom hã, eye ate ŋu awɔe be dzi naɖe le mía ƒo. (Heb. 12:5) Eɖanye be ɖe míegbe aɖaŋuɖoɖoa enumake alo míexɔe gbã gake dzi va ɖe le mía ƒo emegbe o, nu ɖeka ma koe—eyae nye be míeɖe mɔ ŋutɔŋutɔ be aɖaŋuɖoɖoa naɖe vi na mí o. Aleke gbegbe wòanyo wue nye esi be míawɔ ɖe Salomo ƒe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi be: “Lé amehehe ɖe asi sesĩe, megage le asiwò o, dzɔ eŋu, elabena wò agbee wònye.” (Lod. 4:13) Abe ʋukula aɖe si wɔna ɖe mɔfiadzesiwo dzi ene la, mina míaxɔ aɖaŋuɖoɖo, awɔ edzi, eye míayi ŋgɔgbe.—Lod. 4:26, 27; mixlẽ Hebritɔwo 12:12, 13.

19. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Xabakuk kple Yeremiya ƒe xɔse?

19 Nu madzɔmadzɔ—esi wowɔ ɖe mía ŋu alo esi míesusu be wowɔ ɖe mía ŋu. Míate ŋu ase le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi abe nyagblɔɖila Xabakuk ene; edo ɣli na Yehowa be wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe esi mese nu si tae Yehowa ɖe mɔ nu madzɔmadzɔ aɖewo nɔ edzi yim o ta. (Xab. 1:2, 3) Aleke gbegbe wòle vevie be míasrɔ̃ nyagblɔɖila ma si gblɔ be, “Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu” la ƒe xɔsee nye esi! (Xab. 3:18) Abe Yeremiya si nɔ anyi le blema ene la, ne míeyi edzi ‘kpɔ mɔ na’ Yehowa, dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la, le xɔse blibo me la, míate ŋu aka ɖe edzi be aɖɔ nuwo katã ɖo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.—Kony. 3:19-24.

20. Aleke míaɖee afia be ‘míeɖoa ŋku Lot srɔ̃ dzi’?

20 Míele agbe le ɣeyiɣi wɔdɔɖeamedzi aɖe me. Nu wɔnukuwo le dzɔdzɔm fifia eye geɖe gale ŋgɔ gbɔna. Neva eme be mía dometɔ ɖe sia ɖe nanɔ zɔzɔm le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa. Mina míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo si nye be míakpɔ ŋgɔ tẽe, ke menye be míanɔ nu siwo le megbe kpɔm o, la dzi. Ne míewɔ esia la, míaɖee afia be ‘míeɖoa ŋku Lot srɔ̃ dzi’!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Le gbe gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo me la, nya si gɔme woɖe le afi sia be “gbeɖuɖɔ” la gafiaa “nu si wotsɔ ƒu gbe na avuwo,” “nyimi,” alo “mĩ.” Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be Paulo zã nya siawo tsɔ ɖɔ “ale si ame aɖe naɖoe kplikpaa ate ɖa le numaɖinu kple ŋunyɔnu aɖe ŋu eye madi be yeagakpɔe kple ŋku kura o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe