Dzadzraɖo—Nu Vevi Aɖe Si Naa Wowɔa Tɔtrɔyi Tsekuwo
1. Mɔ ka nue Kristotɔ gbãtɔwo akeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le?
1 Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo nyuie bene woanye “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” gbeƒãɖela kpɔdzidzedzewo. (Mat. 4:23; 9:35) Ena hehe sia wo esime wònɔ dɔ wɔm le Palestina nutowo ɖeɖe ko me. Ke hã, do ŋgɔ na Yesu ƒe dziƒoyiyi la, egblɔ be woakeke Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu ale be woawɔ “dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.”—Mat. 28:19, 20.
2. Nu kae Yesu ƒe sedede be ‘woawɔ amewo nusrɔ̃lawo’ la bia?
2 Dɔ sia wɔwɔ abia be woatrɔ ayi ame siwo tsɔ ɖe le Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me la gbɔ ahafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se Kristo de la dzi. Hafi míate ŋu awɔ tɔtrɔyi tseku mawo la, ehiã be míadzra ɖo nyuie.
3. Aleke nàte ŋu aʋu tɔtrɔyiwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi le yiyi zi gbãtɔ gɔ̃ hã me?
3 Wɔ Ðoɖo Do Ŋgɔ: Gbeƒãɖela aɖewo dzea agbagba biaa nya aɖe le ɖaseɖiɖi na amea zi gbãtɔ ƒe nuwuwu, eye wodoa ŋugbe nɛ be, yewoatrɔ ava adzro ŋuɖoɖoa me kplii. Wode dzesii be amewo ƒe susu hehe yi Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me nyawo dzi le tɔtrɔyiwo wɔɣi kpe ɖe yewo ŋu yewodze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple amewo enumake.
4. Nu ka tae mele be míahe ɖe megbe va se ɖe esime míexɔ magazine yeyewo hafi atrɔ ayi amewo gbɔ o?
4 Togbɔ be magazine eve koe míenana ɣleti sia ɣleti hã la, esia mefia be ele be míalala ʋuu va se ɖe esime ɣleti si kplɔe ɖo la tɔwo va hafi míagatrɔ ayi amewo gbɔ o. Míate ŋu ana ameawo ƒe ɖetsɔleme nadzi ɖe edzi ne míedzro magazine si woxɔ xoxo la me nya aɖe me kpli wo.
5. Vi kae wòɖena ne míaƒe taɖodzinua le susu me na mí?
5 Taɖodzinu Nenɔ Asiwò: Hafi nàtrɔ ayi ame aɖe gbɔ la, zã miniti ʋɛ aɖewo nàdzro wò nuŋlɔɖiwo me eye nàde dzesi taɖodzinu si gbɔ nèdi be yeaɖo. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖoe be yeadzro magazine si yegblẽ ɖe amea gbɔ va yi la me nya aɖe me kplii. Alo anae agbalẽ bubu siwo me nyawo wɔ ɖeka kple nya siwo ŋu mieɖo dze le va yi. Ne èbia nya aɖee hafi dzo le egbɔ la, kakaɖedzitɔe la, wò taɖodzinu anye be nàɖo nyabiase ma ŋu. Ne èle gbe tem ɖe mawunyakpukpui aɖe si ɖo kpe nya si me dzrom miele dzi la, dze agbagba nàxlẽ nyaa tso Biblia me tẽe.
6. Taɖodzinu ka tae míewɔa tɔtrɔyiwo ɖo?
6 Míaƒe Taɖodzinu: Le nyateƒe me la, míaƒe taɖodzinue nye be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme. Nɔviŋutsu aɖe do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ame aɖe si gbɔ wòtrɔ yi la gbɔ, gake amea gbe. Nɔviŋutsua gatsɔ magazine yeyewo yi nɛ ɣebubuɣi hegblɔ nɛ be, “Míele Biblia me nyabiase aɖe ŋu ɖom na amewo egbea le miaƒe nutoa me.” Esi wòɖe mɔ na amea wògblɔ eƒe nukpɔsusu vɔ la, exlẽ mawunyakpukpui aɖe kple agbalẽ aɖe si míezãna tsɔ wɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kple amewo la ƒe memama aɖe si sɔ la nɛ. Esia wɔe be wote Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi.
7. Aleke dzadzraɖo nyui wɔwɔ kpe ɖe ŋuwò nèdze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔmee?
7 Ɣeyiɣi didi atsɔ adzra ɖo ɖe tɔtrɔyiwɔwɔ ŋu ɖea vi ŋutɔ. Míaƒe dzidzɔ adzi ɖe edzi, eye mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu mía si be míakpe ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le” la ŋu woazɔ agbemɔ la dzi.—Dɔw. 13:48.