Biblia Nusɔsrɔ̃ Geɖe Wu Wɔwɔ—Ehiã Mí
1 Yehowa Mawu tsɔ dzidziɖedzi le eƒe anyigba dzi habɔbɔa yram madzudzɔmadzudzɔe. Le subɔsubɔƒe si va yi me la, ame 375,923 ye xɔ nyɔnyrɔ le xexeame katã—esia nye nusrɔ̃la yeye 1,000 kple edzivɔ gbesiagbe le mamã dedie nu, alo amesiwo anye 43 le gaƒoƒo sia gaƒoƒo me! Togbɔ be anɔ eme be mía nɔviwo to ƒe geɖe ƒe fukpekpewo me va yi hã la, Fiaɖuƒedɔa le dzidzedze nyui kpɔm le xexeame ƒe akpa vovovo eye wole dzidziɖedzi ɖedzesiwo kpɔm. Aleke gbegbe ŋgɔyiyi si le vavam le nyanyuia kaka me ŋu nya xexlẽ doa dzidzɔ na míi enye si!
2 Le Ghana ƒe alɔdzea ƒe anyigbamamã me le subɔsubɔƒe si va yi me la, míawo hã míekpɔ dzidziɖedziwo le gbeƒãɖelawo, gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ me, le gaƒoƒo siwo míetsɔ ɖe gbeƒãe, kple agbalẽvi, agbalẽ gbadza, kpakple magazine nana me. Nyɔnyrɔxɔlawo dzi ɖe edzi eye Ŋkuɖodzia valawo ƒe xexlẽme nye agbɔsɔsɔ gãtɔ kekeake si míekpɔ kpɔ. Ke tɔtrɔyi kple Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa hã ɖe? Tɔtrɔyi siwo míewɔ ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi eye Biblia-nusɔsrɔ̃wo hã dzi ɖe edzi alafa memamã 7. Gake nyatakakawo fia be gbeƒãɖela gbogbo aɖe mewɔa tɔtrɔyi kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo edziedzi o. Evɔ nusiawoe nye nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ƒe akpa veviwo. Nukae mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ atsɔ atrɔ asi le tɔtrɔyi kple Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo míewɔna ŋu be wòanyo wu?
3 Do Ŋusẽ Wò Didi be Nàwɔ Nusɔsrɔ̃: Ehiã be mía ŋutɔwo míaƒe susu nanɔ alesi ŋusẽ anɔ mía ŋu eye míado vevie nu le gbɔgbɔ me ŋu. Kristo yomedzela vavãtɔwo “doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me.” (Tito 2:14) Ne míedzro míaƒe subɔsubɔdɔa me kpɔ la, ɖe míate ŋu agblɔ be míedina vevie be míagbugbɔ ayi amesiwo katã míena agbalẽe le gbeadzi gbɔa? Ðe dzo le mía me ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dodo ɖe amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ la ŋua? (Rom. 12:11) Alo ɖe wòhiã be míatu didi be míawɔ tɔtrɔyiwo adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme ɖo geɖe wua?
4 Ame ŋutɔ ƒe Biblia xexlẽ, kpekpeawo dede edziedzi, kple agbalẽawo sɔsrɔ̃ ana ŋusẽ nanɔ mía ŋu le gbɔgbɔ me eye Mawu ƒe gbɔgbɔ nado ŋusẽ mí. (Ef. 3:16-19) Esia ado ŋusẽ míaƒe Yehowa dzixɔxɔse kple kaka ɖe eyama dzi kpakple mía haviwo lɔlɔ̃. Aʋã mí be míafia nyateƒea ame bubu aɖe, eye esia wɔwɔ ana míase vivi na míaƒe subɔsubɔdɔa, wòakpɔ dzidzedze, eye wòatu ame ɖo. Ẽ, ele be míadi be míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wu!
5 Srɔ̃ Nu Kple Wò Ƒomea Gbã: Ele be Kristotɔ dzila siwo wo viwo le wo gbɔ la natsɔ ɖe le woƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi me. (Mose V, 31:12; Ps. 148:12, 13; Lod. 22:6) Akpe ɖe dzilawo ŋu ŋutɔ be woasrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kpakple Sidzedze-gbalẽa kple wo viwo atsɔ adzra wo ɖoe be woadze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo eye woava ɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ. Gake woate ŋu asrɔ̃ nu bubuwo hã, le ɖevia ƒe nuhiahiãwo kple ƒexɔxɔ nu. Dzila si srɔ̃a nu kple via maxɔnyɔnyrɔ la ate ŋu abu nusɔsrɔ̃a, ɣeyiɣia, kple tɔtrɔyiwo ŋuti kɔnta, ɖe alesi woɖo eƒe aɖaŋui ɖe May 1987 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka me nu.
6 Trɔ Asi Le Wò Ŋutɔ Wò Ðoɖowɔɖi Ŋu Wòanyo Ðe Edzi: Ne míebu magazine, agbalẽ gbadza, kple agbalẽ gã agbɔsɔsɔ si míena ŋu la, míakpɔ ɖikekemanɔmee be míele nuku gbogbo aɖe wum. Nuku gbogbo si míewu la ate ŋu atse ku si me nusrɔ̃la yeye gbogbo aɖe ado tso. Gake ɖe agbledela alo abɔwɔla ƒe dzi adze eme ŋutɔŋutɔ ne ɣesiaɣi ko wòle nudodo dzi gake le eƒe agbagbadzedzewo katã vɔ megbe la, medi ɣeyiɣi ɣeaɖekeɣi tsɔ ŋe nuae oa? Kura o. Nenema ke tɔtrɔyiwɔwɔ hã le vevie.
7 Èdia ɣeyiɣi edziedzi tsɔ wɔa tɔtrɔyiwoea? Trɔ yi ɖetsɔlemetɔ siwo katã ŋu nèke ɖo gbɔ kaba. Wɔ tɔtrɔyiwo kple taɖodzinu be nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Èwɔa nuŋlɔɖi si me kɔ, si dzi nèdea dzesi nu yeyewo ɖo, eye wole ɖoɖo nyui nu le wò tɔtrɔyiwo ŋutia? Kpɔ egbɔ be yeŋlɔ ɣletiŋkeke si dzi yeva aƒemenɔlaa gbɔ zi gbãtɔ, agbalẽ siwo yena, nusi me miedzro ŋu nya kpui aɖewo, kple nya si me miagate ŋu adzro ne ètrɔ yi, eƒe ŋkɔ, kpakple nɔƒe. Tso fli aɖewo ɖi ɖe ete na nyatakaka bubuwo ŋɔŋlɔ le tɔtrɔyi ɖesiaɖe wɔwɔ vɔ megbe.
8 De Ŋugble le Alesi Nàwɔ Tɔtrɔyiae Ŋu: Nukawoe nye nu vevi aɖewo siwo wòle be wòanɔ susu me na wò ne ètrɔ yina ɖetsɔlemetɔwo gbɔ? (1) Do vivi ɖe amea ŋu, xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ mewò, dzo nenɔ mewò, eye mègawɔe wòanye nu sesẽe o. (2) Dzro nya alo biabia siwo hiãe me. (3) Na dzeɖoɖoa nanɔ bɔbɔe eye wòanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. (4) Le tɔtrɔyi ɖesiaɖe me la, dze agbagba nàfia nane si aƒemenɔla akpɔ be eɖe vi na ye ŋutɔ lae. (5) Na wòanɔ mɔkpɔkpɔ me na nya si me miagava dzro ne ègatrɔ yi. (6) Mègana edome nadidi fũ o. (7) Mègabia nya siwo akpe ŋu na aƒemenɔla alo aɖe fu nɛ o. (8) Zã nuŋububu nyui be màgabu fɔ aƒemenɔlaa ƒe nukpɔsusu alo agbenɔnɔ gbegblẽwo hafi ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu naɖo eme o.—Kpɔ alesi woawɔ akpɔ dzidzedze le tɔtrɔyiwo wɔwɔ kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze ŋuti ɖaŋuɖoɖo bubuwo le March 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me.
9 Tee Kpɔ le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me: Le hame aɖe me la, enya wɔ be woxɔ aƒe siwo ŋu dzɔlawo dzɔna me tɔwo katã ƒe ŋkɔ kpakple xɔ siwo me wole ƒe xexlẽdzesi. Woŋlɔ lɛta na aƒe ma me tɔ ɖesiaɖe ɖekaɖekae eye wode trakt eve lɛtaa ɖesiaɖe me. Wogblɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe ɖoɖoa ŋu nya ɖe lɛtaa ƒe nuwuwu eye woŋlɔ woƒe telefon xexlẽdzesi aɖe ale be lɛtaa xɔla nate ŋu aƒo ka na ame ma. Le ŋkeke aɖewo ko megbe la, ɖekakpui aɖe ƒo ka bia be woasrɔ̃ nu kple ye. Wotrɔ yi egbɔ ŋufɔke, eye wodze nusɔsrɔ̃ gɔme le Sidzedze-gbalẽa me kplii. Eva Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ gbemagbe fiẽ, eye wòyi kpekpeawo katã dede dzi. Medidi kura hafi wòdze Biblia xexlẽ gbesiagbe gɔme o. Eyi ŋgɔ kabakaba ɖo ta nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ.
10 Gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe wɔ ɖoɖo be yewoawɔ tɔtrɔyi aɖewo ɖekae. Le nɔvinyɔnu aɖe ƒe tɔtrɔyi aɖe me la, meva ke ɖe amesi dim wònɔ ŋu le aƒea me o, gake aƒenɔvi bubu va ʋu agboa nɛ, eye wògblɔ nɛ be: “Menɔ mia lalam.” Aƒemenɔla la xɔ Sidzedze-gbalẽa tso eƒe ame nyanyɛ aɖe gbɔ do ŋgɔ. Hafi nɔvinyɔnuawo nava egbɔ la, exlẽ agbalẽa to eme zi gbɔ zi eve xoxo eye emenyawo wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Egblɔ be mewɔ nuku na ye be Ðasefowo va ye gbɔ gbemagbe o elabena yenɔ gbe dom ɖa be woava asrɔ̃ Biblia kple ye. Wodze nusɔsrɔ̃ gɔme, edze hamea ƒe kpekpeawo dede gɔme, eye wòyi ŋgɔ kabakaba.
11 Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ nyɔnyrɔ anye ƒe 25 kloe nye sia la tsɔ Sidzedze-gbalẽa na dadaa nyitsɔ sia. Dadaa si nye sɔlemedela la dze agbalẽa xexlẽ gɔme. Esi wòwu ta eve nu la, eƒo ka na vianyɔnua, eye ewɔ nuku na via ŋutɔ be egblɔ be: “Medi be mazu Yehowa Ðasefo!” Dadaa dze nusɔsrɔ̃ gɔme eye exɔ nyɔnyrɔ fifia.
12 Zã Aɖaŋuɖoɖo Siawo Kpɔ: Èzã nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze tẽ ƒe mɔnu kpɔa? Àte ŋu agblɔ ko be: “Ne èdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kple ye la, madi be mafia alesi míewɔnɛ wò le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko me. Ne edzɔ dzi na wò la, àte ŋu ayi edzi.” Ame geɖe megbena esia o eye woléa ŋku ɖe alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ae ŋu nyuie.
13 Ne miedze nusɔsrɔ̃a gɔme teti ko la, fia alesi woxlẽa ŋɔŋlɔ siwo me nyawo womeŋlɔ ɖi o eye wotea fli ɖe nyabiase siwo le agbalẽa me te tsɔ dzrana ɖo do ŋgɔe la nusrɔ̃via. Ƒo nu tso nya veviawo ko ŋu. Togbɔ be ehiã be manye nusi sesẽ akpa o le kpekpe ʋee gbãtɔawo me hã la, Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔwɔ edziedzi le vevie. Bu alesi nàƒo nu nɛ tso gbedodoɖa tsɔtsɔ dze nusɔsrɔ̃a gɔmee ŋu be enye nusɔsrɔ̃a ƒe akpa vevi aɖe kple alesi nàtsɔ Ŋɔŋlɔawo adzrae ɖoe ɖe tsitretsiɖeŋu ŋu la ŋuti. Dze agbagba ɖesiaɖe be agbe nanɔ nusɔsrɔ̃a me.
14 Nyateƒee, menye Biblia-nusrɔ̃viwo katã ƒe ŋgɔyiyie sɔ o. Ðewo metsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu abe wo nɔviwo ene o alo woƒe susu mete ŋu léa nusi wole wo fiam kabakaba o. Vovo mele ɖewo ŋu kura o eye womate ŋu akpɔ ɣeyiɣi atsɔ awu ta ɖeka nu kwasiɖa sia kwasiɖa o. Eyata le ame aɖewo gome la, ahiã be wòasrɔ̃ nua wu zi ɖeka hafi awu ta aɖewo nu eye dzinu aɖewo nadze edzi hafi woawu agbalẽa nu. Le ame aɖewo gome la, míate ŋu asrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la gbã ato eme age ɖe Sidzedze-gbalẽa me. Ne nusrɔ̃vi ɖesiaɖe tsɔ hamea ƒe kpekpewo dede kpe esia la, akpe ɖe eŋu be gɔmeɖoanyi sesẽ nanɔ esi le nyateƒea me.
15 Ƒo wo katã ta la, do gbe ɖa nàbia be yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃! (Yoh. I, 3:22) Nusiwo wɔwɔ me dzidzɔ nɔna na Kristotɔ wu dometɔ ɖekae nye be Yehowa nazãe atsɔ akpe ɖe ame aɖe ŋu wòava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la. (Dɔw. 20:35; Kor. I, 3:6-9; Tes. I, 2:8) Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míaɖe dzonɔameme gã afia le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa me eye míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo be míadze nusɔsrɔ̃ gɔme dzi!
[Blurb on page 3]
Èdoa gbe ɖa be yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ yeye gɔmea?