INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/96 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkuléle Ðe Nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si Hiã Kpata ƒe Zɔɖeɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 10/96 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Ɣeyiɣi didi kae wòle be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ŋutɔŋutɔ kple ame le Sidzedze-gbalẽa me?

Yehowa le eƒe habɔbɔa yram egbea. Míekpɔa esia ƒe ɖaseɖiɖiwo ƒe sia ƒe ne ame yeyewo va xɔ nyateƒea. Sidzedze-gbalẽa va nye dɔwɔnu nyui aɖe le esia wɔwɔ me. January 15, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔe be wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me kabakaba wu, ɖewohĩ be woadze na nyɔnyrɔxɔxɔ le ɣleti ʋee aɖewo me.

Le susu sia ta la, Gbetakpɔxɔ ma ke ƒe axa 17 ɖo aɖaŋu be: “Ne ame aɖe wu eƒe Biblia sɔsrɔ̃ nu eye wòxɔ nyɔnyrɔ la, mahiã be woaɖoe koŋ agasrɔ̃ agbalẽ evelia . . . kplii o.”

Ke ame aɖe si mexɔ nyɔnyrɔ le Sidzedze-gbalẽa nuwuwu vɔ megbe o ɖe? July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 6 ƒe memamã 23 lia ɖo ŋku nya si wogblɔ le Gbetakpɔxɔa me dzi na mí be míagasrɔ̃ agbalẽ bubu kple nusrɔ̃vi ma ke le Sidzedze-gbalẽa nuwuwu vɔ megbe o. Ðe esia fia be míedi be míakpe ɖe Biblia-nusrɔ̃via ŋu be wòayi ŋgɔ ɖe edzi oa? Ao. Míedi be nyateƒea ŋuti sidzedze veviwo nasu amewo si. Gake míele mɔ kpɔm be le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, nufiala bibi ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi anukwaretɔ akpa gãtɔ ŋu be sidzedze geɖe nasu esi wòawɔ nyametsotso si me nunya le be yeasubɔ Yehowa. Ate ŋu anɔ eme be Biblia-nusrɔ̃vi aɖewo ƒe nɔnɔme aɖe mɔ be woadi be yewoasrɔ̃ nu wòawu zi ɖeka le kwasiɖa me gɔ̃ hã.

Enye nyateƒe be nusrɔ̃vi aɖewo mawɔ ŋgɔyiyi kabakaba abe bubuwo ene o. Gake ne le Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃, si ɖewohĩ adidi wu ɣeyiɣi si wòle be woatsɔ awu enui vɔ megbe, amea metso nya me be yeava wɔ ɖeka kple hamea o la, ele be gbeƒãɖela la nalé nya la kpɔ kple Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia ƒe hamemegã ɖeka. Asɔ be woana kpekpeɖeŋu bubu aɖewoe nenye be nɔnɔme siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o alo esiwo mebɔ o ŋue nya la ku ɖo. Esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖose si dze le nya si wogblɔ le January 15, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17 ƒe memamã 11 kple 12 lia me.

Ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒe veviwo nyanya ŋu gɔ̃ hã naʋã nusrɔ̃via be wòade Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Esia ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòaɖe dzesi aɖewo afia be yedi be yeasubɔ Yehowa. Ne gbɔgbɔ me ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ma medze le nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le Sidzedze-gbalẽa me le ɣeyiɣi didi aɖe vɔ megbe o la, anyo be woadzudzɔ nusɔsrɔ̃a wɔwɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe