INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • br1 11/15 axa 28-29
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ (Nyati bubuwo)—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ðo Hamemetsitsiwo’
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Woɖo Dzikpɔlawo Kple Subɔsubɔdɔwɔlawo Le Teokrasimɔ Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dzikpɔla Siwo Kplɔa Alẽha La
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Ðoɖo Si Nu Nuwo Le Le Kristo Hamea Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ (Nyati bubuwo)—2014
br1 11/15 axa 28-29

NYABIABIA SIWO TSO EXLẼLAWO GBƆ

Aleke woɖoa hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le hame ɖe sia ɖe me?

▪ Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la, apostolo Paulo gblɔ na hamemetsitsi siwo le Efeso hamea me be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la dzi nyuie, alẽha si dome gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi dzikpɔlawo le, bene miakplɔ Mawu ƒe hame, si wòtsɔ ye ŋutɔ Via ƒe ʋu ƒle la.” (Dɔw. 20:28) Akpa kae gbɔgbɔ kɔkɔea wɔna le hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ɖoɖo me egbea?

Gbã la, gbɔgbɔ kɔkɔea ye ʋã Biblia ŋlɔlawo woŋlɔ nudidi siwo gbɔ wòle be hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo naɖo la ɖi. Woƒo nu tso nudidi siwo gbɔ wòle be hamemetsitsiwo naɖo la dometɔ 16 ŋu le 1 Timoteo 3:1-7. Wogaƒo nu tso bubuwo ŋu le ŋɔŋlɔwo abe Tito 1:5-9 kple Yakobo 3:17, 18 ene me. Nudidi siwo gbɔ wòle be subɔsubɔdɔwɔlawo naɖo la dze le 1 Timoteo 3:8-10, 12, 13. Evelia, ame siwo kafua nɔviŋutsu siwo woaɖo kpakple ame siwo ɖoa wo la siaa ɖonɛ koŋ doa gbe ɖa be Yehowa ƒe gbɔgbɔa nafia mɔ yewo esime yewole eme dzrom kpɔ be nɔviŋutsua ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ va ɖo afi si sɔ hã. Etɔ̃lia, ele be ame si kafum wole la naɖee afia be yele Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ku tsem le yeƒe agbe me. (Gal. 5:22, 23) Eya ta Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔa akpa aɖe le nɔviwo ɖoɖo ƒe ɖoɖoa ƒe akpa sia akpa me.

Gake ame ka tututue ɖoa nɔviŋutsu siawo? Tsã la, wokafua ame sia ame si woaɖo hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔlae la ɖona ɖe alɔdzedɔwɔƒea. Le afi ma la, nɔviŋutsu siwo Dɔdzikpɔhaa ɖo la dzroa eme kpɔ be wodze hã hafi ɖoa wo. Eyome alɔdzedɔwɔƒea naa nyanya hamemetsitsiwo ƒe haa. Esia megbe la, hamemetsitsiawo hã nana nɔviŋutsuawo nyana be woɖo wo, eye wobiaa wo nenye be wodze nɛ eye woalɔ̃ faa axɔ agbanɔamedzia. Mlɔeba woɖea gbeƒãe na hamea.

Gake aleke woɖoa amewoe le ƒe alafa gbãtɔ me? Ɣeaɖewoɣi la, apostoloawoe tiana nɔviŋutsuwo hena dɔ tɔxɛ aɖewo wɔwɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye esi wotia ŋutsu adre be woakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖumama na ahosiwo ƒe dɔa gbɔ. (Dɔw. 6:1-6) Gake anɔ eme be nɔviŋutsu mawo nye hamemetsitsiwo xoxo hafi wova de dɔ sia asi na wo.

Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso ale si woɖoa nɔviŋutsuwoe ɣemaɣi ŋu tsitotsito o hã la, eɖe nanewo fia mí ku ɖe ale si wowɔnɛ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime Paulo kple Barnaba trɔ tso woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me gbɔna aƒe la, “woɖo hamemetsitsiwo . . . le hame ɖe sia ɖe me, eye esi wotsi nu dɔ do gbe ɖa la, wotsɔ wo de Yehowa, ame si dzi woxɔ se la, si me.” (Dɔw. 14:23) Ƒe aɖewo megbe la, Paulo gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe eƒe mɔzɔhati Tito me be: “Susu sia tae megblẽ wò ɖe Kreta ɖo, be nàɖɔ nu siwo gblẽ la ɖo, eye nàɖo hamemetsitsiwo tso du me yi du me, abe ale si mede se na wòe ene.” (Tito 1:5) Edze abe wode dɔ ma ke tɔgbi asi na Timoteo, si nɔ apostolo Paulo ŋu le eƒe mɔzɔzɔ geɖewo me la hã. (1 Tim. 5:22) Eya ta edze ƒãa be dzikpɔla mɔzɔlawoe ɖoa nɔviŋutsuwo agbanɔamedzinɔƒewo, ke menye apostolowo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem lae o.

Le Biblia me kpɔɖeŋu siawo ta la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa wɔ asitɔtrɔ le ale si woɖoa hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawoe ŋu. Tso September 1, 2014 dzi la, ɖoɖo si nu woɖoa nɔviŋutsuwoe nye esi: Nutome sue dzikpɔla ɖe sia ɖe dzroa nya siwo wogblɔ tsɔ kafu nɔviŋutsuwo le eƒe nutome suea me la me nyuie. Ne eva le hameawo srãm kpɔ la, adze agbagba be yeadze si ame siwo wokafu la, eye wòazɔ kpli wo le gbeadzi ne anya wɔ. Ne nutome sue dzikpɔlaa dzro nya siwo wogblɔ tsɔ kafu nɔviawoe la me kple hamemetsitsiwo ƒe haa vɔ la, agba le edzi azɔ be wòaɖo hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le nutome sue si subɔm wòle la ƒe hamewo me. Ewɔwɔ alea nana wònɔna abe ɖoɖo si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene.

Ame kawoe wɔa akpa vovovowo le ɖoɖo sia me? Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe agbanɔamedzie wònye be wòanyi aƒemesubɔviwo. (Mat. 24:45-47) Esia bia be woadzro Ŋɔŋlɔawo me le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me, eye woana mɔfiamewo ku ɖe ale si míawɔ Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe ɖoɖo siwo dzi wòle be woazɔ ɖo le xexea me godoo ƒe hamea me ŋui la ŋu dɔ. Kluvi nuteƒewɔla lae ɖoa nutome sue dzikpɔlawo kple Alɔdzekɔmiti me tɔwo katã. Eye alɔdzedɔwɔƒewo hã naa kpekpeɖeŋu si hiã ale be woate ŋu azɔ ɖe mɔfiame siwo woxɔ la dzi. Agba le hamemetsitsiwo ƒe ha ɖe sia ɖe dzi be woadzro eme kpɔ nyuie be nɔviŋutsu siwo kafum wole be woaɖo le Mawu ƒe hamea me la ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ hã. Agba gã aɖe le nutome sue dzikpɔla ɖe sia ɖe dzi be wòado gbe ɖa ahadzro eme kpɔ nyuie be nɔvi siwo hamemetsitsiwo kafu la dze hã hafi wòaɖo wo.

Ne ale si woɖoa nɔviŋutsuwoe me kɔ na mí la, ana míase akpa si gbɔgbɔ kɔkɔea wɔna le wo ɖoɖo me la gɔme nyuie wu. Esia ana míaka ɖe ame siwo woɖo le Kristo hamea me la dzi ahade bubu wo ŋu geɖe wu.—Heb. 13:7, 17.

[Aɖaka si le axa 29]

AME SIWO WƆA AKPA AÐE LE AMEWO ÐOÐO ME ƑE WƆƑEWO

DƆDZIKPƆHAA:

Enaa mɔfiamewo ku ɖe ale si míawɔ Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe ɖoɖo siwo dzi wòle be woazɔ ɖo le hamea me ŋui la ŋu dɔ. Eɖoa nutome sue dzikpɔlawo kple Alɔdzekɔmiti me tɔwo.

ALƆDZEDƆWƆƑEA:

Enaa kpekpeɖeŋu si hiã ale be woate ŋu awɔ Dɔdzikpɔhaa ƒe mɔfiamewo dzi.

HAMEMETSITSIWO ƑE HAA:

Wodzroa eme kpɔ nyuie be nɔviŋutsu siwo kafum yewole la ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ hã.

NUTOME SUE DZIKPƆLA:

Edoa gbe ɖa hedzroa nya siwo hamemetsitsiwo gblɔ tsɔ kafu nɔviawoe la me nyuie eye wòɖoa ame siwo dze.

NƆVIŊUTSU SIWO WOKAFU:

Ele be woatse gbɔgbɔ la ƒe kua eye woaɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiawo gbɔ.

Hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔla le eme dzrom kpɔ ɖa be nɔviŋutsu aɖe ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiawo gbɔ hã (Malawi)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe