INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w19 January axa 31
  • Dɔdzikpɔhaa Me Tɔ Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔdzikpɔhaa Me Tɔ Yeye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔdzikpɔha La Me Tɔ Yeye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Dziɖuha La me Tɔ Yeyewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Dziɖuha la me Tɔ Yeyewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Dɔdzikpɔha Me Tɔ Yeye Eve
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
w19 January axa 31
Kenneth kple Jamie Cook

Nɔviŋutsu Kenneth E. Cook, Jr., kple srɔ̃a, Jamie

Dɔdzikpɔhaa Me Tɔ Yeye

LE Kuɖagbe ŋdi, January 24, 2018, dzi la, woɖe gbeƒã tɔxɛ aɖe na Amerika kple Canada Betel-ƒomea me tɔwo eye wokpɔ dzidzɔ geɖe; gbeƒãɖeɖeae nye be: Woda asi ɖe Nɔviŋutsu Kenneth Cook, Jr., dzi be wòanye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ.

Wodzi Nɔviŋutsu Cook le Pennsylvania, le Amerika. Esime wòsusɔ vie wòado le sekɛndrisuku (alo lycée) la, eƒe sukuhati aɖe srɔ̃ Biblia kplii, eye exɔ nyɔnyrɔ le June 7, 1980 dzi. Edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le September 1, 1982 dzi tsɔ dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Ƒe eve megbe la, wobia tso esi be wòayi aɖawɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒe si le Wallkill, New York, tso October 12, 1984 dzi.

Le ƒe 25 siwo kplɔe ɖo me la, Nɔviŋutsu Cook wɔ dɔ vovovowo le Agbalẽtaƒea kple Betel Dɔdzikpɔƒea. Eɖe srɔ̃a, Jamie, le ƒe 1996 me, eye srɔ̃a wɔ ɖeka kplii le Betel subɔsubɔdɔa me le Wallkill. Le December 2009 me la, woɖe Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Cook yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe le Patterson, le New York, afi si wobia tso Nɔviŋutsu Cook si le be wòawɔ dɔ le Agbalẽŋɔŋlɔ Dɔwɔƒea. Wona wogbugbɔ trɔ yi dɔwɔƒe si le Wallkill hena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye le April 2016 me la, wobia tso woa kple srɔ̃a si be woayi aɖawɔ dɔ le Brooklyn, le New York. Le ɣleti atɔ̃ megbe la, woʋu yi habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Warwick, le New York. Le January 2017 me la, woda asi ɖe Nɔviŋutsu Cook dzi be wòanye Dɔdzikpɔhaa ƒe Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia ƒe kpeɖeŋutɔ.

Fifia, nɔviŋutsu enyi siwo nye amesiaminawoe le Dɔdzikpɔhaa me:

K. E. Cook, Jr.; S. F. Herd; G. W. Jackson; M. S. Lett; G. Lösch; A. Morris III; D. M. Sanderson; D. H. Splane

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe