Tɔtrɔyi Siwo Le Bɔbɔe Hetsea Ku
1 Ðe nèwɔa tɔtrɔyiwo ɣesiaɣia, alo ɖe wòsesẽna na wò le esi mènya nusi nàgblɔ o ta? Mehiã be nàvɔ̃ o. Nu etɔ̃ akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzedze: (1) dzadzraɖo nyui wɔwɔ; (2) Nya ɖeka alo eve si nàte ŋu agblɔ le Biblia me nyati bɔbɔe ʋee aɖewo ŋu; kple (3) lɔlɔ̃ faa be yease aƒemenɔla ƒe nukpɔsusu.
2 Ne èle dzadzram ɖo ɖe tɔtrɔyiwɔwɔ ŋu la, de ŋugble le nyati si asɔ si me nàdzro kple aƒemenɔla ŋu. Sukuvie wònyea? Ɣeyiɣi anɔ sukuvi geɖewo si be woadzro Biblia me nyawo me ne wokpã le suku. Anɔ eme be wo dometɔ aɖewo aʋu woƒe susu me ɖe Fiaɖuƒe gbedasia sese ŋu. Ðe nèbia nya aɖe le wò sasrãkpɔ si va yi ƒe nuwuwua, alo ɖe nyati aɖe do dzidzɔ na aƒemenɔlaa? Dzro wò nuŋlɔɖiwo me, eye nàzã Reasoning-gbalẽa atsɔ di nyatakaka siwo nàhiã be nàwɔ tɔtrɔyi si tsea ku. Ne èwɔ sasrãkpɔa la, ɖe lɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃wɔwɔ fia. Yɔ aƒemenɔlaa ƒe ŋkɔ nàtsɔ do gbe nɛ.
3 Ne èna Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! aƒemenɔla la, àte ŋu atu wò sasrãkpɔa ɖe magazine me nya bɔbɔe ɖeka alo eve dzi. Ne èna trakt le yiyi zi gbãtɔ me la, àte ŋu aƒo nu le trakt la ŋutɔ ŋu alo ana agbalẽ bubui to asi fiafia nya si sɔ le magazine alo agbalẽ gbadza la me dzi.
4 Ne “Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me” ƒe trakt lae èna la, gblɔ ko be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeƒo nu le ŋugbe si Mawu do be yeahe ŋutifafa ƒe xexeme yeye vɛ la ŋu. Abe alesi míedzro emee ene la, nɔnɔme nyuiwo ava to Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi. Èsusu be nukae wòle be míawɔ be míanɔ xexeme yeye ma me?” Ðe mɔ na aƒemenɔla be wòagblɔ eƒe susu, eye nàdzro nusi wogblɔ le Psalmo 37:9, 11, 29 la me kplii.
5 Ne “Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku?” ƒe trakt lae èna la, nya sue siawo gbɔgblɔ ate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme:
◼ “Le míaƒe nyitsɔ ƒe dzeɖoɖoa nuwuwu la, megblẽ trakt si ƒe tanyae nye Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku? la ɖe gbɔwò. Eƒe memamã etɔ̃lia fɔ biabia dodzidzɔname aɖewo ɖe te: ‘Nukatae amewo kuna? Afikae ame kukuwo le? Eye aleke míate ŋu aka ɖe edzi be woate ŋu aganɔ agbe?’ Tanya sue si nye ‘Ku, kple Nusi Dzɔna ne Míeku’ si kplɔe ɖo la ɖo nyabiabia siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Trakt la ƒe ɖeka le asinye le afii. De dzesi memamã enelia gblɔ.” Azɔ esi aƒemenɔla le edzi kpɔm la xlẽ memamãa, tsɔ kpe ɖe ŋɔŋlɔa me kpukpui eve siwo le afima la ŋu, eye nàbia tso aƒemenɔlaa si be wòagblɔ eƒe susu. Lé to ɖe nusi wòagblɔ la ŋu nyuie, eye nàtrɔ wò nyawo ɖe nusi wòagblɔ la ŋu.
6 Le dzeɖoɖoa me la, aƒemenɔlaa aɖe nukpɔsusu aɖewo agblɔ esiwo manye nyateƒe o. Mehiã be nàƒo nu tso nya sia nya si wòagblɔ ŋu o. Ke boŋ yi dzeɖonya si me dzrom miele la dzi. Àte ŋu aɖɔ eƒe nukpɔsusu si metso Biblia me o la ɖo le tɔtrɔyi siwo nàva wɔ ɣebubuɣi la me.
7 Dze agbagba ɖesiaɖe nàwɔ ɖoɖo be nàgayi afisiwo woɖe ɖetsɔleme fia le to tɔtrɔyi siwo bɔbɔ hetsea ku wɔwɔ me le May me.