Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Argentina: Woɖo gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 98,601 gbɔ le February me. Le ɣleti ma ke me la, wona nyɔnyrɔ̃ nusrɔ̃la yeye 507.
Benin: Gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye 2,967 bu akɔnta le February me. Ne wotsɔ woƒe dɔwɔwɔ sɔ kple ƒe si va yi me tɔ la, gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi 13.8 le alafa ɖesiaɖe me, gaƒoƒowo dzi ɖe edzi 6.1 le alafa ɖesiaɖe me, magazinenana nye 40.6 le alafa ɖesiaɖe me eye Biblia nusɔsrɔ̃ nye 25.1 le alafa ɖesiaɖe me.
Ireland: Woɖo gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye 59 lia si tsiã ɖe wo nɔewo nu la gbɔ le February me esi gbeƒãɖela 4,093 bu akɔnta. Kakaɖedzi li be dzidziɖedzi nyuiwo ava le etsɔ me esi wole aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ yeye 2,682 wɔm.
Zaire: Togbɔ ganyawo kple dunyahehe ƒe zitɔtɔwo le dukɔ sia me hã la, nɔviawo kpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye 71,098 le February me. Esia nye dzidziɖedzi 9 le alafa me ne wotsɔe sɔ kple ƒe si va yi ƒe mamã dedie la. Gbeƒãɖelawo kpɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe gaƒoƒo 16.8 le mamã dedie me. Fifia gbesiagbe mɔɖela siwo wu 6,000 ye le Zaire.