Ðo Ŋku Edzi Nàzã Agbalẽ Gbadzawo
Le ɖaseɖiɖi tso aƒeme yi aƒeme alo vomeɖaseɖiɖi me la, dzeɖoɖoa trɔna zi geɖe ɖe nyati aɖe si ŋu míaƒe agbalẽ gbadza dzeaniawo dometɔ ɖeka ƒo nu le ŋu. Ele vevie be esia nanɔ susu me na mí katã ne míele Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nam le May kple June me. Ne agbalẽ gbadza vovovo geɖe le asiwò kpe ɖe magazine siwo nàna le gbeadzi ŋu la, ana nànɔ dzadzraɖoɖi na ɖase tseku ɖiɖi. Le May kple June me la, zã agbalẽ gbadza ɖesiaɖe faa (Suku-gbalẽa koe mele eme o) kpe ɖe magazineawo ŋu alo nàzã agbalẽawo ɖe magazineawo teƒe.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 15:23.