Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Wobu Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe dzidziɖedzi ɖedzesiwo le November me le dukɔ siwo gbɔna me afisiwo dziɖuɖua ɖe mɔ ɖe míaƒe dɔa ŋu le nyitsɔ laa sia:
Albania: Gbeƒãɖela 99 wɔ Biblia nusɔsrɔ̃ 210.
Baltic Dukɔwo: Dukɔ siawo bu woƒe gbeƒãɖelawo katã ƒe ƒuƒoƒo ƒe akɔnta si nye ame 2,1966 kple Biblia nusɔsrɔ̃ 4,632 ƒe akɔnta.
Bulgaria: Woƒe gbeƒãɖela 296 bu Biblia nusɔsrɔ̃ 657 ƒe akɔnta.
Nyatakaka dodzidzɔname geɖe hã tso Afrika.
Central African Republic: Wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 1,600 le October me, eye wobu aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 2,966 ƒe akɔnta.
Chad: Woƒe gbeƒãɖelawo nye 345 le October me, woƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ade siwo wowɔ valawo ƒe xexlẽmee nye ame 654.
Rwanda: Le November me la, woƒe gbeƒãɖela 1,762 bu aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 6,270 ƒe akɔnta.
Akɔntabubu siawo nye ɖaseɖiɖi si dze ƒã be Yehowa na eƒe ŋugbedodo be yeado tsɔtsɔe nuƒoƒoƒudɔa fifia le míaƒe ŋkekea me la le eme vam.—Yes. 60:22.