INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/98 axa 8
  • Ele Be Mía Haviwo Nase Nyanyui La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ele Be Mía Haviwo Nase Nyanyui La
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Agbalẽ Gbadza Vovovowo le Wò Subɔsubɔdɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Agbalẽ Gbadzawo Tsɔtsɔ Adi Ðetsɔlemetɔwoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Ðe Gbeƒã Na “Ame Ƒomeviwo Katã”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Tsɔ True Peace Ƒe Agbalẽa Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒenyanyui Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 7/98 axa 8

Ele Be Mía Haviwo Nase Nyanyui La

1 Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Mía haviwo katã hã kpe ɖe “amewo katã” ŋu. Nyanyuia tsɔtsɔ yi wo gbɔ bia be míatrɔ míaƒe dzeɖonyawo ɖe nɔnɔmeawo ŋu eye míadi nya si ate ŋu ado dzidzɔ na ame ɖesiaɖe si míado goe. (Kor. I, 9:19-23) Yehowa ƒe habɔbɔa na dɔwɔnu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo amesiwo ‘dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la ƒe dzi gbɔ. (Dɔw. 13:48) Mina míakpɔ alesi míate ŋu azã agbalẽ gbadza vovovowo le July kple August me atsɔ akpɔ mía haviwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe ɖa.

2 Agbalẽ Gbadza Siwo Míezã Kpɔ: Àkpɔ aɖaŋuɖoɖowo le nya siwo gbɔna me siwo nàte ŋu azã ne èle agbalẽ gbadza aɖewo nam. Nusiwo le aɖaŋuɖoɖo ɖesiaɖe mee nye (1) nyabiabia si na wobua tame si woatsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee, (2) agbalẽ gbadza la ƒe teƒe siwo wofia asii si nàte ŋu akpɔ dzeɖonyawo le, kple (3) mawunyakpukpui si sɔ si nàte ŋu axlẽ le numedzodzroa me. Wò ŋutɔ àte ŋu agblɔ dzeɖonya la ƒe akpa susɔe ayi edzi le wò ŋutɔ wò nyawo me, le alesi amea awɔ nui nu. Le agbalẽ gbadzaawo ƒe akpa gãtɔ gome la, woyɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata xoxo aɖe si me nàkpɔ alesi woana agbalẽ gbadza lae ŋuti numeɖeɖe geɖe wu le.

Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?

Mɔkpɔkpɔ kae li si nèsusu be woate ŋu atsɔ akpe ɖe amesiwo ŋu wowɔ ŋlɔmi le ŋu?—Axa 27-8, memamã 23-7; Yes. 65:17, 18; km 7/97 axa 8.

Tameɖoɖo Kae le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake ɖe Eŋu?

Nukata wòdze abe ame gbogbo aɖewo mekpɔa dzidzeme le agbe me egbea o ene?—Axa 29-30, memamã 2, 25-6; Ps. 145:16; km 7/96 axa 8.

Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!

Èbu nusi wɔm Yesu Kristo le fifi laa ŋu kpɔa?—Nɔnɔmetata 41-2; Nyaɖ. 11:15.

Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ.

Èdi be yeanya nu tso Fiaɖuƒe si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia la ŋua?—Axa 3; Mat. 6:9, 10.

Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku.

Èbu alesi nàwɔ afa akɔ na amesi ƒe ame vevi ku ŋu kpɔa?—Axa 26, memamã 2-5; Yoh. 5:28, 29; km 7/97 axa 8.

Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?

Ðe alesi Mawu le ŋutɔŋutɔ gɔmesese le vevie na míaƒe etsɔmea?—Axa 3, memamã 3, 7-8; Yoh. 17:3.

3 Agbalẽ Gbadza Bubuwo: February 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi yɔ agbalẽ bubuwo, kple agbalẽ gbadza siwo ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe be woazã atsɔ aɖi ɖase na amesiwo le Afrikatɔwo ƒe blema mawusubɔsubɔ me, Buddhatɔwo, Hindutɔwo, Yudatɔwo, kple Moslemtɔwo. Míate ŋu atsɔ agbalẽ gbadza siawo ana amesiwo míedoa goe ɣesiaɣi si wòasɔ. Àte ŋu adzro aɖaŋuɖoɖo siwo le emedegbalẽvi ma ƒe axa 4-6 me tsɔ kpe ɖe Reasoning-gbalẽa ƒe axa 21-4 (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 13-16) ŋu ahadzra dzeɖonya kpui siwo ate ŋu anyɔ amesiawo ƒe ɖetsɔleme la ɖo.

4 Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza bubu aɖe ŋu be wòakpe ɖe amesiwo ɖewohĩ wonya agbalẽ gake womenya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o la ŋuti. Wotrɔ asi le eŋu be wòaʋã wo woadi be yewoadzro Mawu ƒe Nya la me. Ɣesiaɣi si wòasɔ la, àte ŋu ana esia si gbɔna:

Agbalẽ si Nyo na Amesiame.

Ðe nèlɔ̃ ɖe edzi be hafi woasrɔ̃ nu wòade to nyuie la, ebia be woanya nu tso nya siwo le Biblia me hã ŋua?—Axa 3, memamã 1-3 kple axa 30, memamã 2; Nyagb. 12:9, 10.

5 Agbalẽ Gbadza si Wotsɔ Srɔ̃a Biblia: Taɖodzinu si wòle be wòanɔ mía si ɣesiaɣi le subɔsubɔdɔa mee nye be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme, le yiyi zi gbãtɔ me loo alo ne míetrɔ yi emegbe. Le ema ta la, agbalẽ gbadza si gbɔna si zazã le bɔbɔe la le mía si míatsɔ adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme ahawɔ wo:

Nukae Mawu Di tso Mía Si?

Ènya be yeate ŋu azã aɖabaƒoƒo 30 alo esi made nenema o kwasiɖa ɖesiaɖe atsɔ ase Biblia me nya veviwo gɔme le ɣeyiɣi kpui aɖe ko mea?—Nusɔsrɔ̃ 2 lia, memamã 6; Tim. II, 3:16, 17; km 3/97 axa 4.

6 Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la ŋu me la, ena wòdze ƒã be havi nyuitɔe nye amesi kpena ɖe ame bubu si ɖo xaxa me ŋu le lɔlɔ̃ kple dɔmenyo me. (Luka 10:27-37) Mía haviwo ɖo xaxa me le gbɔgbɔ me. Ele be woase nyanyuia. Mina míaxɔ agbanɔamedzia agblɔe na wo, atsɔ aɖee fia be Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwoe míenye.—Mat. 24:14; Gal. 5:14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe