INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/93 axa 3
  • “Mina Míayi Yehowa Ƒe Me”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mina Míayi Yehowa Ƒe Me”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusrɔ̃viwo ƒe Susu Hehe Va Habɔbɔ si Ŋu Míaƒe Ŋkɔ Le Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woayi Kpekpewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Akpa 8—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 4/93 axa 3

“Mina Míayi Yehowa Ƒe Me”

1 Dawid tsɔ dzonɔameme lɔ̃ ɖe amekpekpe sia dzi be: “Mina míayi Yehowa ƒe me.” (Ps. 122:1) Yehowa ƒe “aƒe” si gbedoxɔa tsi tre ɖi na lae nye afisi amesiwo ƒe didi wònye be yewoasubɔ Mawu vavã la kpea ta le. Enye dedienɔnɔ kple ŋutifafa ƒe nɔƒe kɔkɔe. Egbea, xexeame katã ƒe Kristo-hameae nye Mawu ƒe “aƒe,” “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la.” (Timoteo I, 3:15) Afisiae woakpɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔnuɖoɖowo katã le. Le esia ta ele be ‘anyigba dzi dukɔwo katã naƒo zi ɖe eŋu’ ne wodi be yewoase vivi le yayra siwo ƒe ŋugbe wodo le Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te la me.—Yes. 2:2.

2 Hame siwo wu 69,000 le anyigba 229 dzie le “aƒe” sia me. Fiaɖuƒe Akpata siwo le xexeame katã ƒe ʋɔwo le ʋuʋu ɖi, esi dɔwɔla veviedonula siwo wu miliɔn ene le ame kpem be: “Va!. . . Amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖ. 22:17) Ame geɖewo se gbedasi sia eye wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Ame bubuwo hã kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu gake womele ɖeka wɔm kple Kristo-hamea le Yehowa ƒe aƒea me haɖe o. ‘Gbɔgbɔmenuhiahiã si woate ŋu akpɔ le Kristo-hamea ɖeɖeko me la hiã amesiawo. (Mat. 5:3) Míele ɣeyiɣi sesẽ si me nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba la me. Nu wɔwɔ ɖekematsɔlemetɔe alo heheɖemegbetɔe ate ŋu ahe dzɔgbevɔ̃e si atsi megbe akpa be woasi le enu la vɛ na ame. Ehiã be amewo nawɔ nu kpata ‘ate ɖe Mawu ŋu’ to nuwɔwɔ ɖekae kple eƒe habɔbɔa me. (Yak. 4:8) Aleke míawɔ akpe ɖe wo ŋu?

3 He Woƒe Susu Yi Habɔbɔa Dzi: Ele be míahe ɖetsɔlemetɔwo ƒe susu ayi habɔbɔa dzi ne míedo go wo zi gbãtɔ. Togbɔ be míate ŋu azã ŋɔŋlɔwo atsɔ aɖe nufiafia veviwo mee hã la, menye mía gbɔe sidzedze ma tso o. Nusiwo katã míesrɔ̃ la tso habɔbɔa gbɔ, to dɔla habɔbɔ si naa “nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi” la dzi. (Mat. 24:45-47) Ele be ame yeyewo nanya tso gɔmedzedzea me ke be tadedeagu vavãtɔ keke ɖe enu yi ŋgɔ wu mía ŋutɔwo ɖeɖeko, alo hame si le mía gbɔ; be woanya be xexeame katã ƒe teokrasihabɔbɔ aɖe li si le dɔ wɔm le ɖoɖo nu le Yehowa ƒe mɔfiafia te.

4 Mɔfiame si míexɔna la tso Yehowa, amesi do ŋugbe be yeakpɔ mía ta ahafia nu mí la gbɔ. (Ps. 32:8; Yes. 54:13) Nufiame sia va ɖoa mía gbɔ to míaƒe agbalẽwo koŋ dzi. Ne míate ŋu akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be woade asixɔxɔ gã agbalẽwo ŋu, ahakpɔe dze sii be enye agbetakpɔkpɔ ƒe mɔfiametsoƒe la, dzi adzɔ wo be woaxlẽ wo ahawɔ gbedasi si le wo me la ŋudɔ, wu be woato eme dzradzradzra ko. Ele be míana agbalẽwo, ahawɔ wo ŋudɔ le mɔ si ana amewo nade bubu wo ŋu la nu ɣesiaɣi. Esia kpena ɖe ame yeyewo ŋu be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe habɔbɔa ŋu eye woaku ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ŋu.

5 Na ɖetsɔlemetɔwo nanya be takpeƒe si miexɔa nufiame le edziedzi la le miaƒe nutoa me. Na woanya afisi miaƒe Fiaɖuƒe Akpata le kple miaƒe nusrɔ̃ɣiwo. Ðe vovototo si le míaƒe kpekpeawo kple subɔsubɔhawo ƒe kpekpe si ɖewohĩ wòanya de kpɔ la dome nɛ. Amesiame ate ŋu ava faa; womedzɔa nu alo biaa ga le ame aɖeke si o. Togbɔ be subɔla siwo wotia kpɔa wɔnawo dzi hã la, mɔnukpɔkpɔ li na amesiame be wòaɖo nya ŋu, akpɔ gome le kpekpea me. Ƒomewo ate ŋu ava faa; ɖeviwo hã kpɔa gome le míaƒe Biblia me numedzodzroawo me. Míaƒe subɔlawo medoa awu ʋlayawo alo awu tɔxɛwo o. Wodzra míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me ɖo nyuie ɖe ɖoɖo nu, eye bosomikaɖi, kpetatawo, alo nɔnɔmetatawo mele eme o. Zi geɖe la, amesiwo le míaƒe nutoa me lae vaa kpekpea le afima.

6 Nɔ Woƒe Susu Hem Yi Edzi Vivivi le Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔɣiwo: Susu vevi si ta míesrɔ̃a Biblia kple amewoe nye be míafia nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me wo. Ele hã be wòatu ɖetsɔleme ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa me ɖo ɖe nusrɔ̃via me, eye wòana wòakpɔ alesi wòle vevie be wòava zu emenɔla la adze sii. Dɔ gã si Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo wɔ le ƒe alafa gbãtɔ me la he dzimekɔkɔetɔwo eye wòna wowɔ ɖeka le dɔwɔwɔ me le dziɖuha ɖeka te. Woɖo hamewo ɖe nuto siwo me woɖo to nyaa le nyuie me be woana hehe kple nufiame wo edziedzi. Wodo ŋusẽ amesiwo nɔ hameawo me la le gbɔgbɔ me, eye wokpe ɖe wo ŋu be wodo dzi le ɣeyiɣi sesẽwo me. (Heb. 10:24, 25; Pet. I, 5:8-10) Enye Yehowa ƒe tameɖoɖo be, “woaƒo nuwo kata nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me” le míaƒe ŋkekea me. (Ef. 1:9, 10) Esia wɔ mí xexeame katã ƒe ‘nɔviwo ƒe habɔbɔe.’—Pet. I, 2:17.

7 Ele be míatsɔ nufiame si akpe ɖe nusrɔ̃viawo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe habɔbɔa ŋu ahaɖe vi tso mɔnuɖoɖo siwo li hena woƒe ɖeɖekpɔkpɔ me la akpe ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia nusɔsrɔ̃a ŋu. Tsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ƒo nu tso habɔbɔa kple alesi wòwɔa dɔe la ŋu kwasiɖa ɖesiaɖe alo nàtsɔ aɖe nu me nɛ. Àte ŋu akpɔ nyati nyui siwo ŋu nàƒo nu tsoe la le May 1, 1985 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Jehovah’s Witnesses in the Twentieth Century kple Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã ƒe agbalẽ gbadzawo dzro habɔbɔa ƒe dɔwɔna veviwo kple alesi woate ŋu aɖe vi na míi la me. Ðoɖowɔwɔ be Biblia nusrɔ̃viwo nakpɔ video si ƒe tanyae nye Yehowa Ðasefowo—Habɔbɔ si Ŋu Ŋkɔ Ma Le la ana woawo ŋutɔ nakpɔ nusi wɔm habɔbɔa le. Nyatakaka kple nuteƒekpɔkpɔ siwo míatia tso Ƒegbalẽa me agblɔ na wo la ate ŋu aɖe dɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le dukɔ kple nuto bubuwo hã me fia. Míate ŋu azã agbalẽ bubuwo hã. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nɔ nya siawo abe nusita míeɖia ɖase tso aƒeme yi aƒeme, míaƒe kpekpewo ƒe taɖodzinu, afisi míekpɔa ga tsoe na míaƒe dɔa wɔwɔ, kple alesi míaƒe dɔa xɔ xexeame katãe la me ɖem nɛ vivivi.

8 Ne ame yeyewo va dze si Ðasefo bubuwo la, ate ŋu awɔ dɔ ɖe wo dzi, eye wòana woanya nu geɖe le hamea ŋu. Le esia ta kpe gbeƒãɖela bubuwo be woakpɔ gome le míaƒe nusɔsrɔ̃a me ɣeaɖewoɣi. Ame aɖe si ƒe nɔnɔme alo dɔwɔna sɔ kple etɔ le hamea me la ate ŋu adzi nusrɔ̃via ƒe ɖetsɔleme ɖe edzi. Ðewohi àte ŋu akplɔ hamemegã aɖe ayi be wòava dze sii. Yayra ŋutɔe wòanye ne àwɔ ɖoɖo akplɔ nutome sue dzikpɔla alo srɔ̃a ɖe asi ayi nusɔsrɔ̃a wɔƒee. Ne èkplɔ Ðasefo siwo ƒe aƒeme medidi tso Biblia nusrɔ̃via gbɔ o la be wòadze sii la, agade dzi ƒo nɛ geɖe be wòade hamea ƒe kpekpewo.

9 De Dzi ƒo na Ame Yeyewo be Woade Kpekpewo: Ele be ame yeyewo nakpɔ alesi wòle vevie be woade kpekpewo la adze sii. Dze agbagba nànyɔ woƒe ɖetsɔleme. Gblɔ nyati siwo me woadzro le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me la na wo. Na woanya dutoƒonuƒo siwo woaƒo la ƒe tanyawo. Gblɔ nyati vevi siwo me woadzro le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a me la na wo. Gblɔ alesi wò ŋutɔ nèsena le ɖokuiwò me le nusiwo míesrɔ̃na le kpekpe siawo me kple nusitae wòdzroa wò be nade la hã na wo. Ne àte ŋui la, xe ʋuɖofe na wo ne miayi. Ne anya wɔ la, àte ŋu aƒo ka do ŋgɔ na kpekpea eye esia ate ŋu adzi woƒe ɖetsɔleme ɖe edzi be woayi.

10 Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe va kpekpea la, na wòakpɔe be wodo dzidzɔ ɖe ye ŋu. Ðee fia ame bubuwo kple hamemegãwo hã. Ne eva dutoƒonuƒoa se ge la, ekema ɖee fia nuƒola la. Kplɔe ɖi tsa le Fiaɖuƒe Akpataa me. Na wòase taɖodzinu si tae agbalẽ kple magazine dzraƒewo, nudzɔɖakawo, agbalẽdzraɖoƒe, kple ƒea ƒe mawunyakpukpui li ɖo la gɔme. Na wòanya be menye tadeaguƒe koe akpata la nye o, ke boŋ enye afisi wowɔa ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖidɔa hã ŋu le le nutoa me.

11 Ðe alesi wowɔa míaƒe kpekpewoe la me nɛ. Tsɔ agbalẽ siwo míezãna fiae. Na wòanya be Bibliae nye míaƒe nusrɔ̃gbalẽ vevitɔ. Amesiame, hekpe ɖe ɖeviwo hã ŋu, ate ŋu akpɔ gome le wo me. Ðe eme nɛ be Yehowa Ðasefowoe kpa hadzidzi siwo katã le míaƒe hadzigbalẽa me la be míazã le míaƒe tadedeagu me eye woawoe ŋlɔ hagbeawo hã ɖe wo ŋu. Gblɔ ame vovovo siwo ƒomevi vana la nɛ. Ƒo nu nyui tso xɔlɔ̃wɔwɔ kple dɔmenyowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si le ameawo dome la ŋu. Dɔmenyo ƒe ɖetsɔleme vavãtɔ sia ate ŋu anye mɔnu vevi siwo aʋã nusrɔ̃via be woagava ake la dometɔ ɖeka.

12 Nusita Ame Aɖewo Ahe ɖe Megbe: Zi geɖe la, togbɔ be àdze agbagba ɖesiaɖe hã la, ame aɖewo ahe ɖe megbe le tete ɖe habɔbɔa ŋu me. Mègana ta enumake o. Tsɔ ɖokuiwò ɖo wo teƒe. Ðewohĩ womekpɔe dze sii vaseɖe fifia be ehiã be yewoade mawusubɔsubɔkpekpewo o negbe le azã tɔxɛwo dzi ko. Ðewohĩ ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ate ŋu anɔ wo dzi zim. Aƒelika siwo gblɔa amedaɖeanyinyawo ate ŋu aɖe dzi le wo ƒo. Eye anɔ eme kokoko hã be hadomegbenɔnɔ kple modzakaɖeɖe ƒe kplamatsedonuwo ate ŋu anɔ fu ɖem na wo. Woate ŋu abu esiawo be wonye mɔxenu siwo ŋu womate awɔ naneke le o; ele be nàkpe ɖe wo ŋu be woakpɔ alesi tututu nuawo ƒe nɔnɔme le la adze sii, eye ‘woaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi.’—Fil. 1:10.

13 Gblɔ Ŋɔŋlɔa me nya siwo tae mele be wòana ta o la nɛ. Te gbe ɖe edzi be mí katã míehiã na dzideƒo kple tutuɖo si míexɔna ne míeƒo ƒu ɖekae la vevie. (Rom. 1:11, 12) Yesu na eme kɔ ƒã be mesɔ be míatsɔ ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu ado taflatsee ahe ɖe megbe o. (Mat. 10:34-39) Paulo xlɔ̃ nu mí be mele be míakpe ŋu be míaɖe mía ɖokui afia be míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo o. (Tim. II, 1:8, 12-14) Ele be woaɖu woawo ŋutɔ ƒe nudzodzrowo kple nusiwo axe mɔ na wo la dzi; ne menye nenema o la, woate ŋu azu mɔ̃ aɖe wo. (Luka 21:34-36) Mele be amesiwo dze na Yehowa ƒe yayrawo la natsɔ dzi afãfã asubɔe o, ke boŋ ele be woawɔe tso dzi blibo me. (Kol. 3:23, 24) Ne míeƒãe ɖe wo me be woatsɔ ɖe le Biblia ƒe gɔmeɖose mawo me la, aʋu mɔ na wo be woatsi le gbɔgbɔ me.

14 Ʋɔawo Le Ʋuʋu Ði: Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ ƒe aƒe de ŋgɔ wu bubu ɖesiaɖe. Wole ame kpem le anyigba 229 dzi le xexeame katã be: “Mina míayi Yehowa ƒe to la . . . gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.” (Yes. 2:3) Ame yeyewo ate ŋu aɖe woƒe agbe ne wolɔ̃ ɖe amekpekpe sia dzi. Mɔ nyuitɔwo dometɔ ɖeka si dzi míato akpe ɖe wo ŋu enye be míahe woƒe susu yi Yehowa ƒe habɔbɔa dzii.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe