Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Ʋua Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe Mɔnu Ði
1. Nukatae tɔtrɔyiwo wɔwɔ le vevie?
1 Menye gbeƒãɖeɖe koe Yesu bia eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ o ke be ‘woawɔ nusrɔ̃lawo ahafia nu wo’ hã. (Mat. 28:19, 20) Gbeƒãɖela ɖea gbeƒã, gake nufiala ya gawɔa geɖe wu. Efiaa nu, ɖea nu me, eye wòɖoa kpe nyawo dzi. Mɔ siwo dzi míato afia nu amewo dometɔ ɖekae nye to tɔtrɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ kple taɖodzinu be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo.
2. Amekawo gbɔe wòle be míagatrɔ ayi?
2 Amekawo gbɔe wòle be míagatrɔ ayi? Ðoe kplikpaa nàtrɔ ayi amesiwo katã xɔ agbalẽ alo ɖe ɖetsɔleme suetɔ kekeake fia ɖe nyanyuia ŋu la gbɔ. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia le wò gaglãgbe ɖaseɖiɖidɔa me la, dze agbagba nàxɔ amea ƒe adrɛs alo telefonxexlẽdzesi ale be nàte ŋu atu eƒe ɖetsɔlemea ɖo. Mɔkpɔkpɔ nanɔ asiwò ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ŋu. Yi edzi nànɔ amesiwo alɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple yewo la dim, eye àke ɖe wo ŋu godoo.—Mat. 10:11.
3, 4. Nukae tɔtrɔyi siwo tsea ku wɔwɔ bia?
3 Ðe Ðetsɔleme Fia: Dzadzraɖo ɖe tɔtrɔyi siwo tsea ku ŋu dzea egɔme tso yiyi gbãtɔ dzi. Gbeƒãɖela kpɔdzidzedzewo dea dzesi nyati siwo doa dzidzɔ na aƒemenɔla, eye wonɔa te ɖe ema dzi tsɔna yia numedzodzroa dzii. Ame aɖewo kpɔe be anyo be yewoabia nya aɖe le dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu be woatsɔ anyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔleme ɖe sasrãkpɔ bubu ŋu. Míaƒe ɖetsɔtsɔ le eme na amewo vevie wɔnɛ be míeganɔa wo ŋu bum ne míedzo le wo gbɔ gɔ̃ hã, eye wònaa míegatrɔna yia wo gbɔ kaba. Ne anya wɔ la, trɔ yi amea gbɔ esime wògakpɔtɔ tsɔ ɖe le nyaa me—ɖewohĩ le ŋkeke ɖeka alo eve ko megbe.
4 Ne èle tɔtrɔyiwo wɔm la, dze agbagba nàtu ɖe numedzodzro siwo miewɔ va yi la dzi. Na wòanye wò taɖodzinu be nàzã Ŋɔŋlɔ tuameɖo ɖeka aɖe ya teti, eye nàlɔ̃ faa aɖo to nya si wòagblɔ. Dze agbagba nànya aƒemenɔlaa nyuie. Emegbe le sasrãkpɔ bubuwo me la, ƒo nu tso Mawu ƒe Nya la me nyateƒe siwo ku ɖe eƒe hiahiãwo ŋu tẽ ŋuti.
5. Mɔnu bɔbɔe kae míate ŋu azã atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme?
5 De Dzesi Biblia-nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔwo: Na Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze nanye wò taɖodzinu le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me. Akeke nàte ŋu awɔ esiae? Gblɔ na amea be yedi be yeaƒo nu tso nya vevi aɖe ŋu nɛ, eye nàʋu Sidzedze-gbalẽa alo Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza ƒe memama aɖe si nèsusu be ado dzidzɔ nɛ. Xlẽ memama la, he susu yi biabiaa dzi, eye nàdzro ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe eme dometɔ ɖeka alo eve me. Miate ŋu awɔ esia le miniti atɔ̃ va ɖo ewo me le ʋɔtrua nu. Bia biabia si kplɔe ɖo eye nàwɔ ɖoɖo ɖe numedzodzroa dzi yiyi ŋu le ɣeyiɣi bubu aɖe dzi atsɔ aƒo etae.
6. Aleke míaɖee afia be míese vevienyenye si le tɔtrɔyiwo wɔwɔ ŋu gɔme?
6 Ðetsɔleme tutuɖo ɖe amesiame si ŋu míeke ɖo me nye míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevi aɖe. Eyata ɖo ɣeyiɣi ɖi na tɔtrɔyiwo wɔwɔ le wò kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖowɔɖia me. Ema wɔwɔ ana wò subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi eye wòahe dzidzɔ geɖe vɛ na wò.