Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
◼ Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ siwo nye Benin, Cameroon, Côte d’Ivoire, Ghana, Liberia, kple Nigeria wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye le February me.
◼ Sitsoƒedila geɖe trɔ yi Liberia, eye gbɔgbɔmedɔ le amewo wum ŋutɔŋutɔ le dukɔ ma me. Woƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 2,286 si wokpɔ le February me la bu aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 6,277 ƒe akɔnta.
◼ Macao kpɔ gbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzi 16 le alafa me ɖe ƒe si va yi me ƒe mamã dediea dzi, eye ame 135 ye bu akɔnta le February me.
◼ South Pacific, Fiji, Solomon Islands, kple Tahiti wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeyewo le February me.
◼ Wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 9,484 le Madagascar-ƒukpoa dzi, si nye dzidziɖedzi 14 le alafa me ɖe ƒe si va yi ƒe mamã dediea dzi. Wobu akɔnta hã be wowɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 20,000 le February me.