INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/96 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ameƒomea Hiã Sidzedze Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ŋkuléle Ðe Nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si Hiã Kpata ƒe Zɔɖeɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 5/96 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Esi agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me le mía si fifia ta la, ɣeyiɣi didi kae wòle be míawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃?

Wogblɔ le September 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me be woayi edzi awɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔ yeyewo vaseɖe esime wosrɔ̃ agbalẽ eve awu wo nu hafi. Esi Sidzedze-gbalẽa le mía si fifia la, edze abe asɔ be míawɔ tɔtrɔ le mɔnuɖoɖo sia ŋu abe alesi woɖe eme le January 15, 1996, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 13 kple 14 ene.

Wotrɔ asi le Sidzedze-gbalẽa ŋu be wòakpe ɖe amesiwo ƒe ‘nɔnɔme dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la ŋu be woasrɔ̃ nusiwo wòhiã be woanya ale be woate ŋu aɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ̃. (Dɔw. 13:48) Eyata ne míewu agbalẽ sia sɔsrɔ̃ nu la mahiã be míagasrɔ̃ agbalẽ evelia kple nusrɔ̃vi ma ke o. Ne wò Biblia-nusrɔ̃via dze nyateƒea xɔxɔ gɔme ko la, àte ŋu anɔ dzi dem ƒo nɛ enuenu be wòana eƒe sidzedze nade to to Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede kpakple Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽ vovovowo xexlẽ me.

Akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ ne ènya nyabiase siwo le agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe axa 175 vaseɖe 218 me nyuie. Togbɔ be mahiã be nàyɔ nyabiase siawo alo ato wo me kple Biblia-nusrɔ̃via o hã la, anyo be nàte gbe ɖe Sidzedze-gbalẽa me nyati vevi siwo akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòate ŋu agblɔ Biblia me nyateƒeawo ƒe gɔmesese nyuitɔ afia ne hamemegãwo le nyabiabiawo me dzrom kple nyɔnyrɔ̃xɔlawo la dzi.

Mahiã be míatsɔ nya bubuwo akpe nyatakaka siwo le Sidzedze-gbalẽa me, atsɔ nya tso afi bubuwo alo numeɖeɖe bubuwo atsɔ aɖo kpe Biblia ƒe nufiafiawo dzi alo atsɔ agbe alakpanufiafiawoe o. Ðeko esia wɔwɔ ana nusɔsrɔ̃a nadidi ɖe edzi. Ke boŋ míekpɔ mɔ be woate ŋu awu agbalẽa nu kaba awu, ɖewohĩ le abe dzinu ade ene me. Esia fia alesi wòhiã be míasrɔ̃ nyatia nyuie do ŋgɔ ale be míate ŋu aɖe eme eme nakɔ eye wòanɔ kpuie. Ele be míade dzi ƒo na nusrɔ̃via hã be wòasrɔ̃e do ŋgɔ, axlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la, eye wòadze agbagba ase nusi fiam agbalẽa le le ta ɖesiaɖe me gɔme nyuie.

Gbetakpɔxɔa te gbe ɖe alesi wòhiã na Yehowa Ðasefowo be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ tseku geɖe wu le ɣeyiɣi kpui aɖe me la dzi. (Kpɔ Yesaya 60:22.) Sidzedze-gbalẽa ŋudɔwɔwɔ le mɔ si wɔa dɔ nu la akpe ɖe ame yeyewo ŋu be sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la nasu wo si eye woanɔ agbe ɖe enu.—Yoh. 17:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe