Ŋkuléle Ðe Nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si Hiã Kpata ƒe Zɔɖeɖe Ŋu
1 Hafi Yesu nadzo le anyigba dzi la, ede se na eyomedzelawo be ‘woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo.’ Esia bia be woawɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa memie eye be woana woƒe dɔa naɖo anyigba katã dzi. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 1:8) Ðe wobu dɔdasi sia be enye agba si tsɔtsɔ sesẽ akpaa? Apostolo Yohanes fia be womebui nenema o. Esi wòzã ƒe 65 tsɔ wɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa vɔ megbe la, eŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”—Yoh. I, 5:3.
2 Dɔ si Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ŋuti nuŋlɔɖi si le Ŋɔŋlɔawo me ɖo kpe edzi be wotso ɖe woƒe dɔdasi si nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo wɔwɔ ŋu eye wowɔe kple ŋkubiã. (Tim. II, 4:1, 2) Menye esi wònye dɔdasi ta koe wowɔe ɖo o, ke esi wònye woƒe didi si me lɔlɔ̃ le be yewoakafu Mawu kple be yewoatsɔ xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ayi na ame bubuwo hã tae. (Dɔw. 13:47-49) Esi amesiwo katã va zu nusrɔ̃lawo hã va nye nusrɔ̃lawɔlawo emegbe ta la, Kristo-hamea kpɔ ŋgɔyiyi kabakaba le ƒe alafa gbãtɔa me.—Dɔw. 5:14; 6:7; 16:5.
3 Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le Du Dzi: Ƒe alafa 20 lia sia mee wole nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si nye gãtɔ kekeake wu ɖesiaɖe si wowɔ kpɔ la wɔm! Vaseɖe fifia la, ame miliɔn geɖe xɔ nyanyuia hele eŋudɔ wɔm. (Luka 8:15) Esi nuɖoanyi sia ƒe ɣeyiɣiwo le vɔvɔm kabakaba ta la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la tsɔ dɔwɔnu siwo ana be amesiwo si dzi anukwaretɔ le nasrɔ̃ nyateƒea kabakaba la na mí.—Mat. 24:45.
4 Míexɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa le ƒe 1995 me, eye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadza la kplɔe ɖo le ƒe 1996 me. Gbetakpɔxɔ, January 15, 1996, axa 14 gblɔ le Sidzedze-gbalẽa ŋu be: “Woate ŋu asrɔ̃ axa 192-gbalẽ sia le ɣeyiɣi si le kpuie wu me, eye amesiwo ƒe ‘nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le eme be woaɖe adzɔgbe na Yehowa axɔ nyɔnyrɔ.”—Dɔw. 13:48.
5 July 1996, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi si fia “Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe,” na taɖodzinu sia mí be: “Le nusrɔ̃via ƒe nɔnɔme kple ŋutete nu la, ɖewohĩ anya wɔ be nàwu tawo dometɔ akpa gãtɔ nu le abe gaƒoƒo ɖeka ene ƒe nusɔsrɔ̃ me, eye manye be ɖe mieƒu du to eme o. Ne nusrɔ̃via kple nufiala la siaa wɔ ɖe woƒe ɖoɖo si wowɔ be yewoanɔ nua srɔ̃m kwasiɖa sia kwasiɖa dzi la, ana nusrɔ̃viawo nayi ŋgɔ kabakaba wu.” Nyatia yi edzi gblɔ be: “Enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be kaka ame aɖe nawu Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu la, eƒe didi be yeasubɔ Mawu anukwaretɔe kple eƒe todede adze.” October 1996, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka ɖe nu me be: “Míele mɔ kpɔm be le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, nufiala bibi ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi anukwaretɔ akpa gãtɔ ŋu be sidzedze geɖe nasu esi wòawɔ nyametsotso si me nunya le be yeasubɔ Yehowa.”
6 Sidzedze-Gbalẽa le Ku Tsem: Gbesigbe ɖetugbi aɖe nɔ nyɔnyrɔ xɔm la, egblɔ alesi wòse le eɖokui me le Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ ŋu. Enɔ Agbe Tegbee ƒe agbalẽa srɔ̃m hena ɣeyiɣi aɖe. Esi woɖe Sidzedze-gbalẽa ɖe go la, nɔvinyɔnu si nɔ nua srɔ̃m kplii trɔ nusɔsrɔ̃a yi agbalẽ yeyea me. Medidi o nusrɔ̃via kpɔe dze sii be esia abia be yeawɔ nyametsotso, eye eʋãe wòwɔ ŋgɔyiyi kabakaba tso ema dzi. Ðetugbia si va nye mía nɔvinyɔnu fifia la gblɔ be: “Agbe Tegbee gbalẽa kpe ɖe ŋunye be malɔ̃ Yehowa, gake Sidzedze-gbalẽa kpe ɖe ŋunye be mawɔ nyametsotso asubɔe.”
7 Bu alesi nyɔnu bubu srɔ̃ nyateƒea kabakabae ŋu kpɔ. Le zi evelia si wosrɔ̃ nu kplii megbe la, ede kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me le nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔɣi. Le eƒe nusɔsrɔ̃ zi etɔ̃lia me le kwasiɖa ma me la, egblɔ nɛ be yeɖe adzɔgbe na Yehowa, eye yedi be yeanye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Hamemegãwo dzro nu me kplii, eye woɖe mɔ nɛ be wòanye gbeƒãɖela, eye edze gbeadzi yiyi gɔme le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Eva ƒo eɖokui ɖe Biblia sɔsrɔ̃ me ale gbegbe be ebia mɔ le eƒe dɔwɔƒe be yeate ŋu asrɔ̃ nu zi eve alo zi etɔ̃ le kwasiɖa me, eye be yeate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe na gbeadzidede. Ɣeaɖewoɣi wote ŋu kpea ta eve alo etɔ̃ ɖo le anyinɔnɔ ɖeka me. Ewɔ tɔtrɔ geɖe le eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me kabakaba, hewu Sidzedze-gbalẽa nu le kwasiɖa ene me, eye wòyi ŋgɔ ɖo nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ!
8 Nɔvinyɔnu aɖe srɔ̃ŋutsu ƒo nu tso eɖokui ŋu be yee nye “srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔ akuakua.” Nɔviŋutsu aɖe gblɔ nɛ be yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii le Sidzedze-gbalẽa me gake le ɖoɖo sia nu be ŋutsua ate ŋu adzudzɔ ne yewosrɔ̃e zi ɖeka vɔ alo le ɣeyiɣi ɖesiaɖe megbe. Togbɔ be srɔ̃ŋutsua mete ŋu lé fɔ ɖe sukunusɔsrɔ̃ ŋu nyuie le eƒe ɖevime o eye ƒe 20 kple edzivɔe nye sia si megasrɔ̃ mawusubɔsubɔgbalẽ ƒomevi aɖeke kpɔ o hã la, elɔ̃ be yeatee akpɔ. Nukae wòkpɔ le Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ me? Egblɔ be: “Dzi dzɔm ale gbegbe esi mekpɔe be woŋlɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ sia wòle bɔbɔe alea. Wotrɔ asi le numeɖeɖea ŋu eme kɔ eye wòle tẽ ale gbegbe be medidi o menɔ mɔ kpɔm na nusrɔsrɔ̃ evelia vevie. Nye nufiala zɔ ɖe nusrɔ̃lawɔwɔ ŋuti mɔfiafia siwo Habɔbɔa na dzi aɖaŋutɔe, eye to Yehowa ƒe gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu me la, mexɔ nyɔnyrɔ le ɣleti ene megbe. Mate ŋu agblɔ le nyateƒe me be ne míetu lɔlɔ̃ ɖo na nusrɔ̃lawo wɔwɔ, míeyi edzi le dzianukwaretɔwo dim le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, míewɔ Sidzedze-gbalẽa kple Biblia-srɔ̃gbalẽ bubu siwo Habɔbɔa na mí ŋudɔ, eye vevietɔ míedo gbe ɖa be Yehowa nafia mɔ mí la, nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si le etɔxɛ ŋutɔ la ate ŋu asu mía si.” Le nyateƒe me la, nuteƒekpɔkpɔ siawo si ŋu míeƒo nu tsoe la le etɔxɛ. Míaƒe nusrɔ̃vi akpa gãtɔwo mexɔa nyateƒea afɔtsɔtsɔe alea o.
9 Nusrɔ̃viwo ƒe Ŋgɔyiyi le Vovovo: Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe Nya la fialawo kple esrɔ̃lawo siaa ƒe ŋutetewo ate ŋu ato vovo sãa. Tsitsi le gbɔgbɔ me ate ŋu atsɔ alo anɔ blewu. Ŋgɔyiyi si nusrɔ̃vi aɖewo atsɔ ɣleti ʋee aɖewo awɔ la ate ŋu anye ɣeyiɣi geɖe ƒe nuwɔna le ame bubuwo ya gome. Ame ƒe agbalẽnyanya, alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋui, kpakple alesi eƒe ɖokuitsɔtsɔna Yehowa de toe la nyea nusi kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe gbɔgbɔmetsitsi dzi. Menye amesiame si míesrɔ̃a nu kplii lae ‘xɔa nya la kple dzi faa’ asrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo gbesiagbe abe alesi Beroiatɔ siwo va zu xɔsetɔwo wɔe la ene o.—Dɔw. 17:11, 12.
10 Susu ma tae April 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi si ƒe tanyae nye “Biblia Nusɔsrɔ̃ Geɖe Wu Wɔwɔ—Ehiã Mí,” na mɔfiame nyui sia be: “Nyateƒee, menye Biblia-nusrɔ̃viwo katã ƒe ŋgɔyiyie sɔ o. Ðewo metsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu abe wo nɔviwo ene o alo woƒe susu mete ŋu léa nusi wole wo fiam kabakaba o. Vovo mele ɖewo ŋu kura o eye womate ŋu akpɔ ɣeyiɣi atsɔ awu ta ɖeka nu kwasiɖa sia kwasiɖa o. Eyata le ame aɖewo gome la, ahiã be wòasrɔ̃ nua wu zi ɖeka hafi awu ta aɖewo nu eye dzinu aɖewo nadze edzi hafi woawu agbalẽa nu.”
11 Nusrɔ̃lawɔlawo ƒe Nukpɔsusu Nada Asɔ: Ele vevie be míabu nusrɔ̃via ƒe nɔnɔmewo kple ŋutete ŋu hafi anya alesi nusɔsrɔ̃a nazɔe. Esi wode dzi ƒo na mí be míadze nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza ta la, axɔ tso ɣleti eve yi etɔ̃ hafi míakpee ɖo ayi edzi kple Sidzedze-gbalẽa. Ne míetsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo katã le July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me wɔ dɔe la, Sidzedze-gbalẽa nuwuwu ate ŋu axɔ ɣleti ade yi asieke bubu. Amesiwo dze nusɔsrɔ̃ gɔme teti koe nye ma le Sidzedze-gbalẽa me trɔ nusɔsrɔ̃a yi Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la me be woakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòasrɔ̃ Biblia me gɔmedzenyateƒenyawo kabakaba wu. Emegbe wogayi Sizedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ dzi. Ne Sidzedze-gbalẽa mee wodze nusɔsrɔ̃a gɔme le eye wòyi edzi nyuie la, aɖe vi ne wosrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la le agbalẽa nuwuwu vɔ megbe atsɔ adzro Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmedzenyateƒenyawo me kpuie. Le go evea siaa me la, mele be míatsi dzi ɖe agbalẽa nuwuwu kaba ŋu si ate ŋu ana nugɔmesese nyuie nato nusrɔ̃via ŋu o. Nusrɔ̃la ɖesiaɖe hiã Mawu ƒe Nya la me gɔmeɖoanyi like na xɔse yeye si su esi la.
12 Le afisi míeɖo na ɣeyiɣi si me míele ta la, ehiã kpata wu tsã be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu ne woasrɔ̃ nyateƒea. Tsɔ kpe ɖe gbedodoɖa edziedzi be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo wɔwɔ gɔme ŋu la, mina míado gbe ɖa ɖe amesiwo míele nu srɔ̃m kplii xoxo la ta. Ekema anye míaƒe dzidzɔ be míayi edzi anɔ nusrɔ̃la geɖewo nyrɔm “ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.”—Mat. 28:20.